< Luke 1 >

1 As you know, many others have attempted to put down in writing the things that have been fulfilled that involve us.
Ame geɖewo ŋlɔ nu tso nu siwo va eme le mía dome la ŋu,
2 They based their accounts on evidence from the earliest eyewitnesses and ministers of the Word,
ame siwo tu woƒe ŋutinyawo ɖe nyadzɔdzɔ siwo woxɔ tso ame siwo nye nuteƒekpɔlawo le gɔmedzedzea me la gbɔ, eye wonye dɔlawo na nya la.
3 and so I also decided that since I have followed these things very carefully from the beginning, it would be a good idea to write out an accurate account of all that happened.
Eya ta enyo nye hã ŋunye, le esi medzro nuwo me tsitotsito tso gɔmedzedzea me ke, be magbugbɔ aŋlɔe ɖe ɖoɖo nu na wò, nye bubutɔ Teofilos,
4 I have done this dear Theophilus so you can be certain that what you were taught is completely reliable.
be wòagbugbɔ aɖo kpe edzi na wò be nu siwo katã wofia wò lae nye nyateƒea.
5 During the time when Herod was king of Judea, there was a priest called Zechariah, who came from the Abijah priestly division. He was married to Elizabeth, who was also descended from Aaron the priest.
Le Herod si nye Yudea fia ƒe ŋkekewo me la, nunɔla aɖe si woyɔna be Zekaria nye nunɔlawo ƒe ha si woyɔna be Abiya la me tɔwo dometɔ ɖeka. Zekaria srɔ̃ Elizabet hã tso nunɔlawo ƒe ƒome me, eye wònye Aron ƒe dzidzimevi.
6 They both did what was right before God, being careful to follow all the Lord's commandments and regulations.
Wo kple evea wonye ame dzɔdzɔewo le Mawu ŋkume, eye wolé Aƒetɔ la ƒe sededewo kple ɖoɖowo me ɖe asi kpɔtsɔtsɔmanɔŋutɔe.
7 They had no children because Elizabeth wasn't able to have any, and they were both growing old.
Gake vi aɖeke hã menɔ wo si o, elabena Elizabet nye konɔ, eye wo ame eve la katã wotsi ŋutɔ.
8 While Zechariah was serving as a priest before God, on behalf of his priestly division,
Eva eme be Zekaria ƒe hatsotso le nunɔdɔ wɔm le kɔnu la nu le Mawu ƒe ŋkume,
9 he was chosen by lot according to priestly custom to enter the Temple of the Lord and burn incense.
eye le nunɔdɔ ƒe kɔnu la nu la, woda akɔ, eye wotia Zekaria be wòawɔ subɔsubɔdɔ le Aƒetɔ la ƒe gbedoxɔ la me, eye wòado dzudzɔ.
10 During the time of offering incense a large crowd of people were praying outside.
Esi dzudzɔdoɣi ɖo la, ameha si va be yewoasubɔ la nɔ xexe nɔ gbe dom ɖa.
11 An angel of the Lord appeared to Zechariah, standing to the right of the altar of incense.
Zekaria nɔ kɔkɔeƒe la, kasia mawudɔla aɖe va do ɖe edzi zi ɖeka, eye wònɔ tsitre ɖe vɔsamlekpui la ƒe nuɖusime.
12 When Zechariah saw the angel, he was startled and became terrified.
Esi Zekaria kpɔe la, eɖi vo, eye vɔvɔ̃ dze edzi.
13 But the angel told him, “Don't be afraid, Zechariah. Your prayer has been heard, and your wife Elizabeth will bear you a son, and you shall call him John.
Gake mawudɔla la gblɔ nɛ be, “Mègavɔ̃ o, Zekaria, elabena meva be magblɔ na wò be Mawu se wò gbedodoɖa. Srɔ̃wò Elizabet le viŋutsuvi dzi ge na wò, eye nàna ŋkɔe be Yohanes.
