< Matthew 23 >

1 Then spoke Jesus to the multitude, and to his disciples,
Tete Yesu gblɔ na ameha la kple eƒe nusrɔ̃lawo be,
2 Saying The scribes and the Pharisees sit in Moses' seat:
“Sefialawo kple Farisitɔwo nɔ Mose ƒe zi dzi,
3 All therefore whatsoever they bid you observe, that observe and do; but do not all of you after their works: for they say, and do not.
eya ta miɖo to wo, eye miawɔ nu sia nu si wogblɔ na mi la, gake migawɔ nu si wowɔna la o, elabena woawo ŋutɔ mewɔna ɖe nu siwo fiam wole la dzi o.
4 For they bind heavy burdens and grievous to be borne, and lay them on men's shoulders; but they themselves will not move them with one of their fingers.
Woblaa agba kpekpewo tsɔna ɖoa amewo ƒe abɔta, gake woawo ŋutɔ mele klalo be yewoatsɔ yewoƒe asibidɛ akpe ɖe ameawo ŋu gɔ̃ hã o.
5 But all their works they do in order to be seen of men: they make broad their phylacteries, and enlarge the borders of their garments,
“Nu sia nu si wowɔna la, ɖe wowɔnɛ ko be yewoadze abe ame nyuiwo ene le gota. Woƒe mawunya kpukpui, ŋkuɖodzinu siwo wosana ɖe ŋgonu kple abɔ la kekena wua ame sia ame tɔ, eye wowɔa woƒe awutogbowo wololona be amewo nakpɔ be yewonye ame kɔkɔewo.
6 And love the uppermost rooms at feasts, and the chief seats in the synagogues,
Wolɔ̃a kplɔ̃tanɔnɔ le nuɖuƒewo, eye wolɔ̃a ŋgɔgbezikpuiwo dzi nɔnɔ le woƒe ƒuƒoƒewo.
7 And greetings in the markets, and to be called of men, Rabbi, Rabbi.
Ne wole ablɔ dzi yina, eye amewo le ŋkɔ dam ɖe wo dzi be, ‘Nufiala’ kple ‘Aƒetɔ’ la, evivia wo nu ŋutɔ.
8 But be not all of you called Rabbi: for one is your Master, even Christ; and all you are brethren.
“Migana woayɔ mi be ‘Rabi’ o, elabena ame ɖeka koe nye miaƒe Nufiala, eye mi katã la nɔviwo mienye.
9 And call no man your father upon the earth: for one is your Father, which is in heaven.
Migayɔ ame aɖeke le anyigba dzi afi sia be ‘fofo’ o, elabena ‘Fofo’ ɖeka koe le mia si, eyae le dziƒo.
10 Neither be all of you called masters: for one is your Master, even Christ.
Migana hã be woayɔ mi be kplɔlawo o, elabena Kplɔla ɖeka koe li na mi, eyae nye Kristo la.
11 But he that is greatest among you shall be your servant.
Ke ame si nye amegã le mia dome la, netsɔ eɖokui wɔ subɔlae boŋ.
12 And whosoever shall exalt himself shall be brought low; and he that shall humble himself shall be exalted.
Ame siwo doa wo ɖokuiwo ɖe dzi la, woaɖiɖi wo ɖe anyi. Ke ame siwo bɔbɔa wo ɖokuiwo ɖe anyi la, woado wo ɖe dzi.
13 But woe unto you, scribes and Pharisees, hypocrites! for all of you shut up the kingdom of heaven against men: for all of you neither go in yourselves, neither suffer all of you them that are entering to go in.
“Baba na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo, mi alakpanuwɔlawo! Mietu dziƒofiaɖuƒe la ƒe agbo ɖe amewo nu. Miawo ŋutɔ miele eme yi ge o, eya ta mieɖe mɔ be ame siwo le agbagba dzem be yewoage ɖe eme la hã nayi eme o. [
14 Woe unto you, scribes and Pharisees, hypocrites! for all of you devour widows' houses, and for a pretence make long prayer: therefore all of you shall receive the greater damnation.
“Baba na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo, mi alakpanuwɔlawo! Miekpɔ mɔ le ahosiwo ŋu hexɔa woƒe aƒewo le wo si sesẽtɔe, eye emegbe la, miedoa gbe didiwo ɖa! Esia ta miaƒe tohehe asesẽ wu ame bubuawo tɔ!]
