< Jeremiah 11 >
1 This is the Lord's message that came to Jeremiah:
Esiae nye gbe si tso Yehowa gbɔ va na Yeremia.
2 Listen to the terms of this agreement, and then repeat them to the people of Judah and Jerusalem.
“Ɖo to nubabla sia me nyawo ne nàgblɔ wo na Yudatɔwo kple ame siwo le Yerusalem.
3 Tell them this is what the Lord, the God of Israel, says: You are cursed if you don't obey the terms of this agreement.
Gblɔ na wo be ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Fiƒode le ame si mewɔ ɖe nubabla sia me nyawo dzi o la dzi.
4 I made this agreement with your forefathers when I led them out of Egypt, out of the iron-making furnace, saying, “Obey me, and do everything I order you to do, and you will be my people, and I will be your God.”
Nya siwo ƒe se mede na mia fofowo esi mekplɔ wo do goe tso Egipte, tso galolõkpodzo me.’ Megblɔ be, ‘Miɖo tom, miwɔ nu siwo katã meɖo na mi, ekema mianye nye dukɔ eye nye hã manye miaƒe Mawu.
5 I did this to fulfill what I promised to your forefathers—to give them a land flowing with milk and honey, as it still is today. Amen, Lord, I answered.
Ekema mawɔ ɖe atam si meka na mia fofowo be matsɔ anyigba si le dzidzim kple notsi kple anyitsi na wo la dzi.’ Esiae nye anyigba si dzi miele egbea.” Meɖo eŋu be, “Amen, Yehowa.”
6 Then the Lord told me, Go and publicly announce this whole message in the towns of Judah and in the streets of Jerusalem, saying: Pay attention the terms of this agreement and do what they say.
Yehowa gblɔ nam be, “Ɖe gbeƒã nya siawo katã le Yuda duwo kple Yerusalem ƒe ablɔwo dzi be ‘Miɖo to nubabla sia me nyawo ne mialé wo me ɖe asi.
7 From the time I led your forefathers out of Egypt until now, I seriously warned them time and again, saying, “Do what I tell you!”
Tso gbe si gbe mekplɔ mia fofowo do goe tso Egipte va se ɖe egbe sia la, mexlɔ̃ nu wo zi geɖe be, “Miɖo tom.”
8 But they refused to obey, they wouldn't listen. Instead each of them followed their own stubborn and evil thinking. I had ordered them to follow the agreement, but they didn't do so. So I brought down on them all the curses contained in the agreement.
Ke womeɖo to alo see nam o, ke boŋ wodze woƒe dzi vɔ̃ɖiwo ƒe tosesẽ yome. Ale mehe fiƒode siwo katã megblɔ da ɖi ɖe nubabla la dzi dalawo ŋu la va wo dzi.’”
9 The Lord told me, There is a rebellion happening among the people of Judah and those living in Jerusalem.
Tete Yehowa gblɔ nam be, “Nugbeɖoɖo aɖe le Yudatɔwo kple Yerusalem nɔlawo dome.
10 They have gone back to the sins of their forefathers who refused to obey what I said. They have gone to worship other gods. The people of Israel and Judah have broken the agreement I made with their forefathers.
Wotrɔ yi wo fofowo ƒe nu vɔ̃wo gbɔ, ame siwo gbe nye gbe sese. Wokplɔ mawu bubuwo ɖo be yewoasubɔ wo. Israel ƒe aƒe la kple Yuda ƒe aƒe la siaa tu nubabla si mewɔ kple wo fofowo.
11 So this is what the Lord says: I'm going to bring upon them a disaster they won't be able to escape. They will cry out to me for help, but I won't listen to them.
Eya ta ale Yehowa gblɔe nye si, ‘Mahe gbegblẽ si nu womate ŋu asi le o la ava wo dzi togbɔ be woado ɣli ayɔm hã la, nyematɔ na wo o.
12 Then the people in the towns of Judah and Jerusalem will go and call out for help to the gods they've been burning incense to, but these gods won't be able to do anything to save them in their time of trouble.
Yuda ƒe duwo kple Yerusalem nɔlawo afa avi na woƒe mawu siwo wodoa dzudzɔ ʋeʋĩ na gake womate ŋu akpe ɖe wo ŋuti ne gbegblẽ siawo katã va ƒo ɖi o.
13 You certainly have as many gods as you have towns, Judah! You have built shameful altars, altars to burn incense to Baal. You have as many altars as the streets of Jerusalem.