14 He will bring you joy and gladness, and many will celebrate his birth.
Mi ame eve la miakpɔ dzidzɔ manyagblɔ aɖe le edzidzi ta, eye ame geɖewo hã atso aseye kpli mi,
15 He will be great in the sight of the Lord. He will refuse to drink wine or other alcoholic drink. He will be filled with the Holy Spirit even before he's born.
elabena ɖevi la anye gã le Aƒetɔ la ŋkume. Mano wain alo aha sesẽ aɖeke o. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ayɔ eme taŋtaŋtaŋ hafi woadzii gɔ̃ hã, eye
16 He will turn many Israelites back to the Lord their God.
akplɔ Israelvi geɖewo ava Mawu si nye woƒe Aƒetɔ la gbɔe.
17 He will go ahead of the Lord in the spirit and power of Elijah, to turn the fathers back to thinking about their children, and to turn those who are rebellious back to a right understanding—to prepare a people ready for the Lord.”
Eya adze ŋgɔ na Aƒetɔ la, anɔ Eliya ƒe gbɔgbɔ kple ŋusẽ me be wòatrɔ fofowo ƒe dziwo ɖe wo viwo ŋu, eye tomaɖolawo ɖe ame dzɔdzɔewo ƒe nunya ŋu, be wòadzra ame siwo wodzra ɖo ɖi na Aƒetɔ la ɖo.”
18 “How can I be sure about this?” Zechariah asked the angel. “I'm an old man, and my wife is getting old too.”
Zekaria bia mawudɔla la be, “Aleke mawɔ anya be esia ate ŋu ava eme, elabena metsi ŋutɔ, eye srɔ̃nye hã ku nyagã?”
19 “I am Gabriel,” the angel replied. “I stand in God's presence, and I was sent to speak to you and give you this good news.
Mawudɔla la gblɔ nɛ kple kakaɖedzi be, “Nyee nye Gabriel si nɔa Mawu ŋkume ɣe sia ɣi. Eyae dɔm be magblɔ dzidzɔnya sia na wò,
20 But since you didn't believe what I told you, you'll become dumb, unable to speak, until the appointed time when my words come true.”
gake esi mèxɔ dzinye se o ta la, wò aɖe atu, eye màgate ŋu aƒo nu o, va se ɖe esime woadzi ɖevi sia. Elabena woŋlɔ ɖi be nye nyawo ava eme pɛpɛpɛ nenye be ɣeyiɣi la ɖo.”
21 Outside the people were waiting for Zechariah, wondering why he was taking so long in the Temple.
Le ɣeyiɣi siawo katã me la, ameha si nɔ xexe la nɔ Zekaria lalam be wòado go, eye wòwɔ nuku na wo ŋutɔ be etsi gbedoxɔa me fũu nenema.
22 When eventually he came out, he wasn't able to speak to them. They realized he'd seen a vision in the Temple, for though he could make gestures, he was completely dumb.
Esi wòdo go mlɔeba la, mete ŋu ƒo nu na ame aɖeke o, ke ewɔ dzesi na wo, esi fia be ekpɔ ŋutega alo ɖeɖefia aɖe le gbedoxɔ la me.
23 After he'd finished his time of service, he went back home.
Zekaria tsi gbedoxɔ la me va se ɖe esime eƒe subɔsubɔŋkeke mamlɛawo wu enu, eye wòtrɔ yi aƒe me.
24 Some time later his wife Elizabeth became pregnant. She stayed at home for five months.
Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la srɔ̃a Elizabet fɔ fu, eye wòɣla eɖokui ɣleti atɔ̃ sɔŋ.
25 “The Lord has done this for me,” she said, “now that he's taken away my disgrace in the eyes of others.”
Elizabet gblɔ kple dzidzɔ be, “Aƒetɔ la ƒe dɔ me nyo ŋutɔ be wòɖe kotsitsi ƒe ŋukpe gã sia ɖa le dzinye.”
26 In the sixth month of her pregnancy God sent the angel Gabriel to a young girl called Mary who lived in the town of Nazareth in Galilee.
Le Elizabet ƒe fufɔfɔ ƒe ɣleti adelia me la, Mawu dɔ mawudɔla Gabriel ɖo ɖe kɔƒe aɖe si woyɔna be Nazaret, si le Galilea la me.
27 She was engaged to a man named Joseph.
Ame si gbɔ wòdɔe ɖo la nye ɖetugbi aɖe si menya ŋutsu o, eye woyɔnɛ be Maria. Wodo Maria ŋugbe na David ƒe dzidzimevi aɖe si woyɔna be Yosef la be wòaɖe.