15 Woe unto you, scribes and Pharisees, hypocrites! for all of you compass sea and land to make one proselyte, and when he is made, all of you make him twofold more the child of hell than yourselves. (Geenna g1067)
“Baba na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo, mi alakpanuwɔlawo! Mietsana le anyigba dzi kple atsiaƒuwo dzi, ɛ̃, afi sia afi ko be miawɔ ame ɖeka wòazu Yudatɔ le xɔse me, eye ne ezui la, miewɔnɛ wòzua dzomavɔmevi zi gbɔ zi eve wu miawo ŋutɔ. (Geenna g1067)
16 Woe unto you, all of you blind guides, which say, Whosoever shall swear by the temple, it is nothing; but whosoever shall swear by the gold of the temple, he is a debtor!
“Baba na mi, mi kplɔla ŋkuagbãtɔwo! Miegblɔna be, ‘Ne ame aɖe yɔ gbedoxɔ ta nui la, medze vɔ̃ o, gake ne eyɔ sika si le gbedoxɔ me ta nui la, atam la blae’
17 All of you fools and blind: for whether is greater, the gold, or the temple that santifies the gold?
Mi bometsila ŋkuagbãtɔwo! Kae lolo wu, sika la alo gbedoxɔ si wɔ sika la gɔ̃ hã be wòle dzadzɛea?
18 And, Whosoever shall swear by the altar, it is nothing; but whosoever swears by the gift that is upon it, he is guilty.
Miawo kee gblɔ be, ‘Ame si ta vɔsamlekpui la la, ate ŋu ada le atam si wòka la dzi faa, gake ne ame aɖe ta nunana si le vɔsamlekpui la dzi la, edze agɔ vevie nenye be wòda le ŋugbe si wòdo la dzi.’
19 All of you fools and blind: for whether is greater, the gift, or the altar that santifies the gift?
Mi ŋkuagbãtɔwo! Kae le vevie wu, nunana si le vɔsamlekpui la dzi loo alo vɔsamlekpui la ŋutɔ si nana be nunana ŋuti kɔnaa?
20 Whoso therefore shall swear by the altar, swears by it, and by all things thereon.
Nenye be mieta vɔsamlekpui la la, ekema mietae kple nu siwo katã le edzi,
21 And whoso shall swear by the temple, swears by it, and by him that dwells therein.
eye ne mieta gbedoxɔ la, ekema mietae kple Mawu, ame si nɔa eme la.
22 And he that shall swear by heaven, swears by the throne of God, and by him that sits thereon.
Nenye be mieta dziƒo la, minyae be mieta Mawu ƒe fiazikpui kple Mawu, ame si nɔa edzi la.
23 Woe unto you, scribes and Pharisees, hypocrites! for all of you pay tithe of mint and anise and cummin, and have omitted the weightier matters of the law, judgment, mercy, and faith: these ought all of you to have done, and not to leave the other undone.
“Baba na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo, mi alakpanuwɔlawo! Mienaa ahamɛ, sikɔni kple tsyo ƒe ewoliawo gɔ̃ hã, gake miegblẽ se la ƒe nu vevitɔ siwo nye afia nyui tsotso, nublanuikpɔkpɔ kple nuteƒewɔwɔ la ɖi. Ele be miawɔ ɖe esiawo hã dzi, eye mele be miagbe ekemɛawo hã o.
24 All of you blind guides, which strain out a gnat, and swallow a camel.
Mi kplɔla ŋkuagbãtɔwo! Mieɖea nudzodzoe suetɔ kekeake le miaƒe nunonowo me ƒua gbe, gake miemia miaƒe kposɔ ya.
25 Woe unto you, scribes and Pharisees, hypocrites! for all of you make clean the outside of the cup and of the platter, but within they are full of extortion and excess.
“Baba na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo, mi alakpatɔwo! Mieklɔa kplu kple nuɖugba ŋuti, gake wo me yɔ fũu kple ŋukeklẽ kple ɖokuitɔdidi.
26 You blind Pharisee, cleanse first that which is within the cup and platter, that the outside of them may be clean also.
Farisitɔ ŋkuagbãtɔwo! Miklɔ kplu la kple nuɖugba la me gbã, ekema wo godo hã aɖi nyuie.
27 Woe unto you, scribes and Pharisees, hypocrites! for all of you are like unto whitewashed sepulchers, which indeed appear beautiful outward, but are within full of dead men's bones, and of all uncleanness.