O Yuda, wò mawuwo sɔ gbɔ abe wò duwo ene, eye nuxeƒe siwo nèɖo be yeanɔ dzudzɔ ʋeʋĩ dom na ŋukpenamawu, Baal la sɔ gbɔ abe Yerusalem ƒe ablɔwo ene.’
14 Jeremiah, don't pray for these people. Don't cry for help or offer a prayer on their behalf, because I won't be listening when they cry out to me in the time of their trouble.
“Mègado gbe ɖa ɖe ame siawo ta o, mègaɖe kuku ɖe wo nu o, eye mègabia naneke na wo o, elabena ne woyɔm le xaxaɣi la, nyemaɖo to wo o.
15 What right do the people I love have to be in my Temple when they've done so many evil things? Do you think the meat of sacrifices will save you? When disaster strikes will you be happy?
“Nu ka wɔm nye lɔlɔ̃tɔ le le nye gbedoxɔ la me, le esime wowɔ nu tovowo kple ame geɖewo? Ɖe wò vɔsalã kɔkɔewo ate ŋu aɖe wò le tohehe mea? Elabena ne èle nu tovowo wɔm la, dzi nɔa dzɔwòm.”
16 At one time the Lord said you were a healthy olive tree, full of leaves and bearing beautiful fruit. But with a great noise he will set fire to it, destroying its branches.
Yehowa na ŋkɔ wò be amiti dama si dzi kutsetse nyuiwo le. Gake le gbeɖeɖe aɖe abe ahom sesẽ ene me la, ana dzo afiae eye eƒe alɔdzewo hã afia keŋkeŋ.
17 I, the Lord Almighty, was the one who planted you, but I have announced you will be destroyed because of the evil that the people of Israel and Judah have committed, making me angry by burning incense to Baal.
Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, ame si li ke wò la ɖo gbegblẽ ɖe ŋuwò elabena Israel ƒe aƒe kple Yuda ƒe aƒe wɔ vɔ̃ eye wodo dziku nɛ le ale si wodo dzudzɔ ʋeʋĩ na Baal la ta.
18 The Lord told me about it, so I knew. Then he showed me what they were actually doing.
Esime Yehowa ɖe woƒe nugbeɖoɖowo fiam la, menyae, elabena le ɣe ma yi la, efia nu siwo wɔm wonɔ lam.
19 I was like a trusting little lamb being led away to be slaughtered. I didn't know that they had been plotting against me. They said, “Let's destroy the tree along with everything it produces. Let's kill him so no one will even remember his name.”
Menɔ abe alẽvi si wokplɔ yina wuwu ge la ene; nyemekpɔe dze sii be woɖo nugbe ɖe ŋutinye le gbɔgblɔm be, “Mina míagblẽ ati la kple eƒe kutsetse, mina míaɖee ɖa le agbagbeawo ƒe anyigba dzi, ale be womagaɖo ŋku eƒe ŋkɔ dzi gbeɖegbeɖe o.”
20 I appeal to you, Lord Almighty, you who judge rightly and examine peoples thoughts and feelings, let me see how you punish them, because I've left my case in your hands.
Ke, O Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, wò ame si drɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe, doa dzi kple tamesusu kpɔ la, na makpɔ wò hlɔ̃biabia si le wo dzi va ge elabena asiwò me metsɔ nye nya dee.
21 So this is what the Lord says about the people of Anathoth who are trying to kill you, telling you, “Don't prophesy in the name of the Lord, or we'll kill you.”
“Eya ta ale Yehowa gblɔ tso Anatɔt ŋutsuwo, ame siwo le wò agbe yome tim eye wole gbɔgblɔm be, ‘Mègagblɔ nya ɖi le Yehowa ƒe ŋkɔ me o, ne menye nenema o la, míawu wò.’
22 This is the reply of the Lord Almighty: I will punish them. Their young men will killed by the sword, their sons and daughters will be killed by famine.
Le esia ta, ale Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: ‘Mahe to na wo. Woƒe ɖekakpuiwo atsi yi nu, dɔwuame atsrɔ̃ wo viŋutsuwo kple vinyɔnuwo.
23 There won't be anyone left because I will bring disaster on the people of Anathoth at the time when they're punished.
Ame aɖeke masusɔ o, elabena mahe dzɔgbevɔ̃e gã aɖe ada ɖe Anatɔt ŋutsuwo dzi le ƒe si meɖo be mahe to na wo la me.’”