< Ezekiel 29 >

1 In the tenth yeere, and in the tenth moneth in the twelfth day of the moneth, the word of the Lord came vnto me, saying,
Le ƒe ewolia ƒe ɣleti ewolia me, le ŋkeke wuievelia gbe la, Yehowa ƒe nya va nam be,
2 Sonne of man, set thy face against Pharaoh the King of Egypt, and prophecie against him, and against all Egypt.
“Ame vi, trɔ mo ɖe Farao, Egipte fia ŋu, eye nàgblɔ nya ɖi ɖe eya kple Egipte katã ŋu.
3 Speake, and say, Thus sayth the Lord God, Beholde, I come against thee, Pharaoh King of Egypt, the great dragon, that lieth in the middes of his riuers, which hath saide, The riuer is mine, and I haue made it for my selfe.
Gblɔ nɛ be, ‘Alea Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “‘Metso ɖe ŋuwò, Farao, Egipte fia, wò lã gã wɔadã le wò tɔsisiwo me. Egblɔna be, “Nil tɔsisi la nye tɔnye. Nyee wɔe na ɖokuinye.”
4 But I will put hookes in thy chawes, and I will cause the fish of thy riuers to sticke vnto thy scales, and I will drawe thee out of the middes of thy riuers, and all the fishe of thy riuers shall sticke vnto thy scales.
Matsɔ ƒu aƒo ɖe wò glã me, eye mana wò tɔwo me lãwo nalé ɖe wò tsro ŋu, mahe wò ado goe le wò tɔsisiwo me kple tɔmelã siwo katã lé ɖe wò tsrokpa ŋuti.
5 And I will leaue thee in the wildernes, both thee and al the fish of thy riuers: thou shalt fal vpon ye open field: thou shalt not be brought together, nor gathered: for I haue giue thee for meat to the beasts of the field, and to the foules of heauen.
Magblẽ wò ɖe gbegbe, wò kple wò tɔwo me lãwo katã; àdze gbadzaƒe dzi, womafɔ wò alo atsɔ wò o. Mawɔ wò nàzu nuɖuɖu na gbemelãwo kple dziƒoxeviwo.
6 And al the inhabitants of Egypt shall know that I am the Lord, because they haue ben a staffe of reede to the house of Israel.
Ekema ame siwo katã le Egipte la anya be, nyee nye Yehowa. “‘Ènye aƒlati na Israel ƒe aƒe la.
7 When they tooke holde of thee with their hand, thou diddest breake, and rent all their shoulder: and when they leaned vpon thee, thou brakest and madest all their loynes to stand vpright.
Esi wolé wò kple asi la, èŋe woƒe abɔta, eye esi woziɔ ɖe ŋuwò la, èŋee heƒo ɖe woƒe dzime.
8 Therefore thus sayeth the Lord God, Beholde, I will bring a sworde vpon thee, and destroy man and beast out of thee,
“‘Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “Mahe yi aɖe ɖe ŋuwò, wòawu wò amewo kple woƒe lãwo.
9 And the land of Egypt shalbe desolate, and waste, and they shall know that I am ye Lord: because he hath said, The riuer is mine, and I haue made it,
Egipte azu aƒedo kple gbegbe. Ekema woanya be nyee nye Yehowa.” “‘Esi nègblɔ be, “Nil tɔsisi la nye tɔnye, nyee wɔe” ta la,
10 Behold, therefore I come vpon thee, and vpon thy riuers, and I will make the land of Egypt vtterly waste and desolate from the towre of Seueneh, euen vnto the borders of the blacke Mores.
metso ɖe wò kple wò tɔsisiwo ŋu, eye mana Egiptenyigba nazu aƒedo kple gbegbe tso Migdol va se ɖe Aswan, va do ɖe keke Kus ƒe liƒowo dzi.
11 No foote of man shall passe by it, nor foote of beast shall passe by it, neither shall it be inhabited fourtie yeeres.
Amegbetɔ alo lã aɖeke ƒe afɔ magato edzi o. Ame aɖeke maganɔ afi ma o ƒe blaene sɔŋ.