28 The angel greeted her. “You are very privileged,” he told her. “The Lord is with you.”
Gabriel va do ɖe Maria gbɔ le vo me, eye wògblɔ nɛ be, “Ŋutifafa na wò! Wò ɖetugbi si kpɔ amenuveve! Aƒetɔ la li kpli wò.”
29 Mary was very puzzled at what he said, and wondered what this greeting meant.
Maria ɖi vo, eye eƒe susu ɖe fu nɛ ŋutɔ. Edze agbagba bu ta me le nu si tututu mawudɔla la wɔnɛ la ŋu.
30 “Don't worry, Mary,” the angel went on, “for God has shown his graciousness to you.
Mawudɔla la yi edzi gblɔ nɛ be, “Maria, mègavɔ̃ kura o, elabena Mawu ɖoe be yeayra wò nukutɔe!
31 You will become pregnant and give birth to a son. You shall call him Jesus.
Èle fu fɔ ge adzi ŋutsuvi, eye nàna ŋkɔe be ‘Yesu.’
32 He will be very great, and he will be called the Son of the Most High. The Lord God will give him the throne of David his father,
Anye ame xɔŋkɔ aɖe, eye woayɔe be Mawu Dziƒoʋĩtɔ la ƒe Vi. Aƒetɔ Mawu la atsɔ tɔgbuia David ƒe fiazikpui la nɛ.
33 and he will reign over the house of Jacob forever. His kingdom will never come to an end.” (aiōn g165)
Ale wòaɖu fia ɖe Yakob ƒe aƒe dzi, eye eƒe fiaɖuƒe mawu nu akpɔ o.” (aiōn g165)
34 “How is this possible?” Mary asked. “I'm still a virgin.”
Maria bia mawudɔla la be, “Aleke mawɔ adzi vi esi nyemenya ŋutsu kpɔ o.”
35 He replied, “The Holy Spirit will come upon you, and the power of the Most High will cover you. The baby who is to be born is holy, and will be called the Son of God.
Mawudɔla la ɖo eŋu be, “Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ava dziwò, eye Dziƒoʋĩtɔ la ƒe ŋusẽ ayɔ mewò, eya ta ɖevi si nàdzi la anɔ Kɔkɔe, eye wòanye Mawu ƒe Vi.
36 And Elizabeth, your relative, even she is pregnant in her old age. The woman that people said couldn't have children is already six months pregnant.
Gawu la, anɔ abe ɣleti adee nye esi va yi ene la, wò ƒometɔ Elizabet, ame si woyɔna be ‘konɔ’ la fɔ fu le eƒe nyagãkuku me.
37 Nothing is impossible for God.”
Elabena ŋugbe ɖe sia ɖe si Mawu do la ava me pɛpɛpɛ.”
38 “Here I am, ready to be the Lord's servant,” said Mary. “May it happen to me just as you said.” Then the angel left her.
Maria gblɔ be, “Aƒetɔ la ƒe dɔlanyɔnu menye. Nu sia nu si nègblɔ la neva eme nam.” Le esia megbe la, mawudɔla la gabu le eŋkume.
39 A little while later, Mary got herself ready and hurried up into the hills of Judea, to the town where
Le ŋkeke siawo me la, Maria tso, eye wòɖe abla yi Yudea dua me,
40 Zechariah's house was. She called out to Elizabeth as she went in.
eye wòge ɖe Zekaria ƒe aƒe me, eye wòdo gbe na Elizabet.
41 As soon as Elizabeth heard Mary's voice, the baby jumped for joy inside her. Elizabeth was filled with the Holy Spirit,
Esi Elizabet se Maria ƒe gbedodo nɛ ko la, vidzĩ si le dɔ me nɛ la ʋã kple dzidzɔ, eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ Elizabet me fũu.
42 and cried out in a loud voice, “How blessed you are among women, and how blessed will be the child born to you!
Elizabet do dzidzɔɣli, eye wògblɔ na Maria be, “Mawu ve nuwò le nyɔnuwo katã dome, eye wòɖoe be viwò la naxɔ eƒe yayra gãtɔ kekeake.
43 Why am I so honored that the mother of my Lord should visit me?
Bubu kae nye gã si nède ŋunye, be wò si nye Aƒetɔ la dada nàva kpɔm ɖa!
