< Job 13 >

1 Lo, mine eye hath seen all [this], mine ear hath heard and understood it.
“Nye ŋkuwo kpɔ nu siawo katã, nye towo se wo eye wose wo gɔme.
2 What ye know, [the same] do I know also: I [am] not inferior unto you.
Nu si nènya la, nye hã menyae, mède ŋgɔ wum o.
3 Surely I would speak to the Almighty, and I desire to reason with God.
Gake medi vevie be maƒo nu kple Ŋusẽkatãtɔ la eye mahe nya kple Mawu.
4 But ye [are] forgers of lies, ye [are] all physicians of no value.
Ke miawo la, miele ŋunye gblẽm kple aʋatsonyawo, mi katã mienye gbedala siwo ŋu viɖe aɖeke mele o!
5 O that ye would altogether hold your peace! and it should be your wisdom.
Ne mi katã miahaɖo to ɖe! Le mia gbɔ la, esia anye nunya.
6 Hear now my reasoning, and hearken to the pleadings of my lips.
Mise ɖokuinyenuɖeɖe azɔ, mise nye nuyiwo ƒe kokoƒoƒo.
7 Will ye speak wickedly for God? and talk deceitfully for him?
Ɖe miaƒo nu baɖa ɖe Mawu nua? Ɖe miaƒo nu bebletɔe ɖe enua?
8 Will ye accept his person? will ye contend for God?
Ɖe miebe yewoade edzia? Ɖe miebe yewoaxɔ nya ɖe Mawu nua?
9 Is it good that he should search you out? or as one man mocketh another, do ye [so] mock him?
Anyo na mi ne edo mi kpɔa? Miate ŋu ablee abe ale si miable amewo enea?
10 He will surely reprove you, if ye do secretly accept persons.
Le nyateƒe me, aka mo na mi, ne miede edzi le adzame.
11 Shall not his excellency make you afraid? and his dread fall upon you?
Ɖe eƒe ŋutikɔkɔe mado ŋɔdzi na mi oa? Ɖe eƒe ŋɔdzi malé mi oa?
12 Your remembrances [are] like unto ashes, your bodies to bodies of clay.
Miaƒe nya tsitsiwo nye lododo gbɔlowo eye dedinɔnɔ ƒe gli siwo mieɖo la nye anyigliwo ko.
13 Hold your peace, let me alone, that I may speak, and let come on me what [will].
“Mizi ɖoɖoe ne miana mɔm maƒo nu, ekema nu si be yeadzɔ ɖe dzinye la nedzɔ.
14 Wherefore do I take my flesh in my teeth, and put my life in mine hand?
Nu ka ŋuti metsɔ ɖokuinye de xaxa me eye metsɔ nye agbe ɖo nye asiƒome?
15 Though he slay me, yet will I trust in him: but I will maintain mine own ways before him.
Togbɔ be ele wu ye ge hã la, matsɔ nye mɔkpɔkpɔ ada ɖe eya amea dzi ko. Le nyateƒe me maʋu go nye mɔwo ɖe ŋkume nɛ.
16 He also [shall be] my salvation: for an hypocrite shall not come before him.
Vavã esia ava zu ɖeɖe nam elabena mawumavɔ̃la aɖeke mate kpɔ be yeado ɖe eŋkume o!
17 Hear diligently my speech, and my declaration with your ears.
Miɖo to miase nye nyawo nyuie, miƒu to anyi miase nu si gblɔ ge mele.
18 Behold now, I have ordered [my] cause; I know that I shall be justified.
Azɔ meɖo nye nyawo ɖe ɖoɖo nu vɔ, menya be tɔnye adzɔ godoo.
19 Who [is] he [that] will plead with me? for now, if I hold my tongue, I shall give up the ghost.
Ɖe ame aɖe ate ŋu atsɔ nya ɖe ŋunyea? Ne ame aɖe ate ŋui la, ekema mazi ɖoɖoe aku.
20 Only do not two [things] unto me: then will I not hide myself from thee.
“O Mawu, nu eve siawo ko medi be nàwɔ nam, eye nyemaɣla ɖokuinye ɖe wò o.
21 Withdraw thine hand far from me: and let not thy dread make me afraid.
Te wò asi ɖa xaa tso gbɔnye eye nàdzudzɔ vɔvɔ̃dodo nam kple wò ŋɔdzinuwo.
22 Then call thou, and I will answer: or let me speak, and answer thou me.
Ekema yɔm eye matɔ alo maƒo nu eye nàɖo eŋu.
23 How many [are] mine iniquities and sins? make me to know my transgression and my sin.
Nu vɔ̃ kple nu gbegblẽ nenie mewɔ? Ɖe nye vodada kple nu vɔ̃ fiam.
24 Wherefore hidest thou thy face, and holdest me for thine enemy?
Nu ka tae nèɣla wò mo eye nèbum wò futɔe?
25 Wilt thou break a leaf driven to and fro? and wilt thou pursue the dry stubble?
Ɖe nàwɔ funyafunya aŋgba si ya lɔ ɖe nua? Ɖe nàti atsa yomea?
26 For thou writest bitter things against me, and makest me to possess the iniquities of my youth.
Elabena èŋlɔ nu vɔ̃ɖiwo ɖi ɖe ŋunye eye nèna nye ɖekakpuimenu vɔ̃wo va dzinye.
27 Thou puttest my feet also in the stocks, and lookest narrowly unto all my paths; thou settest a print upon the heels of my feet.
Ède gakɔsɔkɔsɔ nye afɔwo, wò ŋkuwo le nye toƒewo katã ŋu eye nède dzesi nye afɔƒome.
28 And he, as a rotten thing, consumeth, as a garment that is moth eaten.
“Ale mevɔ le eme abe nu si ƒaƒã alo avɔ si gbagblaʋui ɖu la ene.”

< Job 13 >