< 2 Kings 18 >
1 Hezekiah, son of Ahaz, became king of Judah in the third year of the reign of Hoshea, son of Elah, king of Israel.
Le Israel fia, Hosea, Ela ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe etɔ̃lia me la, Yuda fia, Ahaz ƒe viŋutsu Hezekia zu fia.
2 He was twenty-five when he became king, and he reigned in Jerusalem for twenty-nine years. His mother's name was Abi, daughter of Zechariah.
Edze fiaɖuɖu gɔme esi wòxɔ ƒe blaeve vɔ atɔ̃. Eɖu fia ƒe blaeve-vɔ-asiekɛ le Yerusalem. Dadaa ŋkɔe nye Abiya, Zekaria ƒe vinyɔnu.
3 He did what was right in the Lord's sight, following all that his forefather David had done.
Eɖu fia nyuie le Mawu ƒe ŋkume abe fofoa, David ene.
4 He removed the high places, smashed the stone idols, and cut down the Asherah poles. He ground to pieces the bronze snake Moses had made, because up to then the Israelites had been sacrificing offerings to it. It was called Nehushtan.
Hezekia gbã nuxeƒe siwo nɔ toawo dzi kple woƒe aƒeliwo. Eho aƒeliwo, hegbã akɔblida si Mose wɔ eye wona ŋkɔe be Nehustan elabena va se ɖe fifia la, Israelviwo gadoa dzudzɔ nɛ.
5 Hezekiah put his trust in the Lord, the God of Israel. Among the kings of Judah there was no one like him, neither before him nor after him.
Exɔ Yehowa, Israel ƒe Mawu la dzi se kple dzi blibo eye fia siwo do ŋgɔ nɛ kple esiwo kplɔe ɖo la dometɔ aɖeke menɔ Yehowa ŋu kplikplikpli kpɔ abe eya ene o.
6 He stayed faithful to the Lord and did not give up following him. He kept the commandments that the Lord had given Moses.
Elé ɖe Yehowa ŋu eye megbugbɔ le eyome o. Elé se siwo katã Yehowa de na Mose la me ɖe asi.
7 The Lord was with him; he was successful in everything he did. He defied the king of Assyria and refused to submit to him.
Yehowa nɔ kplii eye wòna nu sia nu si wòwɔ la dze edzi nɛ. Etso ɖe Asiria fia ŋu eye mesubɔe o.
8 He defeated the Philistines all the way to Gaza and the surrounding area, from watchtower to fortified town.
Hezekia ɖu Filistitɔwo dzi tso gbetakpɔxɔ dzi va se ɖe du siwo woɖo gli ƒo xlãe la dzi; eɖu Filistitɔwo dzi yi ɖe Gaza kple eƒe nutowo me ke.
9 In the fourth year of Hezekiah's reign, equivalent to the seventh year of the reign of Hoshea, son of Elah, king of Israel, Shalmaneser, king of Assyria, attacked Samaria, besieging it.
Le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enelia si nye Fia Hosea, Ela vi, ƒe fiaɖuɖu le Israel ƒe ƒe adrelia me la, Asiria fia, Salmaneser, ho aʋa ɖe Israel ŋu eye wòɖe to ɖe Samaria du la.
10 The Assyrians conquered it after three years. This was during the sixth year of Hezekiah, equivalent to the ninth year of Hoshea, king of Israel.
Le ƒe etɔ̃ megbe, si nye Fia Hezekia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe adelia kple Israel fia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe asiekɛlia me la, woɖu Samaria dzi.
11 The king of Assyria deported the Israelites to Assyria. He settled them in Halah, in Gozan on the Habor River, and in the towns of the Medes.
Ɣe ma ɣie Asiria fia ɖe aboyo Israelviwo yi Asiria eye wòda wo ɖe Hala du la me kple teƒe siwo le Habor tɔsisi la to le Gozan kple Mediatɔwo ƒe duwo me.
