< Jeremiah 52 >

1 Zedekiah was twenty-one when he became king, and he reigned in Jerusalem for eleven years. His mother's name was Hamutal, daughter of Jeremiah She came from Libnah.
Zedekia xɔ ƒe blaeve-vɔ-ɖekɛ esi wòzu fia eye wòɖu fia le Yerusalem ƒe wuiɖekɛ. Dadaa ŋkɔe nye Hamutal, Yeremia ƒe vinyɔnu eye wòtso Libna.
2 He did evil in the Lord's sight, just as Jehoiakim had done.
Ewɔ nu vɔ̃ le Yehowa ŋkume, abe ale si Yehoyakim wɔe ene.
3 All this happened in Jerusalem and Judah, because of the Lord's anger, until he eventually banished them from his presence. Zedekiah rebelled against the king of Babylon.
Yehowa ƒe dziku tae nu siawo katã va Yerusalem kple Yuda dzi ɖo. Eye le nuwuwu la, eɖe wo ɖa le eƒe ŋkuta. Ke azɔ la, Zedekia dze aglã ɖe Babilonia fia ŋuti.
4 In the ninth year of Zedekiah's reign, on the tenth day of the tenth month, Nebuchadnezzar, king of Babylon, attacked Jerusalem with his entire army. He set up camp around the city and built siege ramps against the walls.
Ale le Zedekia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe asiekɛlia me, le ɣleti ewolia ƒe ŋkeke ewolia dzi la, Babilonia fia, Nebukadnezar ho kple eƒe aʋakɔ blibo la ɖe Yerusalem dua ŋuti. Woƒu asaɖa anyi ɖe gli la godo eye woƒu kpo ƒo xlã du la.
5 The city remained under siege until the eleventh year of King Zedekiah.
Woɖe to ɖe du la va se ɖe fia Zedekia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiɖekɛlia me.
6 By the ninth day of the fourth month, the famine in the city was so bad that the people had nothing left to eat.
Le ɣleti enelia ƒe ŋkeke asiekɛlia dzi la, dɔ si to ɖe dua me la nu sẽ ale gbegbe be nuɖuɖu aɖeke meganɔ dua me na ameawo woaɖu o.
7 Then the city wall was broken through, and all the soldiers ran away, escaping at night through the gate between the two walls by the king's garden, even though the Babylonians had the city surrounded. They went in the direction of the Arabah,
Kasia, woŋɔ gli si woɖo ƒo xlã du la eye asrafoha si le dua me la katã si dzo. Togbɔ be Babiloniatɔwo ɖe to ɖe dua hã la, wodze agbagba si le zãtitina to agbo si le gli eveawo dome eye wòte ɖe fia ƒe amabɔ ŋuti la me. Ale woɖo ta Araba gbegbe
8 but the Babylonian army chased after the king and caught up with him on the plains of Jericho. His whole army had scattered and left him.
gake Babilonia ƒe aʋakɔ la ti Fia Zedekia yome eye wòva tui le Yeriko tagba. Woma eya kple eƒe asrafowo dome eye asrafoawo kaka gbẽe.
9 They captured the king and took him to the king of Babylon at Riblah, where he sentenced him.
Ke wolé eya ŋutɔ. Wokplɔe yi na Babilonia fia le Ribla, le Hamatnyigba dzi, afi si wòbu fɔe le.
10 The king of Babylon slaughtered Zedekiah's sons while he watched, and also killed the officials of Judah there at Riblah.
Le Ribla la, Babilonia fia wu Zedekia ƒe viwo katã le eŋkume, hekpe ɖe Yuda ƒe dumegãwo ŋu.
11 Then he gouged out Zedekiah's eyes, and bound him in bronze shackles. The king of Babylon took him to Babylon and imprisoned him there until the day he died.
Emegbe Babilonia fia gbã Zedekia ƒe ŋkuwo heblae kple akɔblikɔsɔkɔsɔ eye wòkplɔe yi Babilonia afi si wòdee gaxɔ me ɖo va se ɖe eƒe kugbe.
12 On the tenth day of the fifth month, in the nineteenth year of Nebuchadnezzar, king of Babylon, Nebuzaradan, the commander of the guard, an officer of the king of Babylon, entered Jerusalem.
