< Job 38 >
1 Then the Lord answered Job out of the whirlwind,
Tete Yehowa ɖo nyawo ŋu na Hiob to ahom me be,
2 “Who is this who questions my wisdom by talking so ignorantly?
“Ame ka nye esi tsɔ viviti tsyɔ nye aɖaŋudede dzi kple nya siwo gɔmesese meli na la o?
3 Prepare yourself, be strong, for I am going to question you, and you must answer me.
Tso nàbla ali dzi abe ŋutsu ene, mabia nya wò, nàɖo eŋu nam.
4 Where were you when I laid the foundation of the earth? Tell me, if you have such knowledge!
“Afi ka nènɔ esi meɖo anyigba ƒe gɔmeɖokpewo anyi? Gblɔe nam, ne èse egɔme.
5 Who decided its dimensions? Don't you know? Who stretched out a measuring line?
Ame kae dzidze eƒe kekeme kple didime? Ànyae godoo! Ame kae tsɔ dzidzeka ɖo eŋu?
6 What do its foundations rest upon? Who laid its cornerstone,
Nu ka dzi woɖo egɔme anyi ɖo? Alo ame kae ɖo eƒe dzogoedzikpe
7 when the stars of the morning sang together and all the angels shouted for joy.
esi ŋukeɣletiviwo le ha dzim ɖekae eye Mawudɔlawo katã do dzidzɔɣli?
8 Who laid down the boundaries of the sea when it was born?
“Ame kae do ʋɔ ɖe atsiaƒu nu esi wòdo go kpoyi tso dadaa ƒe dɔ me
9 Who clothed it with clouds, and wrapped it in a blanket of deep darkness?
esi metsɔ lilikpo wɔ eƒe awudodoe heblae ɖe viviti tsiɖitsiɖitsiɖi me,
10 I set its limits, marking its borders.
esi meɖo seɖoƒe nɛ, hede ʋɔtru kple gametiwo enu,
11 I said, ‘You may come here, but no farther. Here is where your proud waves stop.’
esi megblɔ be, ‘Afii ko nàse, mèkpɔ mɔ ato liƒo sia dzi o, afi sia ko wò dada kple ɖokuidodoɖedzi ase?’
12 During your lifetime, have you ever ordered the morning to begin?
“Èɖe gbe na ŋdi kpɔ tso esi wò ŋkekewo dze egɔme alo na fɔŋli nya eƒe nɔƒe,
13 Have you ever told the dawn where to appear that it might take hold of the corners of the earth and shake the wicked out?
be wòalé anyigba ƒe toga, ahaʋuʋu ame vɔ̃ɖiwo ɖa le edzia?
14 The earth is changed like clay under a seal; its features stand out like a crumpled garment.
Anyigba trɔ eƒe nɔnɔme abe anyi le nutrenu te ene, eye eƒe nɔnɔme le abe avɔ tɔ ene.
15 The ‘light’ of the wicked is taken away from them; their acts of violence are stopped.
Woxɔ ame vɔ̃ɖiwo ƒe kekeli le wo si eye woŋe woƒe abɔ si wodo ɖe dzi.
16 Have you entered the sources of the sea? Have you explored their hidden depths?
“Èzɔ mɔ yi ɖe atsiaƒu ƒe vudo me alo zɔ le gogloƒe ƒe nudiƒewo kpɔa?
17 Have you been shown where the gates of death are? Have you seen the gates of utter darkness?
Wofia ku ƒe agbowo wò kpɔa? Èkpɔ ku ƒe vɔvɔli ƒe agbowo kpɔa?
18 Do you know how far the earth extends? Tell me if you know all this!
Èse anyigba ƒe kekeme gɔmea? Gblɔe nam, ne ènya esiawo katã.
19 In which direction does light live? Where does darkness dwell?
“Afi ka mɔ si yi kekeli ƒe nɔƒe la to? Eye afi kae nye viviti nɔƒe?
20 Can you take them home? Do you know the way to where they live?
Àte ŋu akplɔ wo ayi wo nɔƒewoea? Ènya toƒe si yi ɖe wo nɔƒea?