44 As soon as I heard you call out in greeting, my baby jumped for joy inside me.
Esi nèva do gbe nam teti ko la, vinye la ʋã le dɔ me nam le dzidzɔ ta.
45 How fortunate you are, because you are convinced that the Lord will do what he has promised you!”
Èxɔe se be Mawu awɔ ɖe ale si wògblɔ la dzi, esia tae wòyra wò alea gbegbe ɖo.”
46 Mary replied, “How I praise the Lord!
Maria ɖo eŋu na Elizabet be, “O, nye luʋɔ le Aƒetɔ la kafum ale gbegbe.
47 I am so happy with God my Savior,
Eye nye gbɔgbɔ tso aseye le Mawu nye xɔla la ŋuti.
48 because he decided that I, his servant, was worthy of his consideration, despite my humble background. From now on every generation will say I was blessed.
Elabena ekpɔ nye, eƒe subɔla sia ƒe ame gblɔe nyenye, eye tso azɔ dzi yina la, woayɔm be Mawu ƒe ame yayra tso dzidzime yi dzidzime.
49 God Almighty has done great things for me; his name is holy.
Elabena Ŋusẽtɔ la wɔ nu gãwo nam. Kɔkɔe nye eƒe ŋkɔ.
50 His mercy lasts for generation after generation to those who respect him.
Eƒe nublanuikpɔkpɔ li na ame siwo vɔ̃nɛ tso dzidzime yi dzidzime.
51 With his power he has broken to pieces those who arrogantly think they're so clever.
Ewɔ nu dzɔtsuwo kple eƒe alɔ, eye wòkaka ame siwo dana le woƒe tamesusuwo me.
52 He tears the powerful down from their thrones, and elevates those who are humble.
Eɖe fiawo ɖa le woƒe zi dzi, ke edo ame siwo bɔbɔ wo ɖokuiwo ɖe anyi la ɖe dzi.
53 He fills the hungry with good things to eat, and he sends the rich away empty-handed.
Etsɔ nu nyuiwo ɖi ƒo na dɔwuitɔwo, ke edo mɔ kesinɔtɔwo asigbɔloe.
54 He has helped his servant Israel, remembering him in mercy,
Ekpe ɖe eƒe dɔla Israel ŋu, eye wòɖo ŋku eƒe nublanuikpɔkpɔ na wo dzi
55 just as he promised our fathers, to Abraham and his descendants for ever.” (aiōn g165)
be wòakpɔ nublanui na Abraham kple eƒe dzidzimeviwo tegbee, abe ale si wòdo ŋugbee na mía fofowo ene.” (aiōn g165)
56 Mary stayed with her for three months and then returned home.
Maria nɔ Elizabet gbɔ abe dzinu etɔ̃ ene hafi trɔ yi aƒe.
57 The time came for Elizabeth to have her baby and she gave birth to a son.
Elizabet ƒe vidziɣi va ɖo, eye wòdzi ŋutsuvi.
58 Her neighbors and relatives heard how the Lord had showed her great kindness, and they celebrated together with her.
Nya sia kaka ɖo eƒe aƒelikawo kple ƒometɔwo dome kaba, ame sia ame se ale si Aƒetɔ la nyo dɔ me na Elizabet, eye wo katã wokpɔ dzidzɔ.
59 Eight days later they came to circumcise the boy. They planned to call him Zechariah after his father.
Esi ɖevia xɔ ŋkeke enyi la, ƒometɔwo kple wo xɔlɔ̃wo va kpe be yewoawɔ aʋatsotsokɔnu alo ŋkeke enyi ƒe kɔnu la. Amewo katã bu be woatsɔ fofoa ƒe ŋkɔ Zekaria nɛ,
60 “No,” Elizabeth said. “He shall be called John.”
gake Elizabet gblɔ be, “Gbeɖe, woana ŋkɔe be Yohanes.”
61 “But there's nobody among your relatives who has this name,” they told her.
Amewo do ɣli be, “Nu ka? Ame aɖeke mele wò ƒome blibo la me si woyɔna nenema o.”
62 Through gestures they asked Zechariah, the boy's father, what he wanted to call his son.
Ale womia asi ɖevia fofo, eye wobiae to asidzesiwɔwɔ me be wòayɔ ŋkɔ si woatsɔ na ɖevia.