Le ɣleti atɔ̃lia ƒe ŋkeke ewoa gbe, le fia Nebukadnezar ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiasiekɛlia me la, Nebuzaradan, aʋafia si wɔ dɔ le Babilonia fia te la va Yerusalem.
13 He burned down the Lord's Temple, the royal palace, and all the large buildings of Jerusalem.
Etɔ dzo Yehowa ƒe gbedoxɔ, fiasã la kple aƒe siwo le Yerusalem. Vavã, etɔ dzo aƒe vevi ɖe sia ɖe.
14 The whole Babylonian army under the commander of the guard knocked down all the walls around Jerusalem.
Babiloniatɔwo ƒe aʋakɔ blibo si le aʋafia la ƒe kpɔkplɔ te la gbã Yerusalem ƒe gliwo katã keŋkeŋ.
15 Nebuzaradan, the commander of the guard, deported some of the poor people and those who were left in the city, even those who had gone over to the side of the king of Babylon, as well as the rest of the craftsmen.
Aʋafia, Nebuzaradan kplɔ ame dahewo, ame siwo susɔ ɖe dua me kple aɖaŋudɔwɔlawo kple ame siwo si Babilonia fia tso la yi aboyo mee.
16 But Nebuzaradan allowed others of the poor people who were left in the country to stay and take care of the vineyards and the fields.
Gake Nebuzaradan gblẽ anyigba la ƒe ame dahewo ɖi be woawɔ dɔ le waingblewo kple agble bubuwo dzi.
17 The Babylonians broke into pieces the bronze pillars, the movable carts, and the bronze Sea that belonged to the Lord's Temple, and they took all the bronze to Babylon.
Babiloniatɔwo gbã akɔblisɔti, akɔblizɔ kple woƒe anyinɔwo le Yehowa ƒe gbedoxɔ me eye wolɔ akɔbliawo katã yi Babilonia.
18 They also took all the pots, shovels, lamp snuffers, sprinkling bowls, and all the other bronze items used in the Temple service.
Wotsɔ zɔwo, sofiwo, akaɖiɖovusẽhɛ, treawo, agbawo kple akɔblinu siwo ŋu dɔ wowɔna le subɔsubɔ me le gbedoxɔ me la hã dzoe.
19 The commander of the guard removed the basins, censers, sprinkling bowls, pots, lampstands, dishes and bowls, anything that was made of pure gold or silver.
Fiaŋusrafowo ƒe tatɔ la tsɔ gagbawo, dzoɖesonuwo, trewo, zewo, akaɖitiwo, nuɖugbawo kple gagba siwo ŋu dɔ wowɔna le nunovɔsa me la hã dzoe, nu siwo wowɔ kple sika nyuitɔ alo klosalo.
20 The amount of bronze that came from the two columns, the Sea, the twelve bronze bulls under it, and the movable carts, which Solomon had made for the Lord's Temple, all of this weighed more than could be measured.
Akɔbli si woɖe le akɔblisɔti eveawo, gazɔwo kple akɔblinyitsu wuieve siwo le wo te kple eƒe afɔtiwo ŋuti, siwo fia Solomo wɔ na Yehowa ƒe gbedoxɔ, nu siawo katã ƒe akɔbli mele dada me o.
21 Each column was eighteen cubits tall and twelve cubits around. They were hollow with walls four fingers thick.
Sɔti ɖe sia ɖe kɔkɔ “mita” asiekɛ, eye wòkeke “mita” ade, ɖe sia ɖe ƒe titrime anye asibidɛ ene eye do le wo me.
22 The bronze capital on top of one column was five cubits high, with a network of bronze pomegranates around it. The second column was the same, and also had a decorative network.
Wotsɔ akɔbli wɔ kukuvi ɖe sɔti ɖe sia ɖe tame, kukuvi ɖe sia ɖe ƒe kɔkɔme nye “mita” eve kple afã. Wolɔ̃ ɖɔ tɔxɛ aɖe tsɔ do atsiã na kukuviawo godoo va kpe eye nenema ke wotsɔ akɔbli wɔ nu si woyɔna be yevuboɖa la ɖe kukuviawo ŋuti godoo va kpe ɖe atsiã tɔxɛ me. Nɔnɔme sia tɔgbi ke mee wowɔ sɔti evelia hã ɖo.