21 Of course you know, because you were already born then! You've lived so long!
Meka ɖe edzi be ènyae elabena wodzi wò ye ma ɣi xoxo! Ƒe geɖewoe nye esia esi nèle agbe!
22 Have you been to where the snow is kept? Have you seen where the hail is held?
“Ège ɖe sno ƒe nudzraɖoƒe alo kpɔ kpetsi ƒe nudzraɖoƒe,
23 I have stored them up for the time of trouble, for the day of war and battle.
esi meɖo ɖi na xaxaɣi, aʋaŋkekewo kple aʋakpegbe la kpɔa?
24 Do you know the way to where light comes from, or to where the east wind blows over the earth?
Afi ka mɔ si wotona yia teƒe si dzikedzo kakana le alo teƒe si wokakaa ɣedzeƒeya le ɖe anyigba blibo la dzi la to?
25 Who cuts a channel for the rain to flow? Who creates a path for the thunderbolt?
Ame kae ɖo toƒe na tsi gã siwo dzana kple mɔ na ahom sesẽwo,
26 Who brings rain to an uninhabited land, to a desert where nobody lives,
be woade tsi anyigba si dzi ame mele o kple gbegbe si ame menɔ o,
27 to water a parched wasteland to make the green grass grow?
be wòaɖi kɔ na kuɖiɖinyigba gbɔlo eye wòamie gbe fɛ̃wo?
28 Does the rain have a father? Who was the father of the dewdrops?
Fofo le tsidzadza sia? Ame kae nye tɔ na ahũdzadza?
29 Who was the mother of ice? Does the frost of the air have a mother?
Ame ka ƒe dɔ mee tsikpe do tso? Ame kae dzi zãmu si dzana tso dziƒo,
30 Water turns into rock-hard ice; its surface freezes solid.
esi tsiwo do kpe abe ahlihã ene eye gogloƒewo tame zu tsikpe?
31 Can you tie together the stars of the Pleiades? Can you loosen the belt of the Orion constellation?
“Àte ŋu abla Atifieŋu siwo le keklẽma? Àte ŋu atu Avutɔ ƒe kawoa?
32 Can you guide the stars of Mazzaroth at the right time? Can you direct the Great Bear constellation and its other stars?
Àte ŋu akplɔ ŋukeɣletiviwo ado goe ne woƒe dodoɣi ɖo alo akplɔ koklonɔ kple viawoa?
33 Do you know the laws of the heavens? Can you apply them to the earth?
Ènya dziƒo ƒe sewoa? Àte ŋu aɖo Mawu ƒe fiaɖuɖu anyi ɖe anyigba dzia?
34 Can you shout to the clouds and command them to pour rain down on you?
“Àte ŋu akɔ gbe dzi ado ɣli na lilikpowo, eye nàtsɔ tsiɖɔɖɔ atsyɔ ɖokuiwò dzia?
35 Can you send out bolts of lightning and direct them, so that they can answer you saying, ‘Here we are’?
Wòe ɖo dzikedzo ɖe eƒe mɔ dzia? Ɖe wova gblɔna na wò be, ‘Míawoe nye esi’ mahã?
36 Who has placed wisdom inside people? Who has given understanding to the mind?
Ame kae tsɔ nunya na dzi alo gɔmesese na susu?
37 Who is clever enough to count the clouds? Who can turn heaven's water jars on their sides
Ame ka sie nunya le be wòaxlẽ lilikpowo? Ame kae ate ŋu aviã tsizɔ siwo le dziƒo,
38 when the dust has baked into a solid mass?
ne anyigba do kpe eye anyikɔ siwo le anyigba la lé ɖe wo nɔewo ŋu?
39 Can you hunt prey for the lion? Can you feed the lion cubs
“Wòe daa ade na dzatanɔ eye nèdia nuɖuɖu na dzatawo, ne dɔ le wo wum
40 as they crouch down in their dens and lie in wait in the bushes?
eye womlɔ woƒe dowo me alo le adeklo dzi le ave mea?
41 Who provides food for the raven when its young cry out to God, weak from starvation?
Ame kae dia nuɖuɖu na akpaviãwo, ne viawo le xɔxlɔ̃m na Mawu eye wole tsatsam le nuɖuɖu makpɔmakpɔ ta?