< Exodus 25 >

1 And YHWH spake unto Moses, saying,
Yehowa gblɔ na Mose be,
2 Speak unto the children of Israel, that they bring me an offering: of every man that giveth it willingly with his heart ye shall take my offering.
“Gblɔ na Israelviwo be ame sia ame si alɔ̃ la, natsɔ nunana siawo dometɔ aɖewo vɛ nam.
3 And this is the offering which ye shall take of them; gold, and silver, and brass,
“Sika, klosalo, akɔbli,
4 And blue, and purple, and scarlet, and fine linen, and goats' hair,
avɔ si nye blɔtɔ, avɔ dzĩ, aklala, gbɔ̃fuwo,
5 And rams' skins dyed red, and badgers' skins, and shittim wood,
agbogbalẽ si wode ama dzĩ, gbɔ̃gbalẽ, akasiati,
6 Oil for the light, spices for anointing oil, and for sweet incense,
ami na akaɖiwo, amiʋeʋĩ hena amisisi kple numeme ʋeʋĩ,
7 Onyx stones, and stones to be set in the ephod, and in the breastplate.
onikskpe siwo woatsɔ aɖo kɔmewu kple akɔtaɖonu ŋu,
8 And let them make me a sanctuary; that I may dwell among them.
elabena medi be Israelviwo natu nɔƒe kɔkɔe aɖe nam, afi si manɔ le wo dome.
9 According to all that I shew thee, after the pattern of the tabernacle, and the pattern of all the instruments thereof, even so shall ye make it.
“Nye nɔƒe sia anye agbadɔ. Mafia ale si nàtui kple nu siwo nàtsɔ aɖo atsyɔ̃ nɛ la wò.
10 And they shall make an ark of shittim wood: two cubits and a half shall be the length thereof, and a cubit and a half the breadth thereof, and a cubit and a half the height thereof.
“Tsɔ akasiati nàkpa aɖaka wòadidi sentimita alafa ɖeka kple ewo, wòakeke sentimita blaade-vɔ-ade, eye wòakɔ sentimita blaade-vɔ-ade.
11 And thou shalt overlay it with pure gold, within and without shalt thou overlay it, and shalt make upon it a crown of gold round about.
Fa sika nyuitɔ ɖe eme kple egodo siaa, eye nàtsɔ sika nyuitɔ ke amli ɖe aɖaka la togawo kpe ɖo.
12 And thou shalt cast four rings of gold for it, and put them in the four corners thereof; and two rings shall be in the one side of it, and two rings in the other side of it.
Wɔ sikagagɔdɔ̃e ene siwo anɔ abe asigɛ ene, eye nàklã wo ɖe dzogoe ene siwo le ete la ŋu; sikagagɔ̃dɔ̃e eve nanɔ aɖaka la ƒe axa ɖe sia ɖe.
13 And thou shalt make staves of shittim wood, and overlay them with gold.
Tsɔ akasiati kpa kpo didiwo, eye nàfa sika nyuitɔ ɖe wo ŋu.
14 And thou shalt put the staves into the rings by the sides of the ark, that the ark may be borne with them.
Tsɔ wo ƒo ɖe asigɛ eve siwo le aɖaka la ƒe axa ɖeka dzi la me hena aɖaka la tsɔtsɔ.
15 The staves shall be in the rings of the ark: they shall not be taken from it.
Womaɖe ati siawo le sikasigɛawo me o, ke boŋ woanɔ wo me ɖaa.
16 And thou shalt put into the ark the testimony which I shall give thee.
Ekema nàtsɔ nubabla si matsɔ na wò la ade aɖaka la me.
17 And thou shalt make a mercy seat of pure gold: two cubits and a half shall be the length thereof, and a cubit and a half the breadth thereof.
Tsɔ sika nyuitɔ wɔ nublanuikpɔkpɔzikpui si adidi sentimita alafa ɖeka kple ewo, eye wòakeke sentimita blaadre-vɔ-ade.
18 And thou shalt make two cherubims of gold, of beaten work shalt thou make them, in the two ends of the mercy seat.
Tsɔ sika wɔ kerubi eve, eye nàklã wo ɖe nutunu la ƒe didime ƒe nuwo.
19 And make one cherub on the one end, and the other cherub on the other end: even of the mercy seat shall ye make the cherubims on the two ends thereof.
Wɔ kerubi ɖeka kple amenuvevezikpui la, eye ɖeka anɔ nutunu la ƒe didime ƒe nu ɖeka.
20 And the cherubims shall stretch forth their wings on high, covering the mercy seat with their wings, and their faces shall look one to another; toward the mercy seat shall the faces of the cherubims be.
Kerubiawo adze ŋgɔ wo nɔewo, eye woanɔ amenuvevezikpui la gbɔ kpɔm. Woakeke woƒe aʋalãwo ɖe sikanutunu la dzi.
21 And thou shalt put the mercy seat above upon the ark; and in the ark thou shalt put the testimony that I shall give thee.
Tsɔ nutunu la tu aɖaka la nu, eye nàtsɔ kpe siwo dzi woŋlɔ seawo ɖo siwo matsɔ na wò la de aɖaka la me.
22 And there I will meet with thee, and I will commune with thee from above the mercy seat, from between the two cherubims which are upon the ark of the testimony, of all things which I will give thee in commandment unto the children of Israel.
Mado go wò le afi ma, aƒo nu kpli wò le amenuvevezikpui la tame, le kerubi eve siwo le nubablaɖaka tame la dome, eye matsɔ nubablakpe siwo dzi meŋlɔ nye sededewo na Israelviwo ɖo la na wò.