12 This happened because they refused to listen to the Lord their God and broke his agreement—all that Moses, the Lord's servant, had commanded. They refused to listen and did not obey.
Eva eme alea elabena Israelviwo gbe toɖoɖo Yehowa, woƒe Mawu la eye womewɔ nu si wòdi be woawɔ la o, ke boŋ woda le eƒe nubabla la dzi eye wogbe se siwo katã Mose, Yehowa ƒe dɔla de na wo la dzi wɔwɔ.
13 Sennacherib, king of Assyria, attacked and conquered all the fortified towns of Judah in the fourteenth year of the reign of Hezekiah.
Emegbe le Fia Hezekia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuienelia me la, Asiria fia, Senakerib ɖe to ɖe Yuda du siwo katã woglã la eye wòɖu wo dzi.
14 So Hezekiah, king of Judah, sent a message to the king of Assyria who was at Lachish, saying, “I've made a terrible mistake! Please retreat and leave me alone, and I'll pay you whatever you want!” The king of Assyria demanded Hezekiah, king of Judah, pay three hundred talents of silver and thirty talents of gold.
Fia Hezekia ɖe kuku, bia ŋutifafa eye wòɖo du ɖe Asiria fia le Lakis be, “Meda vo eya ta maxe fe ɖe sia ɖe si nàbla nam ne àdzo le nye anyigba dzi ko.” Ale Asiria fia bia be wòaxe klosalo kilo akpe ewo kple sika kilo akpe ɖeka na ye.
15 Hezekiah paid him using all the silver from the Lord's Temple and the treasuries of the royal palace.
Hena ga home sia kpɔkpɔ la, Fia Hezekia dzra klosalo si wodzra ɖo ɖe gbedoxɔ la kple fiasã la ƒe nudzraɖoƒewo me.
16 He even stripped the gold he had used to overlay the doors and doorposts of the Lord's Temple and gave everything to the king of Assyria.
Etsɔ sika si wofa ɖe gbedoxɔ la ƒe ʋɔtruwo ŋu kple esi eya ŋutɔ fa ɖe ʋɔtrutiwo ŋu gɔ̃ hã la katã na Asiria fia.
17 Even so, the king of Assyria sent his commander in chief, his head officer, and his army general, along with a large army, from Lachish to King Hezekiah at Jerusalem. They approached Jerusalem and made camp beside the aqueduct of the upper pool, on the road to where laundry is washed.
Togbɔ be Fia Hezekia wɔ nu sia hã la, Asiria fia ɖo eƒe aʋafia, aʋakplɔlawo ƒe amegã, gadzikpɔlawo ƒe tatɔ kple asrafo siwo le gbedzi la ƒe amegã ɖa tso Lakis kple aʋakɔ gã aɖe ɖe Fia Hezekia gbɔ le Yerusalem. Esi wova ɖo Yerusalem la, woƒu asaɖa anyi ɖe mɔ gã la to le afi si woɖaa avɔ le le Dzigbeta la to.
18 They called for the king. Eliakim, son of Hilkiah, the palace manager, Shebnah the scribe, and Joah, son of Asaph, the record-keeper, went out to speak with them.
Wobia tso Fia Hezekia si be wòava ƒo nu kple yewo, ke Hezekia ɖo Eliakim, Hilkia ƒe vi si nye eƒe asitsanyawo dzi kpɔla, Sebna, eƒe nuŋlɔla kple Yoa, Asaf ƒe vi, dukɔwo ƒe ŋutinyanyala ɖa be woabia ŋutifafa.
19 The Assyrian army general said to them, “Tell Hezekiah this is what the great king, the king of Assyria, says: What are you trusting in that gives you such confidence?
Aʋafia la gblɔ na wo be, “Gblɔ na Hezekia be, “Ale Asiria fia, fiagã la gblɔe nye esi: ‘Nu ka dzie nètu wò dzideƒo sia ɖo?
