< Numbers 20 >

1 Then the children of Israel came with ye whole Congregation to the desert of Zin in the first moneth, and the people abode at Cadesh: where Miriam died, and was buried there.
Israelviwo ɖo Zin gbedzi le ƒea ƒe ɣleti gbãtɔ me. Woƒu asaɖa anyi ɖe Kades. Miriam ku, eye woɖii ɖe afi ma.
2 But there was no water for the Congregation, and they assembled them selues against Moses and against Aaron.
Tsi mebɔ ɖe afi ma na nono o, ale ameawo gadze aglã ɖe Mose kple Aron ŋu. Ameha gã aɖe ɖi anyi,
3 And the people chode with Moses, and spake, saying, Would God we had perished, when our brethren died before the Lord.
eye wowɔ takpekpe ɖe Mose kple Aron ŋu. Wodo ɣli ɖe Mose ta gblɔ be, “Ɖe míawo hã míaku kple mía nɔvi lɔlɔ̃a siwo Yehowa wu hafi!
4 Why haue ye thus brought the Congregation of the Lord vnto his wildernesse, that both we, and our cattell should die there?
Ɖe nèɖoe koŋ kplɔ Yehowa ƒe amewo va gbedzi le afi sia be míawo kple míaƒe lãhawo siaa natsrɔ̃!
5 Wherefore nowe haue yee made vs to come vp from Egypt, to bring vs into this miserable place, which is no place of seede, nor figges, nor vines, nor pomegranates? neither is there any water to drinke.
Nu ka koŋkoŋkoŋ ta nèna míedzo le Egipte, eye nèkplɔ mí va teƒe sesẽ sia ɖo? Ègblɔ na mí be míayi anyigba nyui si dzi nuku wɔnukuwo abe gbotiwo, wain tsetsewo kple yevuboɖatiwo ene le. Anyigba si ƒe nya nègblɔ na mí ɖe? Tsi teti gɔ̃ hã meli ade mía nu míano le afi sia o!”
6 Then Moses and Aaron went from the assemblie vnto the doore of the Tabernacle of the Congregation, and fell vpon their faces: and the glory of the Lord appeared vnto them.
Mose kple Aron wotrɔ le wo gbɔ yi Agbadɔ la ƒe mɔnu. Wotsyɔ mo anyi le Yehowa ŋkume. Tete Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ɖe eɖokui fia wo.
7 And the Lord spake vnto Moses, saying,
Yehowa gblɔ na Mose be,
8 Take the rod, and gather thou and thy brother Aaron the Congregation together, and speake yee vnto the rocke before their eyes, and it shall giue foorth his water, and thou shalt bring them water out of the rocke: so thou shalt giue the Congregation, and their beastes drinke.
“Tsɔ Aron ƒe atikplɔ la. Mi kple Aron miƒo ameawo nu ƒu. Ƒo nu le ameawo ƒe ŋkume na agakpe si le afi mɛ ɖa la be wòana tsi nado tso eme; eye nàna tsi wo tso agakpe la me wòade na ameawo kple woƒe lãwo katã.”
9 Then Moses tooke the rod from before the Lord, as he had commanded him.
Mose wɔ nu si Mawu ɖo nɛ. Etsɔ atikplɔ la tso afi si wòdzrae ɖo le Yehowa ŋkume.
10 And Moses and Aaron gathered the Congregation together before the rocke, and Moses sayd vnto them, Heare nowe, ye rebels: shall we bring you water out of this rocke?
Mose kple Aron woyɔ ameawo, eye wona woƒo ƒu ɖe agakpe la gbɔ. Mose gblɔ na wo be, “Miɖo to, mi aglãdzelawo! Ɖe míaɖe tsi tso agakpe sia me na mia?”
11 Then Moses lift vp his hande, and with his rod he smote the rocke twise, and the water came out aboundantly: so the Congregation, and their beastes dranke.
Mose kɔ atikplɔ la dzi, eye wòƒo agakpe la zi eve. Enumake tsi do bababa tso agakpe la me ameawo kple woƒe lãwo no.
12 Againe the Lord spake vnto Moses, and to Aaron, Because ye beleeued me not, to sanctifie mee in the presence of the children of Israel, therefore ye shall not bring this Congregation into the land which I haue giuen them.
Ke Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be, “Zi ale si mieɖo ŋu ɖe ŋunye o, eye miekɔ ŋutinye le Israelviwo ŋkume o ta la, miakplɔ Israelviwo ade anyigba si ŋugbe medo na wo la dzi o!”
13 This is the water of Meribah, because the children of Israel stroue with the Lord, and hee was sanctified in them.
Wona ŋkɔ teƒe sia be Meriba, si gɔmee nye “Dzrewɔtsi,” elabena afi siae Israelviwo tso ɖe Yehowa ŋu le eye Yehowa ɖee fia wo be yele kɔkɔe le woƒe ŋkume.
