< 2 Kings 16 >

1 Ahaz, son of Jotham, became king of Judah in the seventeenth year of the reign of Pekah, son of Remaliah.
Le Peka, Remalia ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiadrelia me la, Ahaz, Yotam ƒe vi, zu fia le Yuda.
2 Ahaz was twenty when he became king, and he reigned in Jerusalem for sixteen years. But unlike David his forefather, he did not do what was right in the sight of the Lord his God.
Ahaz xɔ ƒe blaeve esi wòzu fia eye wòɖu fia le Yerusalem ƒe wuiade. Mewɔ nu si dzɔ le Yehowa, eƒe Mawu la ŋkume abe ale si tɔgbuia, Fia David wɔ ene o.
3 He followed the ways of the kings of Israel, and he even sacrificed his son in the fire, participating in the disgusting practices of the nations the Lord had driven out before the Israelites.
Eto Israel fiawo ƒe ʋeme eye wòtsɔ Via ŋutsu gɔ̃ hã wɔ dzovɔsa eye wòdze ŋunyɔnu siwo ke dukɔ siwo Yehowa nya le Israelviwo ŋgɔ la yome.
4 He sacrificed and presented burnt offerings on the high places and on the hills and under every green tree.
Esaa vɔ eye wòdoa dzudzɔ hã le nuxeƒewo le toawo dzi kple le vɔsamlekpui geɖe siwo le atiwo te la dzi.
5 Rezin, king of Aram, and Pekah, son of Remaliah, king of Israel, came and attacked Jerusalem. They besieged Ahaz but couldn't defeat him.
Siria fia Rezin kple Israel fia Peka, Remalia ƒe vi ho aʋa ɖe Ahaz ŋu eye woɖe to ɖe Yerusalem, ke womete ŋu ɖu edzi o.
6 This was when Rezin, king of Aram, recovered Elath for Edom. He expelled the people of Judah, and sent Edomites to Elath, where they still live to this day.
Le ɣe ma ɣi la, Siria fia Rezin gbugbɔ Siria du si nye Elat la xɔ. Enya Yudatɔwo le dua me eye wòna Edomtɔwo yi ɖanɔ afi ma; wogale Elat va se ɖe egbe.
7 Ahaz sent messengers to Tiglath-pileser, king of Assyria, saying, “I'm your servant, and your son. Please come and rescue me from the kings of Aram and Israel who are attacking me.”
Fia Ahaz ɖo du ɖe Asiria fia, Tiglat Pilser eye wòɖe kuku nɛ be, “Wò subɔlawo kple viwòwoe míenye, meɖe kuku, va nàɖem tso Aram fia kple Israel fia, ame siwo tso ɖe ŋunye la ƒe asi me.”
8 Ahaz took the silver and gold from the Lord's Temple and from the treasuries of the king's palace, and he sent it to the king of Assyria as a gift.
Ahaz tsɔ klosalo kple sika si le gbedoxɔ la kple fiasã la ƒe nudzraɖoƒewo me la ɖo ɖe Asiria fia la abe nunana ene.
9 The king of Assyria responded positively to him. He went and attacked Damascus, and captured it. He deported its inhabitants to Kir and executed Rezin.
Ale Asiriatɔwo dze Damasko, Siria ƒe fiadu dzi, woɖe aboyo dua me tɔwo yi ɖada ɖe Kir eye wowu Siria fia Rezin.
10 King Ahaz went to Damascus to meet Tiglath-Pileser, king of Assyria. During his visit he saw an altar in Damascus, and he sent Uriah the priest a drawing of the altar, along with instructions how to build it.
Azɔ la, Fia Ahaz yi Damasko be yeawɔ takpekpe kple Asiria fia Tigat Pilser. Ekpɔ vɔsamlekpui aɖe le Damasko. Eŋlɔ vɔsamlekpui la ƒe dzidzemewo da ɖi, ta vɔsamlekpui la, ɖɔe tsitotsito ɖo ɖe nunɔla Uria.
