< Genesis 4 >
1 Afterward the man knew Heuah his wife, which conceiued and bare Kain, and said, I haue obteined a man by the Lord.
Adam dɔ kple srɔ̃a, Eva, eye wòfɔ fu dzi Kain. Eva gblɔ be, “To Yehowa ƒe amenuveve me la, medzi ŋutsu.”
2 And againe she brought foorth his brother Habel, and Habel was a keeper of sheepe, and Kain was a tiller of the ground.
Eva gadzi ŋutsuvi bubu, eye wòna ŋkɔe be Abel. Abel nye lãnyila, eye Kain nye agbledela.
3 And in processe of time it came to passe, that Kain brought an oblation vnto the Lord of the fruite of the ground.
Le nuŋeɣi la, Kain tsɔ eƒe agblemenukuwo sa vɔ na Yehowa,
4 And Habel also him selfe brought of the first fruites of his sheepe, and of the fat of them, and the Lord had respect vnto Habel, and to his offering,
eye Abel hã tsɔ eƒe alẽvi damitɔ sa vɔ nɛ. Yehowa xɔ Abel ƒe vɔsa,
5 But vnto Kain and to his offering he had no regarde: wherefore Kain was exceeding wroth, and his countenance fell downe.
gake mexɔ Kain tɔ o. Nu sia na Kain xa nu, eye wòdo dɔmedzoe heɖo adã.
6 Then ye Lord said vnto Kain, Why art thou wroth? and why is thy countenance cast downe?
Yehowa bia Kain be, “Nu ka ta nèdo dɔmedzoe vevie, eye nèyɔ mo ɖo?
7 If thou do well, shalt thou not be accepted? and if thou doest not well, sinne lieth at the doore: also vnto thee his desire shalbe subiect, and thou shalt rule ouer him.
Wò mo ate ŋu akɔ kple dzidzɔ ne ɖe nèwɔ nu si wòle be nàwɔ la! Ke esi nèwɔ vɔ̃ ta la, nu vɔ̃ le wò ʋɔtru nu le lalawòm be yeaɖu dziwò. Ke dze agbagba be nàɖu edzi!”
8 Then Kain spake to Habel his brother. And when they were in the fielde, Kain rose vp against Habel his brother, and slewe him.
Gbe ɖeka la, Kain gblɔ na nɔvia, Abel be, “Na míayi gbedzi.” Esi woyi gbea dzi la, Kain wu nɔvia, Abel.
9 Then the Lord said vnto Kain, Where is Habel thy brother? Who answered, I cannot tell. Am I my brothers keeper?
Emegbe la, Yehowa bia Kain be, “Afi ka nɔviwò, Abel le?” Kain ɖo eŋu be, “Nyemenya o. Nɔvinyeŋudzɔlae menyea?”
10 Againe he said, What hast thou done? the voyce of thy brothers blood cryeth vnto me from the earth.
Yehowa gblɔ nɛ be, “Nu kae nye esi nèwɔ? Kpɔ ɖa, nɔviwò ƒe ʋu do ɣli tso anyigba dzi va ɖo gbɔnye na hlɔ̃biabia.
11 Now therefore thou art cursed from the earth, which hath opened her mouth to receiue thy brothers blood from thine hand.
Ke fifia fiƒode le dziwò, eye menya wò ɖa tso anyigba si nèdo gui kple nɔviwò ƒe ʋu la dzi.
12 When thou shalt till the grounde, it shall not henceforth yeelde vnto thee her strength: a vagabond and a runnagate shalt thou be in the earth.
Anyigba maganyo nuku na wò o, ne èku kutri le edzi vevie gɔ̃ hã! Azɔ la, àzu tsaglãlatsala kple godzela le anyigba dzi.”
13 Then Kain said to the Lord, My punishment is greater, then I can beare.
Kain ɖo eŋu na Yehowa be, “Nye tohehe kpe wu tsɔtsɔ nam,
14 Behold, thou hast cast me out this day from the earth, and from thy face shall I be hid, and shalbe a vagabond, and a runnagate in the earth, and whosoeuer findeth me, shall slay me.
elabena ènyam ɖa tso nye agble kple wò ŋutɔ gbɔ, èwɔm tsaglãlatsala kple godzela, eye ame sia ame si akpɔm la, adi be yeawum.”
