< Chronicles II 10 >

1 And Roboam came to Sychem: for all Israel came to Sychem to make him king.
Rehoboam yi Sekem elabena Israelviwo katã yi afi ma be woaɖoe fiae.
2 And it came to pass when Jeroboam the son of Nabat heard [it], (now he was in Egypt, forasmuch as he had fled there from the face of king Solomon, and Jeroboam lived in Egypt, ) that Jeroboam returned out of Egypt.
Esi Yeroboam, Nebat ƒe viŋutsu, se nya sia la, etrɔ gbɔ tso Egipte, afi si wòsi le Fia Solomo nu, yi ɖabe ɖo.
3 And they sent and called him: and Jeroboam and all the congregation came to Roboam, saying,
Ale woɖo du ɖe Yeroboam eye eya kple Israel katã yi Rehoboam gbɔ eye wogblɔ nɛ bena,
4 Your father made our yoke grievous: now then abate [somewhat] of your father's grievous rule, and of his heavy yoke which he put upon us, and we will serve you.
“Fofowò da kɔkuti kpekpe aɖe ɖe mía dzi. Ke azɔ la, wò la, ɖe dɔ sesẽ wɔwɔ kple kɔkuti kpekpe si wòda ɖe mía dzi la dzi na mí ekema míasubɔ wò.”
5 And he said to them, Go away for three days, and [then] come to me. So the people departed.
Rehoboam ɖo eŋu na wo be, “Miyi miatrɔ agbɔ le ŋkeke etɔ̃ megbe.” Ale ameawo dzo.
6 And king Roboam assembled the elders that stood before his father Solomon in his life-time, saying, How do you counsel [me] to return an answer to this people?
Tete Fia Rehoboam de aɖaŋu kple ametsitsi siwo nɔ fofoa Solomo ŋu le eƒe agbemeŋkekewo me. Ebia wo be, “Ŋuɖoɖo kae miesusu be mana ame siawo?”
7 And they spoke to him, saying, If you would this day befriend this people, and be kind to them, and speak to them good words, then will they be your servants for ever.
Woɖo eŋu nɛ be, “Ne ànyo dɔme na ame siawo, awɔ nu siwo wodi eye nàna ŋuɖoɖo nyui aɖewo la, woanye wò dɔlawo tegbee.”
8 But he forsook the advice of the old men, who took counsel with him, and he took counsel with the young men who had been brought up with him, who stood before him.
Ke Rehoboam gbe mexɔ aɖaŋu si dumemetsitsiawo ɖo nɛ la o ke boŋ eyi ɖade aɖaŋu kple ehati siwo nɔ esubɔm.
9 And he said to them, What do you advise that I should answer this people, who spoke to me, saying, Ease [somewhat] of the yoke which your father laid upon us?
Ebia wo be, “Nu ka miesusu? Aleke míagblɔ na ame siawo esi wova biam be, ‘Ɖe kɔkuti si fofowò tsɔ da ɖe mía dzi la dzi kpɔtɔ na mí’ mahã?”
10 And the young men that had been brought up with him spoke to him, saying, Thus shall you speak to the people that spoke to you, saying, Your father made our yoke heavy, and do you lighten [somewhat of it] from us; thus shall you say, My little finger [shall be] thicker than my father's loins.
Ɖekakpuiawo, ame siwo nye ehatiwo la gblɔ nɛ be, “Gblɔ na ame siwo, gblɔ na wò be, ‘Fofowò da kɔkuti kpekpe aɖe ɖe mía dzi eya ta wɔ wò kɔkuti la wodzoe’ la be, ‘Nye asibidɛ kɔtoetɔ lolo wu fofonye ƒe alime.
11 And whereas my father chastised you with a heavy yoke, I will also add to your yoke: my father chastised you with whips, and I will chastise you with scorpions.
Fofonye tsɔ kɔkuti kpekpe ɖo mia dzi. Nye ya mawɔe wòagakpe ɖe edzi. Fofonye ƒo mi kple ameƒoti, ke nye ya maƒo mi kple ahɔ̃.’”
12 And Jeroboam and all the people came to Roboam on the third day, as the king had spoken, saying, Return to me on the third day.
Le ŋkeke etɔ̃ megbe la, Yeroboam kple ameawo katã trɔ va Rehoboam gbɔ abe ale si fia la gblɔ ene be, “Mitrɔ gbɔ va gbɔnye le ŋkeke etɔ̃ megbe la ene.”
13 And the king answered harshly; and king Roboam forsook the counsel of the old men,
Fia la ɖo nya la ŋu na wo kple adã eye mewɔ ɖe ametsitsiawo ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi o.
14 and spoke to them according to the counsel of the young men, saying, My father made your yoke heavy, but I will add to it: my father chastised you with whips, but I will chastise you with scorpions.
Ewɔ ɖe ɖekakpuiawo ƒe aɖaŋuɖoɖo boŋ dzi eye wògblɔ be, “Fofonye na miaƒe kɔkuti kpe; nye ya mana kɔkuti la nagakpe wu. Fofonye ƒo mi kple ameƒoti; nye ya maƒo mi kple ahɔ̃.”
15 And the king listened not to the people, for there was a change [of their minds] from God, saying, The Lord has confirmed his word, which he spoke by the hand of Achia the Selonite concerning Jeroboam the son of Nabat, and [concerning] all Israel;
Ale fia la meɖo to ameawo o elabena nuwo ƒe yiyi me alea tso Yehowa gbɔ be, woawu nya si Yehowa gblɔ ɖi ɖe Yeroboam, Nebat ƒe vi, ŋuti to Silonitɔ, Ahiya dzi la nu.
16 for the king did not listen to them. And the people answered the king, saying, What portion have we in David, or inheritance in the son of Jessae? to your tents, O Israel: now see to your own house, David. So all Israel went to their tents.
Esi Israel katã kpɔ be fia la gbe toɖoɖo wo la, woɖo eŋu na fia la be, “Gomekpɔkpɔ kae le mía si le David me eye domenyinu kae míaxɔ tso Yese vi la gbɔ? Oo Israel, miyi miaƒe agbadɔwo me! Oo David, kpɔ wò ŋutɔ wò aƒe gbɔ!” Ale Israelviwo katã dzo yi aƒe me.
17 But the men of Israel, even those who lived in the cities of Juda, [remained] and made Roboam king over them.
Ke hena Israelvi siwo nɔ Yuda ƒe duwo me la, Rehoboam gaɖu fia ɖe wo dzi ko.
18 And king Roboam sent to them Adoniram that was over the tribute; and the children of Israel stoned him with stones, and he died. And king Roboam hasted to mount [his] chariot, to flee to Jerusalem.
Fia Rehoboam dɔ Adoniram, ame si kpɔa dzizizidɔwo ƒe nyawo gbɔ la ɖe Israel gake Israelviwo ƒu kpee wòku. Ke hã la Fia Rehoboam dze agbagba ge ɖe eƒe tasiaɖam me eye wòsi yi Yerusalem.
19 So Israel rebelled against the house of David until this day.
Ale Israel dze aglã ɖe David ƒe aƒe la ŋu va se ɖe egbe.

< Chronicles II 10 >