< Psalms 136 >
1 Praise ye the Lord, because he is good: for his mercie endureth for euer.
Mida akpe na Yehowa, elabena enyo.
2 Praise ye the God of gods: for his mercie endureth for euer.
Mida akpe na mawuwo dzi Mawu la,
3 Praise ye the Lord of lordes: for his mercie endureth for euer:
Mida akpe na aƒetɔwo dzi Aƒetɔ la,
4 Which onely doeth great wonders: for his mercie endureth for euer:
Eya ɖeka hɔ̃ɔ koe wɔa nukunu dzɔatsuwo,
5 Which by his wisedome made the heauens: for his mercie endureth for euer:
Eya ame si tsɔ eƒe nugɔmesese wɔ dziƒowoe,
6 Which hath stretched out the earth vpon the waters: for his mercie endureth for euer:
Ame si keke anyigba ɖe tsiwo dzi,
7 Which made great lightes: for his mercie endureth for euer:
Ame si wɔ nu keklẽ gãwo,
8 As the sunne to rule the day: for his mercie endureth for euer:
Be ɣe naɖu ŋkeke dzi,
9 The moone and the starres to gouerne the night: for his mercie endureth for euer:
Be ɣleti kple ɣletiviwo naɖu zã dzi,
10 Which smote Egypt with their first borne, (for his mercie endureth for euer)
Eya ame si ƒo Egiptetɔwo ƒe ŋgɔgbeviwo ƒu anyi,
11 And brought out Israel from among them (for his mercie endureth for euer)
Eye wòkplɔ Israel do goe le wo dome,
12 With a mightie hande and stretched out arme: for his mercie endureth for euer:
Kple asi sesẽ kple abɔ si wòdo ɖe dzi,
13 Which deuided the red Sea in two partes: for his mercie endureth for euer:
Eya ame si ma Ƒu Dzĩ la ɖe eve,
14 And made Israel to passe through the mids of it: for his mercie endureth for euer:
Eye wòkplɔ Israel to eƒe titina,
15 And ouerthrewe Pharaoh and his hoste in the red Sea: for his mercie endureth for euer:
Ke ekplɔ Farao kple eƒe aʋakɔ la de Ƒu Dzĩ la me,
16 Which led his people through the wildernes: for his mercie endureth for euer:
Eya ame si kplɔ eƒe dukɔ la to gbedzi,
17 Which smote great Kings: for his mercie endureth for euer:
Ame si ƒo fia gãwo ƒu anyi,
18 And slewe mightie Kings: for his mercie endureth for euer:
Eye wòwu fia sesẽwo,
19 As Sihon King of the Amorites: for his mercie endureth for euer:
Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia,
20 And Og the King of Bashan: for his mercie endureth for euer:
kple Ɔg, Basantɔwo ƒe fia,
21 And gaue their land for an heritage: for his mercie endureth for euer:
Eye wòtsɔ woƒe anyigba wɔ domenyinu,
22 Euen an heritage vnto Israel his seruant: for his mercie endureth for euer:
Domenyinu na eƒe dɔla, Israel,
23 Which remembred vs in our base estate: for his mercie endureth for euer:
Eya ame si ɖo ŋku mía dzi, esime wobɔbɔ mí ɖe anyi,
24 And hath rescued vs from our oppressours: for his mercie endureth for euer:
Eye wòɖe mí tso míaƒe futɔwo ƒe asi me,
25 Which giueth foode to all flesh: for his mercie endureth for euer.
Eya ame si naa nuɖuɖu nu gbagbe ɖe sia ɖe,
26 Praise ye the God of heauen: for his mercie endureth for euer.
Mida akpe na Dziƒo Mawu la,