12 And I wil make the land of Egypt desolate in the middes of the countries, that are desolate, and her cities shall be desolate among the cities that are desolate, for fourtie yeeres: and I wil scatter the Egyptians among the nations, and wil disperse them through the countreis.
Mana Egiptenyigba nazu aƒedo le anyigba siwo wògblẽ la dome, eye eƒe duwo azu aƒedo ƒe blaene le du siwo wogbã la dome. Makaka Egiptetɔwo ɖe dukɔwo dome, akaka wo, ahlẽ ɖe anyigbawo dzi.
13 Yet thus saieth the Lord God, At the end of fourtie yeeres will I gather the Egyptians from the people, where they were scattered,
“‘Ke ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si. “Le ƒe blaene ƒe nuwuwu la, maƒo ƒu Egiptetɔwo tso dukɔ siwo me wokaka wo ɖo la me.
14 And I wil bring againe the captiuitie of Egypt, and will cause them to returne into the land of Pathros, into the lande of their habitation, and they shalbe there a small kingdome.
Magbugbɔ wo tso aboyome ava Egipte ƒe Dzigbeme, wo tɔgbuiwo ƒe anyigba dzi, eye woanye fiaɖuƒe sue aɖe le afi ma.
15 It shall be the smallest of the kingdomes, neither shall it exalt it selfe any more aboue the nations: for I will diminish them, that they shall no more rule the nations.
Anye fiaɖuƒe gblɔetɔ le fiaɖuƒewo dome, eye magado eɖokui ɖe dzi wu fiaɖuƒe bubuawo o. Mana wòagbɔdzɔ ale gbegbe be, magaɖu dukɔ bubuwo dzi azɔ o.
16 And it shall be no more the confidence of the house of Israel, to bring their iniquitie to remembrance by looking after them, so shall they knowe, that I am the Lord God.
Egipte maganye dukɔ si ŋu Israelviwo naɖo dzi ɖo o, ke boŋ ana woaɖo ŋku woƒe nu vɔ̃ si na wotrɔ ɖe eŋu hebia kpekpeɖeŋu la dzi. Ekema woanya be nyee nye Aƒetɔ Yehowa.”’”
17 In the seuen and twentieth yeere also in the first moneth, and in the first day of the moneth, came the word of the Lord vnto me, saying,
Le ƒe blaeve-vɔ-adrelia ƒe ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ gbe la, Yehowa ƒe nya va nam be,
18 Sonne of man, Nebuchad-nezzar King of Babel caused his armie to serue a great seruice against Tyrus: euery head was made balde, and euery shoulder was made bare: yet had he no wages, nor his armie for Tyrus, for the seruice that he serued against it.
“Ame vi, Nebukadnezar, Babilonia fia, ho aʋa kple eƒe dukɔ ɖe Tiro ŋu; tawo katã bebe, eye abɔtawo katã ɖe bo. Ke eya kple eƒe aʋakɔ mekpɔ fetu aɖeke tso aʋahoho ɖe Tiro ŋu me o.
19 Therefore thus sayth the Lord God, Beholde, I will giue the land of Egypt vnto Nebuchad-nezzar the King of Babel, and he shall take her multitude, and spoyle her spoyle, and take her pray, and it shall be the wages for his armie.
Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ, ‘Matsɔ Egipte ana Nebukadnezar, Babilonia fia, eye wòalɔ eƒe kesinɔnuwo adzoe. Aha nuwo le anyigba la dzi atsɔ axe fee na eƒe aʋawɔlawo.
20 I haue giuen him the land of Egypt for his labour, that he serued against it, because they wrought for me, sayth the Lord God.
Metsɔ Egipte nɛ abe fetu ene le eƒe agbagbadzedze ta, elabena nyee eya kple eƒe aʋakɔ wɔ dɔ la na.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe.
21 In that day will I cause the horne of the house of Israel to growe, and I will giue thee an open mouth in the middes of them, and they shall knowe that I am the Lord.
“Le ŋkeke ma dzi la, ŋusẽ aɖo Israel ƒe aƒe ŋu, eye maʋu wò nu na wò le wo dome. Ekema woanya be nyee nye Yehowa.”

< Ezekiel 29 >