< 1 Kings 15 >

1 Now in the eighteenth year of king Jeroboam the son of Nebat began Abijam to reign over Judah.
Le Yeroboam, Nebat ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuienyilia me la, Abiyam zu Yuda fia.
2 Three years reigned he in Jerusalem; and his mother's name was Maacah the daughter of Abishalom.
Eɖu fia ƒe etɔ̃ le Yerusalem. Dadaa ŋkɔe nye Maaka, Abisalom ƒe vinyɔnu.
3 And he walked in all the sins of his father, which he had done before him; and his heart was not whole with the LORD his God, as the heart of David his father.
Abiyam nye nu vɔ̃ wɔla gã aɖe abe fofoa ene eye eƒe dzi menɔ Yehowa, eƒe Mawu ŋu abe Fia David ene o.
4 Nevertheless for David's sake did the LORD his God give him a lamp in Jerusalem, to set up his son after him, and to establish Jerusalem;
Togbɔ be Abiyam wɔ nu vɔ̃ hã la, le Fia David ta la, Yehowa mena David ƒe dzidzimeviwo ƒe fiaɖuɖu nu tso o
5 because David did that which was right in the eyes of the LORD, and turned not aside from any thing that He commanded him all the days of his life, save only in the matter of Uriah the Hittite.
elabena David ɖo to Yehowa le eƒe agbemeŋkekewo katã me negbe nu si wòwɔ Uria, Hititɔ la ko.
6 Now there was war between Rehoboam and Jeroboam all the days of his life.
Aʋawɔwɔ nɔ Israel kple Yuda dome enuenu le Abiyam ƒe fiaɖuɣi.
7 And the rest of the acts of Abijam, and all that he did, are they not written in the book of the chronicles of the kings of Judah? And there was war between Abijam and Jeroboam.
Woŋlɔ Abiyam ƒe ŋutinya mamlɛa ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.
8 And Abijam slept with his fathers; and they buried him in the city of David; and Asa his son reigned in his stead.
Esi Abiyam ku la, woɖii ɖe David ƒe du la me eye via Asa ɖu fia ɖe eteƒe.
9 And in the twentieth year of Jeroboam king of Israel began Asa to reign over Judah.
Asa zu Yuda fia le Yerusalem le Yeroboam ƒe fiaɖuɖu ɖe Israel dzi ƒe ƒe blaevelia me.
10 And forty and one years reigned he in Jerusalem; and his mother's name was Maacah the daughter of Abishalom.
Eɖu fia ƒe blaene-vɔ-ɖekɛ. Mamae nye Maaka, Abisalom ƒe vinyɔnu.
11 And Asa did that which was right in the eyes of the LORD, as did David his father.
Asa ɖɔ ŋu ɖo hewɔ nu si dza le Yehowa ƒe ŋkume abe ale si tɔgbuia Fia David wɔ ene.
12 And he put away the sodomites out of the land, and removed all the idols that his fathers had made.
Ewu ŋutsu siwo nye gbolowɔlawo katã eye wòɖe legba siwo katã fofoa wɔ la ɖa.
13 And also Maacah his mother he removed from being queen, because she had made an abominable image for an Asherah; and Asa cut down her image, and burnt it at the brook Kidron.
Fia Asa ɖe mamaa Maaka ɖa be maganye fianyɔnu o elabena etu aƒeli si nye ŋunyɔnu. Asa lã ati la ƒu anyi, flii, hetɔ dzoe le Kidron bali la me.
14 But the high places were not taken away; nevertheless the heart of Asa was whole with the LORD all his days.
Togbɔ be megbã nuxeƒe siwo nɔ toawo dzi o hã la, eƒe dzi nɔ Yehowa ŋu le eƒe agbemeŋkekewo katã me.
15 And he brought into the house of the LORD the things that his father had hallowed, and the things that himself had hallowed, silver, and gold, and vessels.
Egbugbɔ klosalo kple sika kple ŋudɔwɔnu siwo ŋu eya kple fofoa kɔ la va Yehowa ƒe gbedoxɔ la me.
16 And there was war between Asa and Baasa king of Israel all their days.
Aʋawɔwɔ nɔ edzi ɖaa le Yuda fia Asa kple Israel fia Baasa dome.
17 And Baasa king of Israel went up against Judah, and built Ramah, that he might not suffer any to go out or come in to Asa king of Judah.
Baasa, Israel fia ho aʋa ɖe Yuda ŋu. Eɖo gli sesẽ ƒo xlã Rama, ale be ame aɖeke mate ŋu age ɖe Yuda fia Asa ƒe nuto me alo ado tso eme o.
18 Then Asa took all the silver and the gold that were left in the treasures of the house of the LORD, and the treasures of the king's house, and delivered them into the hand of his servants; and king Asa sent them to Ben-hadad, the son of Tabrimmon, the son of Hezion, king of Aram, that dwelt at Damascus, saying:
Ale Asa tsɔ klosalo kple sika siwo katã susɔ ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe nudzraɖoƒe kple nu xɔasi siwo katã nɔ fiasã la me la na eŋumewo. Ena be woatsɔ wo aɖana Siria fia Ben Hadad, si nye Hezion vi Tabrimon ƒe vi le Damasko eye woagblɔ nɛ bena,
19 'There is a league between me and thee, between my father and thy father; behold, I have sent unto thee a present of silver and gold; go, break thy league with Baasa king of Israel, that he may depart from me.'
“Na míagbugbɔ míaƒe dedinɔnɔ ƒe nubabla si nɔ fofowò kple fofonye dome la awɔ yeyee. Kpɔ ɖa, xɔ klosalo kple sika sia ale be nàtu nubabla si le wò kple Israel fia, Baasa dome ale be wòadzudzɔ aʋawɔwɔ kplim.”