63 Zechariah motioned for something to write on. To everyone's surprise he wrote, “His name is John.”
Zekaria na wotsɔ nuŋlɔkpe aɖe vɛ nɛ, eye nukutɔe la, eŋlɔ ɖe kpe la dzi be, “Eŋkɔe nye Yohanes.”
64 Immediately he could speak again, and he started praising God.
Enumake Zekaria ƒe nu ʋu, eye wògadze nuƒoƒo gɔme abe tsã ene. Ekafu Mawu kple dzidzɔ geɖe.
65 All those living nearby were in awe at what had happened, and the news spread throughout the hill country of Judea.
Nyadzɔdzɔ blibo la wɔ nuku na woƒe aƒelikawo ŋutɔ, eye wòkaka ɖe du siwo le Yudea togbɛ la dzi la katã me.
66 Everyone who heard the news wondered what it meant. “What will the little boy grow up to be?” they asked, for it was clear he was very special to God.
Ame sia ame si se nya sia la bua ta me le eŋu ɣeyiɣi didi aɖe, eye wòbiaa eɖokui be, “Ame ka ƒomevi ɖevi sia atsi ava zu? Elabena le nyateƒe me la, Aƒetɔ la ƒe asi le edzi le mɔ tɔxɛ aɖe nu.”
67 Zechariah, his father, filled with the Holy Spirit, spoke this prophecy:
Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ fofoa Zekaria me, eye wògblɔ nya siawo ɖi be,
68 “The Lord, the God of Israel, he is wonderful, for he has come to his people and set them free.
“Woakafu Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la, elabena eva, eye wòɖe eƒe dukɔ.
69 He has given us a great Savior from the line of his servant David,
Eɖo ɖeɖe ƒe ŋusẽ anyi na mí le eƒe dɔla, David ƒe aƒe me
70 as he promised through his holy prophets long ago. (aiōn g165)
(abe ale si wògblɔe to eƒe Nyagblɔɖila kɔkɔewo dzi le blema ene), (aiōn g165)
71 He promised to save us from our enemies, from those who hate us.
be yeaɖe mí tso míaƒe futɔwo kple ame siwo lé fu mí la ƒe asi me,
72 He was merciful to our fathers, remembering his holy agreement—
ne wòakpɔ nublanui na mía fofowo, eye wòaɖo ŋku eƒe nubabla kɔkɔe,
73 the promise that he made to our father Abraham.
kple atam si wòka na mía fofo Abraham la dzi
74 He gives us freedom from fear and rescues us from our enemies,
be yeaɖe mí tso míaƒe futɔwo ƒe asi me, ne míasubɔe vɔvɔ̃manɔmetɔe
75 so we can serve him by doing what is good and right for our whole lives.
le eŋkume le kɔkɔenyenye kple dzɔdzɔenyenye me le míaƒe ŋkekewo katã me.
76 Even though you are only a small child, you will be called the prophet of the Most High, for you will go ahead of the Lord to prepare his way,
“Ke wò, vinye, woayɔ wò be Dziƒoʋĩtɔ la ƒe Nyagblɔɖila, elabena àdze Aƒetɔ la ŋgɔ be nàdzra mɔ ɖo ɖi nɛ,
77 providing knowledge of salvation to his people through the forgiveness of their sins.
ne nàtsɔ xɔxɔ ƒe sidzedze na eƒe dukɔ to woƒe nu vɔ̃wo ƒe tsɔtsɔke me,
78 Through God's caring kindness to us, heaven's dawn will break upon us
le míaƒe Mawu la ƒe nublanuikpɔkpɔ sɔgbɔ la ta, to esia dzi ɣedzedze nyui la ava na mí tso dziƒo,
79 to shine on those who live in darkness and under the shadow of death, and to guide us along the path of peace.”
ne wòaklẽ na ame siwo le viviti me kple ku ƒe vɔvɔli te, ne wòada míaƒe afɔwo ɖe ŋutifafa ƒe mɔ dzi.”
80 The boy John grew and became spiritually strong. He lived in the desert until the time came for his public ministry to Israel.
Ɖevi la tsi, eye wòsẽ ŋu le gbɔgbɔ me. Enɔ gbedzi va se ɖe esime woɖee fia Israel blibo la le gaglãgbe.

< Luke 1 >