< Judges 10 >

1 After Abimelech there arose to defend Israel, Tola, the sonne of Puah, the sone of Dodo, a man of Issachar, which dwelt in Shamir in mount Ephraim.
Le Abimelek ƒe ku megbe la, Israel ƒe ʋunudrɔ̃la si va ɖe eyomee nye Tola, Pua ƒe vi kple Dodo ƒe tɔgbuiyɔvi. Etso Isaka ƒe to la me, ke enɔ Samir le Efraim ƒe tonyigba dzi.
2 And he iudged Israel three and twentie yeere and dyed, and was buried in Shamir.
Enye ʋunudrɔ̃la na Israelviwo ƒe blaeve-vɔ-etɔ̃ eye esi wòku la, woɖii ɖe Samir.
3 And after him arose Iair a Gileadite, and iudged Israel two and twenty yeere.
Ʋunudrɔ̃la si kplɔe ɖo lae nye Yair, ŋutsu aɖe si tso Gilead. Eya hã drɔ̃ ʋɔnu Israel ƒe blaeve-vɔ-eve.
4 And he had thirtie sonnes that rode on thirtie assecolts, and they had thirtie cities, which are called Hauoth-Iair vnto this day, and are in the land of Gilead.
Via ŋutsu blaetɔ̃awo doa tedzi ɖia tsa eye du blaetɔ̃ nɔ wo si le Gileadnyigba dzi, afi si wogayɔna egbegbe be, “Yair duwo.”
5 And Iair dyed, and was buried in Kamon.
Esi Yair ku la, woɖii ɖe Kamon.
6 And the children of Israel wrought wickednesse againe in the sight of the Lord, and serued Baalim and Ashtaroth, and the gods of Aram, and the gods of Zidon, and the gods of Moab, and the gods of the children of Ammon, and the gods of the Philistims, and forsooke the Lord and serued not him.
Israelviwo gawɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume. Wosubɔ Baalwo kple Astarɔtwo kple Aramtɔwo, Sidontɔwo, Moabtɔwo kple Amonitɔwo kple Filistitɔwo ƒe mawuwo. Esi Israelviwo gbe nu le Yehowa gbɔ eye womegasubɔnɛ o ta la,
7 Therefore the wrath of the Lord was kindled against Israel, and he solde them into the hands of the Philistims, and into the handes of the children of Ammon:
edo dziku ɖe wo ŋuti. Etsɔ wo dzra na Filistitɔwo kple Amonitɔwo,
8 Who from that yere vexed and oppressed the children of Israel eighteene yeres, euen all the children of Israel that were beyond Iorden, in the land of the Amorites, which is in Gilead.
ame siwo te wo ɖe to, gbã wo gudugudu. Hena ƒe wuienyi la, wote Israelvi siwo katã nɔ Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe le Gilead, le Amoritɔwo ƒe anyigba dzi la ɖe to.
9 Moreouer, the children of Ammon went ouer Iorden to fight against Iudah, and against Beniamin, and against the house of Ephraim: so that Israel was sore tormented.
Wogawɔ aʋa kpli wo le Yuda, Benyamin kple Efraim hã elabena Amonitɔwo tso Yɔdan tɔsisi la va wɔ aʋa kple Israelviwo. Nu sia yi edzi ƒe wuienyi sɔŋ
10 Then the children of Israel cryed vnto the Lord, saying, We haue sinned against thee, euen because we haue forsaken our owne God, and haue serued Baalim.
eye mlɔeba la, Israelviwo trɔ va Yehowa gbɔ heɖe kuku nɛ be wòagaxɔ na yewo. Woʋu eme be, “Míewɔ nu vɔ̃ ɖe ŋuwò: míegblẽ wò, míaƒe Mawu ɖi eye míesubɔ Baal.”
11 And the Lord sayd vnto the children of Israel, Did not I deliuer you from the Egyptians and from the Amorites, from the children of Ammon and from the Philistims?
Yehowa ɖo eŋu be, “Ɖe nyemeɖe mi tso Egiptetɔwo, Amoritɔwo, Amonitɔwo, Filistitɔwo
12 The Zidonians also, and the Amalekites, and the Maonites did oppresse you, and ye cryed to me and I saued you out of their hands.
Sidontɔwo, Amalekitɔwo kple Maonitɔwo ƒe asi me oa?
13 Yet ye haue forsaken me, and serued other gods: wherefore I will deliuer you no more.
Gake miegagblẽam ɖi enuenu eye miesubɔa mawu bubuwo eya ta mibu ɖa le ŋkuta nam! Nyemagaɖe mi akpɔ o.
14 Goe, and cry vnto the gods which ye haue chosen: let them saue you in the time of your tribulation.
Miyi miado ɣli na mawu yeye siwo mietia! Mina woaɖe mi le miaƒe xaxaɣiwo me!”
15 And the children of Israel sayde vnto the Lord, We haue sinned: doe thou vnto vs whatsoeuer please thee: onely we pray thee to deliuer vs this day.
Israelviwo gaɖe kuku na Mawu be, “Míewɔ nu vɔ̃, he to na mí le mɔ ɖe sia ɖe si dze ŋuwò la dzi eye nàgaɖe mí tso míaƒe futɔwo ƒe asi me ko!”
16 Then they put away the strange gods from among them and serued the Lord: and his soule was grieued for the miserie of Israel.
Israelviwo trɔ le mawu bubuawo yome eye wosubɔ Yehowa ɖeɖe ko. Woƒe blanuiléle do nuxaxa na Yehowa.
17 Then the children of Ammon gathered themselues together, and pitched in Gilead: and the children of Israel assembled themselues, and pitched in Mizpeh.
Le ɣe ma ɣi la, Amonitɔwo ƒe aʋakɔ ƒu asaɖa anyi ɖe Gilead hena aʋawɔwɔ kple Israel ƒe aʋakɔ le Mizpa.
18 And the people and princes of Gilead said one to another, Whosoeuer will beginne the battell against the children of Ammon, the same shall be head ouer all the inhabitants of Gilead.
Gilead ƒe kplɔlawo gblɔ be, “Ame kae akplɔ míaƒe aʋakɔwo le aʋawɔwɔ kple Amonitɔwo me? Ame si akplɔ míaƒe aʋakɔwo la azu míaƒe fia!”

< Judges 10 >