20 And Ben-hadad hearkened unto king Asa, and sent the captains of his armies against the cities of Israel, and smote Ijon, and Dan, and Abel-beth-maacah, and all Chinneroth, with all the land of Naphtali.
Ben Hadad lɔ̃ ɖe Fia Asa ƒe nya la dzi heƒo eƒe aʋakɔ nu ƒu eye wòho aʋa ɖe Israel ƒe duwo ŋu. Egbã Iyɔn, Dan, Abel Bet Maka kple Kineret blibo la hekpe ɖe Naftalinyigba blibo la ŋu.
21 And it came to pass, when Baasa heard thereof, that he left off building Ramah, and dwelt in Tirzah.
Esi Baasa se be woho aʋa ɖe yeƒe duwo ŋu la, edzudzɔ Rama du la tutu eye wòtrɔ yi Tirza.
22 Then king Asa made a proclamation unto all Judah; none was exempted; and they carried away the stones of Ramah, and the timber thereof, wherewith Baasa had builded; and king Asa built therewith Geba of Benjamin, and Mizpah.
Fia Asa ɖe gbeƒã le Yudanyigba blibo la dzi be ŋutsu lãmesesẽtɔ ɖe sia ɖe nava na kpekpeɖeŋu yewoagbã Rama eye yewoalɔ xɔtukpewo kple xɔtutiwo katã adzoe. Fia Asa wɔ xɔtunu siawo ŋu dɔ tsɔ tu Geba du le Benyamin kple Mizpa du la.
23 Now the rest of all the acts of Asa, and all his might, and all that he did, and the cities which he built, are they not written in the book of the chronicles of the kings of Judah? But in the time of his old age he was diseased in his feet.
Woŋlɔ Asa ƒe agbemeŋutinya mamlɛa, dukɔ siwo dzi wòɖu, eƒe nuwɔwɔwo kple du siwo wòtso la ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽwo me. Dɔléle va dze eƒe afɔwo dzi le eƒe tsitsime.
24 And Asa slept with his fathers, and was buried with his fathers in the city of David his father; and Jehoshaphat his son reigned in his stead.
Esi wòku la, woɖii ɖe fiawo ɖiƒe le Yerusalem. Via Yehosafat zu Yuda fia ɖe eyome.
25 And Nadab the son of Jeroboam began to reign over Israel in the second year of Asa king of Judah, and he reigned over Israel two years.
Le ɣeyiɣi siawo me la, Nadab, Yeroboam ƒe vi zu fia le Israel, le Yuda fia Asa ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe evelia me. Eɖu fia ƒe eve,
26 And he did that which was evil in the sight of the LORD, and walked in the way of his father, and in his sin wherewith he made Israel to sin.
ke menye fia nyui aɖeke o. Esubɔ legba geɖewo eye wòhe Israel dukɔ la de nu vɔ̃ me abe fofoa ene.
27 And Baasa the son of Ahijah, of the house of Issachar, conspired against him; and Baasa smote him at Gibbethon, which belonged to the Philistines; for Nadab and all Israel were laying siege to Gibbethon.
Baasa, Ahiya ƒe vi si tso Isaka ƒe to la me ɖo nugbe ɖe eŋu eye wòwui esime wònɔ Israel ƒe aʋakɔ la me eye wòɖe to ɖe Gibeton, si nye Filistitɔwo ƒe du.
28 Even in the third year of Asa king of Judah did Baasa slay him, and reigned in his stead.
Ale Baasa zu Israel fia ɖe Nadab teƒe le Tirza; le Yuda fia, Asa ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe etɔ̃lia me.
29 And it came to pass that, as soon as he was king, he smote all the house of Jeroboam; he left not to Jeroboam any that breathed, until he had destroyed him; according unto the saying of the LORD, which He spoke by the hand of His servant Ahijah the Shilonite;
Baasa wu Fia Yeroboam ƒe dzidzimeviwo katã enumake, ale ame aɖeke megasusɔ ɖe fiaƒome la me o, abe ale si Yehowa gblɔe da ɖi be ava eme esime wòƒo nu kple Nyagblɔɖila Ahiya tso Silo la ene.
30 for the sins of Jeroboam which he sinned, and wherewith he made Israel to sin; because of his provocation wherewith he provoked the LORD, the God of Israel.
Esia va eme esi Yeroboam do dɔmedzoe na Yehowa, Israel ƒe Mawu la to eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃ wɔwɔ kple Israelviwo kpɔkplɔ de nu vɔ̃ me la ta.
31 Now the rest of the acts of Nadab and all that he did, are they not written in the book of the chronicles of the kings of Israel?
Woŋlɔ nya bubuawo tso Baasa ƒe fiaɖuɖu ŋuti ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.
32 And there was war between Asa and Baasa king of Israel all their days.
Aʋawɔwɔ nɔ edzi le Yuda fia Asa kple Israel fia Baasa dome le woƒe fiaɖuɣiwo me.
33 In the third year of Asa king of Judah began Baasa the son of Ahijah to reign over all Israel in Tirzah, and reigned twenty and four years.
Le Asa, Yuda fia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe etɔ̃lia me la, Baasa, Ahiya ƒe vi zu Israel fia le Tirza. Eɖu fia ƒe blaeve-vɔ-ene.
34 And he did that which was evil in the sight of the LORD, and walked in the way of Jeroboam, and in his sin wherewith he made Israel to sin.
Ewɔ nu vɔ̃ le Yehowa ŋkume, eto Yeroboam ƒe afɔtoƒe eye wòwɔ nu vɔ̃ siwo Yeroboam na Israel wɔ le eƒe fiaɖuɣi.

< 1 Kings 15 >