20 You say you have a strategy and are ready for war, but these are empty words. Who are you relying on, now that you have rebelled against me?
Ègblɔ be, aʋawɔmɔnuwo kple aʋawɔwɔ ƒe ŋusẽ le ye si, ke nya dzodzrowo ko gblɔm nèle. Ame ka ŋue nèle ŋu ɖom ɖo hafi dze aglã ɖe ŋunye?
21 Now look! You're trusting in Egypt, a walking stick that's like a broken reed that will cut the hand of anyone leaning on it. That's what Pharaoh, king of Egypt, is like to everyone who trusts in him.
Kpɔ ɖa, azɔ la, èle ŋu ɖom ɖe Egipte ŋu, Egipte si nye aƒla ŋeŋe si tɔa asi na ame, dea abi ame ŋu ne èziɔ ɖe eŋu. Nenema tututue Farao, Egipte fia le ɖe ame sia ame si ɖoa ŋu ɖe eŋu la ŋuti.
22 If you tell me, ‘We're trusting in the Lord our God,’ well didn't Hezekiah remove his high places and his altars, telling Judah and Jerusalem: ‘You have to worship at this altar in Jerusalem’?
Ne ègblɔ be, “Míele ŋu ɖom ɖe Yehowa, míaƒe Mawu la ŋu” la, ɖe menye eya ƒe nuxeƒewo kple vɔsamlekpuiwoe Hezekia gbã, hegblɔ na Yuda kple Yerusalem be, “Ele na mi be miasubɔ le vɔsamlekpui sia ŋgɔ le Yerusalem” oa?
23 Why don't you accept a challenge from my master, the king of Assyria? He says, I'll give you two thousand horses, if you can find enough riders for them!
“‘Va azɔ ne nàtso gbe kple nye aƒetɔ Asiria fia. Matsɔ sɔ akpe eve na wò ne àte ŋu akpɔ wo dolawo ko!
24 How could you defeat even a single officer in charge of the weakest of my master's men when you're trusting in Egypt for chariots and horsemen?
Togbɔ be nèle dzi ɖom ɖe Egipte ŋu be wòana tasiaɖamwo kple sɔdolawo wò hã la, aleke nàte ŋu awɔ aɖu nye aƒetɔ ƒe aʋafiawo dometɔ suetɔ gɔ̃ hã dzi?
25 More than that—would I have come to attack this pace without the Lord's encouragement? It was the Lord himself who told me, ‘Go and attack this land and destroy it.’”
Gawu la, ɖe meva be madze teƒe sia dzi atsrɔ̃e ne nyemexɔ gbe tso Yehowa gbɔ oa? Yehowa ŋutɔe gblɔ nam be mava ƒo ɖe dukɔ sia dzi ne matsrɔ̃e.’”
26 Eliakim, son of Hilkiah, together with Shebnah and Joah, said to the army general, “Please speak to us, your servants, in Aramaic, for we understand it. Don't speak to us in Hebrew while the people on the wall are listening.”
Eliakim, Hilkia ƒe vi, Sebna kple Yoa gblɔ na wo be, “Míeɖe kuku ƒo nu na mí le Aramgbe me elabena míese Aramgbe. Migaƒo nu na mí le Hebrigbe me o: ame siwo le glia dzi la ava se míaƒe nyawo.”
27 But the army general replied, “Did my master only send me to say these things to your master and to you, and not to the people sitting on the wall? They too, just like you, are going to have to eat their own excrement and drink their own urine!”
Ke Asiriatɔwo ƒe aʋafia la ɖo eŋu be, “Ɖe nye aƒetɔ ɖom ɖa be maƒo nu na mi kple miaƒe aƒetɔ koa? Ɖe meɖom ɖe ame siwo le glia dzi la hã gbɔ oa? Elabena evɔ na wo abe miawo ke ene. Woaɖu woawo ŋutɔ ƒe afɔdzi eye woano woawo ŋutɔ ƒe aɖuɖɔ!”