23 There were ninety-six bronze pomegranates around each column. Above the network were a total of one hundred pomegranates.
Yevuboɖa blaasiekɛ-vɔ-ade le axawo dzi, eye esiwo katã wolɔ̃ ƒo xlã sɔtiawo la le alafa ɖeka.
24 The commander of the guard took as prisoners Seraiah, the chief priest, Zephaniah the priest, second in rank, and the three Temple doorkeepers.
Aʋafia la ɖe aboyo nunɔlagã Seraya, eƒe kpeɖeŋutɔ, Zefania kple agbonudzɔla etɔ̃awo.
25 From those left in the city he took the officer in charge of the soldiers, and seven of the king's advisors. He also took the secretary to the army commander who was in charge of calling up the people for military service, and sixty other men who were present in the city.
Ekplɔ asrafo siwo gale aʋa wɔm la ƒe amegã kple fia ƒe aɖaŋuɖola adre, le ame siwo gasusɔ ɖe dua me la dome dzoe. Egakplɔ agbalẽŋlɔla si nye dɔnunɔlagã si dia amewo dea asrafodɔ me kple eŋutime blaade siwo ŋu wòke ɖo le dua me la hã dzoe.
26 Nebuzaradan, the commander of the guard, took them and brought them before the king of Babylon at Riblah.
Aʋafia Nebuzaradan kplɔ wo yi na Babilonia fia le Ribla.
27 The king of Babylon had them executed at Riblah in the land of Hamath. So the people of Judah had to leave their land.
Le Ribla, le Hamatnyigba dzi, afi ma fia la na wowu wo ɖo. Ale Yuda yi aboyo me, hedzo le eƒe denyigba dzi.
28 This is a record of the number of people Nebuchadnezzar took into exile. In the seventh year of his reign he took 3,023 Judeans.
Esia nye ame siwo Nebukadnezar kplɔ yi aboyo mee la ƒe xexlẽme: Le eƒe ƒe adrelia me, Yudatɔwo, ame akpe etɔ̃ kple blaeve-vɔ-etɔ̃;
29 In his eighteenth year Nebuchadnezzar took another 832 from Jerusalem.
Le Nebukadnezar ƒe ƒe wuienyilia me, Yerusalemtɔ alafa enyi kple blaetɔ̃-vɔ-eve;
30 In his twenty-third year of Nebuchadnezzar's reign, Nebuzaradan, the commander of the guard, took another 745 Judeans, making a total of 4,600.
Le eƒe ƒe blaeve-vɔ-etɔ̃lia me, Yudatɔ alafa adre blaene-vɔ-atɔ̃, ame siwo aʋafia Nebuzaradan kplɔ dzoe. Aboyomeyilawo katã le ame akpe ane, alafa ade.
31 In the year Evil-merodach became king of Babylon, he released Jehoiachin, king of Judah, from prison. This happened on the twenty-fifth day of the twelfth month of the thirty-seventh year of the exile of Jehoiachin, king of Judah.
Le Yuda fia, Yehoyatsin ƒe aboyomenɔnɔ ƒe ƒe blaetɔ̃-vɔ-adrelia me, le ƒe si me Evil Merodak zu fia le Babilonia la, eɖe Yuda fia Yehoyatsin tso gaxɔ me le ɣleti wuievelia ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-atɔ̃lia dzi.
32 The king of Babylon treated him well him and gave him a position of honor higher than the other kings there with him in Babylon.
Eƒo nu nɛ lɔlɔ̃tɔe eye wòna bubuteƒe si kɔ wu fia siwo katã li kpli le Babilonia la tɔ.
33 So Jehoiachin was able to remove his prison clothes, and he ate frequently at the king's table for the rest of his life.
Ale Yehoyatsin ɖe eƒe gaxɔmewu da ɖi, heɖu nu le fia ƒe kplɔ̃ ŋu le eƒe agbemeŋkekewo katã me.
34 The king provided Jehoiachin with a daily allowance for the rest of his life until he died.
Babilonia fia naa Yehoyatsin ƒe gbe sia gbe nuhiahiãwoe le eƒe agbemeŋkeke mamlɛawo me va se ɖe eƒe kugbe.

< Jeremiah 52 >