11 So Uriah the priest built an altar following all the instructions King Ahaz had sent from Damascus, completing it before King Ahaz returned.
Ale nunɔla Uria tu vɔsamlekpui aɖe, wòsɔ ɖe tata si Fia Ahaz tsɔ ɖo ɖa tso Damasko la dzi eye wòwu enu hafi Fia Ahaz gbɔ.
12 When the king came back from Damascus he saw the altar. He went over to it and made offerings on it.
Esi fia la gbɔ tso Damasko eye wòkpɔ vɔsamlekpuia la, ete ɖe eŋu eye wòsa vɔwo le edzi.
13 He presented his burnt offering and his grain offering, he poured out his drink offering, and sprinkled the blood of his friendship offerings on it.
Fia la sa numevɔ kple nuɖuvɔ, kɔ nunovɔ ɖe edzi eye wòhlẽ ŋutifafavɔsa ƒe ʋu ɖe edzi.
14 He also moved the bronze altar that stood before the Lord from the front of the Temple, between the new altar and the Lord's Temple, and he placed it to the north of the new altar.
Etsɔ akɔblivɔsamlekpui si nɔ gbedoxɔ la ŋgɔ, le gbedoxɔ la ƒe mɔnu kple vɔsamlekpui yeye la dome la yi ɖada ɖe vɔsamlekpui yeye la ƒe axadzi le anyiehe lɔƒo.
15 Then King Ahaz ordered Uriah the priest: “Use this new important altar to offer the morning burnt offering, the evening grain offering, the king's burnt offering and grain offering, and the burnt offering of all the people, and their grain offerings and their drink offerings. Sprinkle on this altar the blood of all the burnt offerings and sacrifices. The old bronze altar I'll use for divination.”
Fia Ahaz gblɔ na nunɔla Uria be wòawɔ vɔsamlekpui yeye la ŋu dɔ le numevɔwo, fiẽnuɖuvɔwo, fia ƒe numevɔwo kple nuɖuvɔwo kple ameawo ƒe vɔsawo kple woƒe nunovɔwo sasa me. Wòatsɔ numevɔsawo kple akpedavɔsawo ƒe ʋu ahlẽ ɖe vɔsamlekpui yeye la ŋu, ke ye ŋutɔ yeawɔ akɔblivɔsamlekpui xoxo la ŋu dɔ hena nukaka ko.
16 Uriah the priest followed King Ahaz's orders.
Nunɔla Uria, wɔ fia Ahaz ƒe ɖoɖowo dzi pɛpɛpɛ.
17 King Ahaz also removed the frames of the movable carts, and also took out the bronze basin from each of them. He removed the Sea from the bronze bulls it rested on and placed it on a stone pedestal.
Fia Ahaz ɖe nyinɔ siwo dzi nuwo nɔ le gbedoxɔ la me ɖe ga siwo wotsɔ tso gae ɖe wo nɔewo dzi kple gazɔ gã si nɔ akɔblinyiawo dzi la da ɖe kpui la dzi.
18 He took down the Sabbath canopy they had built in the Temple, as well as the king's outer entrance to the Lord's Temple. He did this to please the king of Assyria.
Le bubudede Asiria fia ŋu ta la, Israel fia na woɖe Dzudzɔgbe ƒe agbadɔ si le gbedoxɔa me la ɖa eye wòna woɖe mɔnu tɔxɛ si fiawo tona gena ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la hã ɖa.
19 The rest of what happened in Ahaz's reign and all he did are recorded in the Book of Chronicles of the Kings of Judah.
Woŋlɔ Fia Ahaz ƒe fiaɖuɖu ƒe ŋutinya mamlɛawo kple nu siwo wòwɔ la ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.
20 Ahaz died and was buried with his forefathers in the City of David. His son Hezekiah succeeded him as king.
Esi Ahaz ku la, woɖii ɖe fiawo ƒe ameɖibɔ le David ƒe du la me. Ke via Hezekia zu fia ɖe eteƒe.

< 2 Kings 16 >