“Baba na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo, mi alakpanuwɔlawo! Ɖeko miele abe yɔdokpe siwo wosi akalo na la ene, esiwo dzena le gota nyuie, ke wo me yɔ fũu kple ame kukuwo ƒe ƒuwo kple nu makɔmakɔ bubuwo.
28 Even so all of you also outwardly appear righteous unto men, but within all of you are full of hypocrisy and iniquity.
Miawo hã, nenema kee miedze le gota le amewo gbɔ abe ame dzɔdzɔewo ene, gake mia me yɔ fũu kple alakpanuwɔwɔ kple vɔ̃ɖivɔ̃ɖi.
29 Woe unto you, scribes and Pharisees, hypocrites! because all of you build the tombs of the prophets, and garnish the sepulchers of the righteous,
“Baba na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo, mi alakpanuwɔlawo! Miewɔ ŋkuɖodzikpe na nyagblɔɖilawo, eye mieɖo atsyɔ̃ na ame dzɔdzɔewo ƒe yɔdowo,
30 And say, If we had been in the days of our fathers, we would not have been partakers with them in the blood of the prophets.
eye miegblɔ be, ‘Ne ɖe míenɔ agbe le mía fofowo ŋɔli la, míawɔ ɖeka kpli wo le nyagblɔɖilawo ƒe ʋukɔkɔɖi me o’
31 Wherefore all of you be witnesses unto yourselves, that all of you are the children of them which killed the prophets.
Ale mieɖi ɖase le miawo ŋutɔ ɖokui ŋu be, mienye ame siwo wu nyagblɔɖilawo ƒe dzidzimeviwo.
32 Fill all of you up then the measure of your fathers.
Enyo ŋutɔ, azɔ miwu nu vɔ̃ dɔ si gɔme mia fofowo dze la nu.
33 All of you serpents, all of you generation of vipers, how can all of you escape the damnation of hell? (Geenna g1067)
“Mi dawo! Dawo ƒe dzidzimeviwo! Aleke miawɔ asi le dzomavɔʋe ƒe fɔbubu nu? (Geenna g1067)
34 Wherefore, behold, I send unto you prophets, and wise men, and scribes: and some of them all of you shall kill and crucify; and some of them shall all of you scourge in your synagogues, and persecute them from city to city:
Eya ta mele nyagblɔɖilawo, nunyalawo kple nufiala siwo me Gbɔgbɔ la yɔ fũu la hã ɖom ɖe mi, ke miawo la, miawu wo dometɔ aɖewo alo aklã wo ɖe atitsoga ŋu, miaƒo ɖewo le miaƒe ƒuƒoƒewo, eye miati geɖewo hã ƒe agbe yome tso afii yi afi mɛ.
35 That upon you may come all the righteous blood shed upon the earth, from the blood of righteous Abel unto the blood of Zacharias son of Barachias, whom all of you slew between the temple and the altar.
Ne miewɔ esiawo la, ekema ame kɔkɔe siwo wowu le anyigba dzi tso keke Abel dzi va se ɖe Zekaria, Barakia ƒe vi si miewu le vɔsamlekpui kple kɔkɔeƒe la dome le gbedoxɔa me la, ƒe ʋu ava mia dzi.
36 Verily I say unto you, All these things shall come upon this generation.
Vavã, mele egblɔm na mi be, tohehe siwo katã wodzra ɖo ɖi tso ɣe ma ɣi ke va se ɖe fifia la ava dzidzime sia dzi.
37 O Jerusalem, Jerusalem, you that kill the prophets, and stone them which are sent unto you, how often would I have gathered your children together, even as a hen gathers her chickens under her wings, and all of you would not!
“O! Yerusalem, Yerusalem, wò du si me tɔwo wu nyagblɔɖilawo, eye woƒu kpe ame siwo Mawu ɖo ɖe wò. Medi zi geɖe be maƒo viwòwo nu ƒu abe ale si koklo ƒoa viawo nu ƒui ɖe eƒe aʋalawo te ene, gake wogbe, womena mɔm o.
38 Behold, your house is left unto you desolate.
Fifia miaƒe aƒee ma zu aƒedo.
39 For I say unto you, All of you shall not see me henceforth, till all of you shall say, Blessed is he that comes in the name of the Lord.
Ke mele egblɔm na mi be, miegale kpɔ nye ge o va se ɖe esime miagblɔ be, ‘Woayra ame si gbɔna le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me.’”

< Matthew 23 >