28 Then the army general shouted out in Hebrew, “Listen to this from the great king, the king of Assyria!
Tete aʋafiagã la te va hedo ɣli gblɔ le Hebrigbe me be, “Mise Asiria fia, fiagã la ƒe nya!
29 This is what the king says: Don't let Hezekiah trick you! He can't save you from me!
Ale fia la gblɔe nye esi, migana Hezekia nable mi o. Mate ŋu aɖe mi tso nye asi me o!
30 Don't believe Hezekiah when he tells you to trust in the Lord, saying, ‘I'm certain the Lord will save us. This city will never fall into the hands of the king of Assyria.’
Migana Hezekia nable mia nu be, miɖo dzi ɖe Yehowa ŋu o, esime wògblɔ be, ‘Yehowa aɖe mi godoo; womatsɔ du sia ade asi na Asiria fia o.’
31 Don't listen to Hezekiah. This is what the king says: Make a peace treaty with me and surrender to me. That way everyone will eat from their own vine and their own fig tree, and drink water from their own well!
“Migaɖo to Fia Hezekia o. Nya si Asiria fia gblɔe nye esi: Miwɔ ŋutifafa kplim eye miava gbɔnye. Ekema mia dometɔ ɖe sia ɖe aɖu nu tso eya ŋutɔ ƒe wain kple gboti me eye wòano tsi tso eya ŋutɔ ƒe vudo me
32 I will come and take you to a land that's like your own, a land of grain and new wine, a land of bread and vineyards, a land of olive trees and honey. Then you will live and not die. But don't listen to Hezekiah, for he's tricking you when he says, ‘The Lord will deliver us.’
va se ɖe esime mava akplɔ mi ayi anyigba si ɖi mia tɔ la dzi, anyigba si dzi bli kple wain yeye le, afi si abolo bɔ ɖo eye waingblewo le, afi si amitiwo kple anyitsi le. Mitia agbe, ke menye ku o! “Migaɖo to Hezekia o, elabena ele mia flum ne egblɔ be, ‘Yehowa axɔ na mí.’
33 Have any of the gods of any nation ever saved their land from the power of the king of Assyria?
Dukɔ bubu aɖe ƒe mawuwo ɖe eƒe amewo tso Asiria fia ƒe asi me kpɔa?
34 Where were the gods of Hamath and Arpad? Where were the gods of Sepharvaim, Hena, and Ivvah? Were they able to save Samaria from me?
Nya kae dzɔ ɖe Hamat, Arpad, Sefarvaim, Hena kple Iva ƒe mawuwo dzi? Ɖe woɖe Samaria?
35 Which one of all the gods of these countries has saved their land from me? How then could the Lord save Jerusalem from me?”
Ke mawuwo dometɔ kawoe le dukɔ siawo katã me si te ŋu ɖe eƒe anyigba tso nye asi me kpɔ hafi Yehowa ya ate ŋu aɖe Yerusalem tso nye asi me?”
36 But the people remained silent and didn't say anything, for Hezekiah had given the order, “Don't answer him.”
Ke ame siwo nɔ glia dzi la meke nu o, elabena woƒe fia de se na wo be, womegagblɔ nya aɖeke o.
37 Then Eliakim, son of Hilkiah, the palace manager, Shebna the scribe, and Joah, son of Asaph, the record-keeper, went to Hezekiah with their clothes torn, and they told him what the Assyrian army general had said.
Azɔ la, Eliakim, Hilkia ƒe vi, asitsanyawo dzikpɔla la kple Sebna, fia ƒe nuŋlɔla kple Yoa, Asaf ƒe vi, dukɔwo ƒe ŋutinyanyala dze woƒe awuwo eye woyi Fia Hezekia gbɔ hegblɔ nya siwo Asiriatɔwo ƒe aʋafia la gblɔ na wo la nɛ.