15 Then the Lord said vnto him, Doubtlesse whosoeuer slayeth Kain, he shalbe punished seue folde. And the Lord set a marke vpon Kain, lest any man finding him should kill him.
Yehowa gblɔ nɛ be, “Womawu wò o, elabena mada wò tohehe teƒe adre ɖe ame si awu wò la dzi.” Ale Yehowa de dzesi tɔxɛ Kain ŋu si ana be ame aɖeke mawui o.
16 Then Kain went out from the presence of the Lord, and dwelt in the land of Nod towarde the Eastside of Eden.
Ale Kain dzo le Yehowa ƒe ŋkume, eye wòyi ɖanɔ Nodnyigba si le Edenbɔ ƒe ɣedzeƒe lɔƒo la dzi.
17 Kain also knewe his wife, which conceiued and bare Henoch: and he built a citie, and called the name of the citie by ye name of his sonne, Henoch.
Kain srɔ̃ fɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi. Ena ŋkɔe be Enɔk. Esia ta esi Kain tso du aɖe la, etsɔ via ƒe ŋkɔ nɛ be Enɔk.
18 And to Henoch was borne Irad, and Irad begate Mehuiael, and Mehuiael begate Methushael, and Methushael begate Lamech.
Enɔk nye Irad fofo, Irad nye Mehuyael fofo, Mehuyael nye Metusael fofo, Metusael nye Lamek fofo.
19 And Lamech tooke him two wiues: the name of the one was Adah, and the name of the other Zillah.
Lamek ɖe srɔ̃ eve, Ada kple Zila.
20 And Adah bare Iabal, who was the father of such as dwell in the tents, and of such as haue cattell.
Ada dzi Yabal. Eyae zu nyikplɔla kple ame siwo nɔa avɔgbadɔwo me la dometɔ gbãtɔ.
21 And his brothers name was Iubal, who was the father of all that play on the harpe and organes.
Nɔvia ŋutsu ŋkɔe nye Yubal, eye wònye ame gbãtɔ si wɔ kasaŋku kple dze.
22 And Zillah also bare Tubal-kain, who wrought cunningly euery craft of brasse and of yron: and the sister of Tubal-kain was Naamah.
Lamek srɔ̃ evelia, Zila dzi Tubal Kain. Eyae zu gbede gbãtɔ, eye wòtua nuwo kple akɔbli kple gayibɔ. Tubal Kain nɔvinyɔnue nye Naama.
23 Then Lamech saide vnto his wiues Adah and Zillah, Heare my voyce, ye wiues of Lamech: hearken vnto my speach: for I would slay a man in my wound, and a yong man in mine hurt.
Gbe ɖeka la, Lamek gblɔ na Ada kple Zila be, “Srɔ̃nyewo, miɖo tom. Mewu ame aɖe si de abi ŋunye, ɖekakpui aɖe si wɔ nuvevim.
24 If Kain shalbe auenged seuen folde, truely Lamech, seuentie times seuen folde.
Ne woahe to na ame si awu Kain zi adre la, ekema ele be woahe to na Lamek zi blaadre-vɔ-adre!”
25 And Adam knewe his wife againe, and she bare a sonne, and she called his name Sheth: for God, saide she, hath appointed me another seede for Habel, because Kain slewe him.
Emegbe la, Adam kple srɔ̃a nɔ anyi eye Eva gadzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe be Set si gɔmee nye “Teƒeɖoɖo,” elabena Eva gblɔ be, “Mawu tsɔ ŋutsuvi bubu ɖo Abel, ame si Kain wu la teƒe nam.”
26 And to ye same Sheth also there was borne a sonne, and he called his name Enosh. Then beganne men to call vpon the name of the Lord.
Esi Set tsi la, edzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe be Enos. Le ɣe ma ɣi me la, amewo de asi Yehowa ŋkɔ yɔyɔ me.