23 Thou shalt also make a table of shittim wood: two cubits shall be the length thereof, and a cubit the breadth thereof, and a cubit and a half the height thereof.
“Emegbe la, nàtsɔ akasiati akpa kplɔ̃ wòadidi sentimita blaenyi-vɔ-enyi, akeke sentimita blaene-vɔ-ene, eye wòakɔ sentimita blaade-vɔ-ade.
24 And thou shalt overlay it with pure gold, and make thereto a crown of gold round about.
Fa sika nyuitɔ ɖe edzi, eye nàfa sika ɖe eto.
25 And thou shalt make unto it a border of an hand breadth round about, and thou shalt make a golden crown to the border thereof round about.
Tsɔ akasiati si keke milimita blaadre-vɔ-atɔ̃ la ɖo kplɔ̃ la to kpe ɖo, eye nàtsɔ sika afa ɖe akasiati la to.
26 And thou shalt make for it four rings of gold, and put the rings in the four corners that are on the four feet thereof.
Wɔ sikasigɛ ene na kplɔ̃ la, eye nàklã wo ɖe kplɔ̃ la ƒe axa eneawo dzi, woate ɖe afɔti eneawo ŋu.
27 Over against the border shall the rings be for places of the staves to bear the table.
Asigɛawo nate ɖe kplɔ̃ la ƒe to lɔƒo be woatsɔ atiwo ade asigɛawo me hena kplɔ̃ la kɔkɔ.
28 And thou shalt make the staves of shittim wood, and overlay them with gold, that the table may be borne with them.
Tsɔ akasiati wɔ kplɔ̃kɔtiawo, eye nàfa sika ɖe wo ŋu.
29 And thou shalt make the dishes thereof, and spoons thereof, and covers thereof, and bowls thereof, to cover withal: of pure gold shalt thou make them.
Wɔ sikagbawo, sikagatsiwo, nutɔgbawo, goewo kple trewo, nu siwo ŋu dɔ wowɔna le kplɔ̃a dzi,
30 And thou shalt set upon the table shewbread before me alway.
eye nàtsɔ Ŋkumeɖobolo tɔxɛ ada ɖe kplɔ̃ la dzi le nye ŋkume ɣe sia ɣi.
31 And thou shalt make a candlestick of pure gold: of beaten work shall the candlestick be made: his shaft, and his branches, his bowls, his knops, and his flowers, shall be of the same.
“Tsɔ sika nyuitɔ wɔ akaɖiti lae. Na akaɖiti blibo la nanye nu ɖeka; ele be woatu akaɖiti la ƒe afɔwo, eƒe titinati diditɔ, akaɖiawo kple seƒoƒoawo nanye nu blibo ɖeka.
32 And six branches shall come out of the sides of it; three branches of the candlestick out of the one side, and three branches of the candlestick out of the other side:
“Alɔ ade nanɔ akaɖiti la ƒe axawo dzi, etɔ̃ nanɔ akaɖiti la ƒe axawo kple eve dzi.
33 Three bowls made like unto almonds, with a knop and a flower in one branch; and three bowls made like almonds in the other branch, with a knop and a flower: so in the six branches that come out of the candlestick.
Kplu etɔ̃ siwo wowɔ abe yevuzi ƒe seƒoƒo siwo do, eye woke ene la nanɔ alɔdze ɖeka ŋu, etɔ̃ nanɔ alɔdze bubu ŋu. Nenema ke wòanɔ na alɔdze adeawo siwo katã le akaɖiti la kɔgo ŋu.
34 And in the candlestick shall be four bowls made like unto almonds, with their knops and their flowers.
Kplu ene siwo wowɔ abe yevuzi ƒe seƒoƒo si do, eye wòke ene la nanɔ akaɖiti la dzi.
35 And there shall be a knop under two branches of the same, and a knop under two branches of the same, and a knop under two branches of the same, according to the six branches that proceed out of the candlestick.
Seƒoƒo ɖeka kple eƒe tamekuku nanɔ alɔdze eve ƒe kpeƒe; ɖeka nanɔ alɔdze eve siwo kplɔ gbãtɔ ɖo la ƒe kpeƒe, eye ɖeka hã nanɔ etɔ̃lia ƒe kpeƒe, ale be alɔdzeawo nanye ade.
36 Their knops and their branches shall be of the same: all it shall be one beaten work of pure gold.
Ele be woawɔ atsyɔ̃ɖonuawo kple alɔdzeawo kple titinati didi la siaa kple sika nyuitɔ woanye nu blibo ɖeka.
37 And thou shalt make the seven lamps thereof: and they shall light the lamps thereof, that they may give light over against it.
Le esia megbe la, wɔ akaɖi adre na akaɖiti la, eye nàna woaklẽ ɖe ŋgɔ.
38 And the tongs thereof, and the snuffdishes thereof, shall be of pure gold.
Tsɔ sika nyuitɔ wɔ ɖovulãnuwo, eye nàtsɔ eya ke awɔ agba vi siwo me woada wo ɖo la.
39 Of a talent of pure gold shall he make it, with all these vessels.
Sika nyuitɔ si ŋu dɔ woawɔ na akaɖiti la kple eŋunuwo la ƒe kpekpeme nade kilogram blaetɔ̃ vɔ atɔ̃.
40 And look that thou make them after their pattern, which was shewed thee in the mount.
“Kpɔ egbɔ be nu sia nu sɔ ɖe nu si mele fiawòm le toa dzi la dzi tututu.”

< Exodus 25 >