14 Then Moses sent messengers from Kadesh vnto the king of Edom, saying, Thus sayth thy brother Israel, Thou knowest all the trauaile that we haue had,
Esi Mose nɔ Kades la, eɖo amewo ɖe Edom fia gbɔ be, “Míawoe nye nɔviwò Israel ƒe dzidzimeviwo. Ènya ale si míaƒe ŋutinya wɔ nublanuii,
15 How our fathers went downe into Egypt, and we dwelt in Egypt a long time, where the Egyptians handled vs euill and our fathers.
ale si mía tɔgbuiwo yi Egipte, nɔ afi ma ƒe geɖewo, eye wozu kluviwo na Egiptetɔwo.
16 But when we cried vnto the Lord, he heard our voyce, and sent an Angel, and hath brought vs out of Egypt, and beholde, wee are in the citie Kadesh, in thine vtmost border.
Ke esi míedo ɣli na Yehowa la, ese míaƒe kokoƒoƒo, eye wòɖo mawudɔla aɖe ɖa wòva kplɔ mí dzoe le Egipte. “Fifia míele Kades. Míeƒu asaɖa anyi ɖe wò liƒo dzi.
17 I pray thee that we may passe through thy countrey: we will not goe through the fieldes nor the vineyardes, neither will we drinke of the water of the welles: we will goe by the kings way, and neither turne vnto the right hand nor to the left, vntill we be past thy borders.
Míeɖe kuku ɖe mɔ na mí míato wò anyigba dzi. Míakpɔ nyuie be míato miaƒe agblewo kple waingblewo me o. Míano tsi tso miaƒe vudowo me hã o. Míanɔ mɔ gã la dzi ko tẽe. Míadzo le mɔ gã la dzi o va se ɖe esime míado go le wò anyigba dzi.”
18 And Edom answered him, Thou shalt not passe by mee, least I come out against thee with the sword.
Ke Edom fia gblɔ na wo be, “Migaɖo afɔ nye anyigba dzi o! Ne mietee kpɔ be yewoaɖo afɔ nye anyigba dzi la, nye aʋakɔ akpe aʋa kpli mi!”
19 Then the children of Israel said vnto him, We will goe vp by the hie way: and if I and my cattell drinke of thy water, I will then pay for it: I will onely (without any harme) goe through on my feete.
Israelviwo ƒe ame dɔdɔwo yi edzi be, “Fia bubutɔ, mɔ gã la dzi ko míanɔ. Ne míano tsi tso miaƒe vudo me gɔ̃ hã la, míaxe fe ɖe sia ɖe si nàbia la ɖe eta. Ale si míatso eme ayi ko biam míele; míegale nu bubu aɖeke biam o.”
20 Hee answered againe, Thou shalt not goe through. The Edom came out against him with much people, and with a mightie power.
Edom fia gbe gbidigbidi gblɔ na wo be, “Migage ɖe nye anyigba dzi o.” Ena aʋakɔ gã aɖe ƒu asaɖa anyi ɖe eƒe liƒo dzi.
21 Thus Edom denyed to giue Israel passage through his countrey: wherefore Israel turned away from him.
Esi Edom gbe be womato yeƒe anyigba dzi o ta la, Israelviwo glɔ̃ mɔ to Edom ŋu.
22 And when the children of Israel with al the Congregation departed from Kadesh, they came vnto the mount Hor.
Israelviwo ƒe ha blibo la ho, dze mɔ tso Kades, eye wova ɖo Hor to la gbɔ.
23 And the Lord spake vnto Moses and to Aaron in the mount Hor neere the coast of the land of Edom, saying,
Le Hor to la gbɔ, teƒe si te ɖe Edom ƒe liƒo ŋu la, Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be,
24 Aaron shall be gathered vnto his people: for hee shall not enter into the lande, which I haue giuen vnto the children of Israel, because ye disobeyed my commandement at the water of Meribah.
“Azã la su be Aron naku, elabena made anyigba, si metsɔ na Israelviwo la dzi o, le esi mi ame evea mietsi tsitre ɖe nye ɖoɖowo ŋu tso tsi si le Meriba ŋu la ta.
25 Take Aaron and Eleazar his sonne, and bring them vp into the mount Hor,
Azɔ, kplɔ Aron kple via Eleazar yi Hor to la dzi.
26 And cause Aaron to put off his garmentes and put them vpon Eleazar his sonne: for Aaron shall be gathered to his fathers, and shall die there.
Ɖe Aron ƒe nunɔlawuwo le eŋuti, eye nàdo wo na via, Eleazar. Aron aku ɖe afi ma.”
27 And Moses did as the Lord had commanded: and they went vp into the mount Hor, in the sight of all the Congregation.
Ale Mose wɔ nu si Yehowa ɖo nɛ. Wo ame etɔ̃ la wolia Hor to la esi ameawo katã nɔ wo kpɔm.
28 And Moses put off Aarons clothes, and put them vpon Eleazar his sonne: so Aaron dyed there in the top of the mount: and Moses and Eleazar came downe from off the mount.
Esi woɖo toa tame la, Mose ɖe nunɔlawuawo le Aron ŋu, eye wòtsɔ wo do na Aron ƒe viŋutsu Eleazar. Aron ku ɖe to la tame. Mose kple Eleazar trɔ gbɔ,
29 When al the Congregation sawe that Aaron was dead, al the house of Israel wept for Aaron thirtie dayes.
eye esi ameawo se be Aron ku la, Israelviwo fae ŋkeke blaetɔ̃.

< Numbers 20 >