< 2 Chronicles 20 >

1 Then, after this, the Moabites and Ammonites, as well as some of the Meunites, came to attack Jehoshaphat.
Le esiawo megbe la, Moabtɔwo kple Amonitɔwo ho aʋa ɖe Yehosafat ŋu. Ke Meunitetɔ aɖewo kpe ɖe wo ŋu.
2 Some people came and told Jehoshaphat, “A large army is coming to fight you from Edom, from the other side of the Dead Sea. They have already reached Hazazon-tamar,” (otherwise called En-gedi).
Yehosafat se be, “Aʋakɔ gã aɖe ho aʋa ɖe ŋuwò tso Dzeƒu la godo le Siria gbɔna eye wova ɖo Hazazon Tamar, si wogayɔna hã be En Gedi la xoxo.”
3 Jehoshaphat was afraid, and went to ask the Lord what to do. He also ordered everyone throughout Judah to fast.
Nya sia na vɔvɔ̃ ɖo Yehosafat ale gbegbe be, wòɖo ta me be yeabia Yehowa ne wòakpe ɖe ye ŋu eya ta wòɖe gbeƒã bena, Yudatɔwo katã natsi nu adɔ ɣeyiɣi aɖe, aɖe asi le woƒe nu vɔ̃wo ŋu eye woado gbe ɖa na Mawu.
4 So the people of Judah gathered in Jerusalem to pray to the Lord—in fact, they came from all the towns of Judah to commit themselves to him.
Amewo tso Yuda ƒe akpa ɖe sia ɖe eye wowɔ ɖeka kple Yehosafat heɖe kuku na Yehowa.
5 Jehoshaphat stood before the assembled people of Judah and Jerusalem at the Temple, in front of the new courtyard,
Yehosafat tsi tsitre ɖe ameawo dome le gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnu yeye la eye wòdo gbe ɖa bena,
6 and said, “Lord, God of our forefathers, aren't you the God of heaven? Don't you rule over all earthly kingdoms? You possess strength and power, and no one can stand against you!
“Oo Yehowa, mía fofowo ƒe Mawu, Mawu ɖeka si le dziƒowo, wòe nye anyigbadzifiaɖuƒewo katã Dziɖula, wò ŋusẽ tri akɔ, ame kae ate ŋu atsi tsitre ɖe ŋuwò?
7 Our God, didn't you drive out before your people Israel those who living in this land? Didn't you give this land to the descendants of your friend Abraham forever?
Oo míaƒe Mawu, ɖe menye wòe nya trɔ̃subɔla siwo nɔ anyigba sia dzi, esi Israel, wò amewo va ɖo la ɖa oa? Ɖe menye wòe tsɔ anyigba sia na xɔ̃wò Abraham ƒe dzidzimeviwo oa?
8 They are living in the land and have built a Temple for you here to honor you, saying,
Wò amewo tso aƒe ɖe afi sia, wotu gbedoxɔ sia na wò
9 ‘If disaster strikes us, whether it's invasion or judgment, disease or famine, we will stand in front of this Temple and before you, for this Temple is yours. We will cry out to you to help us in our suffering, and you will hear us and save us.’
eye woxɔe se be, le ŋɔdziɣi abe esia ene la, ne nukpekeamewo va mía dzi abe aʋawɔwɔ, dɔléle alo dɔwuame ene la, míate ŋu atsi tsitre ɖe afi sia, le gbedoxɔ sia ŋgɔ elabena èle afi sia, le gbedoxɔ sia me, míado ɣli ayɔ wò be nàɖe mí eye míeka ɖe edzi be, àse míaƒe kukuɖeɣliwo eye nàɖe mí.
10 Look, here come the armies of Ammon, Moab, and Mount Seir, those very countries you did not let Israel invade when they came out of Egypt. Israel left them alone and did not destroy them.
“Azɔ la, kpɔ nu si Amon ƒe viwo, Moabtɔwo kple Seirtɔwo ƒe aʋakɔwo le wɔwɔm ɖa. Mèna mía tɔgbuiwo wɔ aʋa kpli wo esime Israel dzo le Egipte o, ale míeƒo xlã to wo ŋu eye míetsrɔ̃ wo o.
11 See how they're rewarding us, coming to steal the land you gave us to possess forever!
Azɔ la, kpɔ ale si wodi be yewoaɖo eteƒe na mí ɖa! Wova be woanya mí le wò anyigba si nèna mí la dzi.
12 Our God, won't you punish them, because we don't have the power to confront such a great army that is marching against us? We don't know what to do. We're looking to you for help.”
Oo míaƒe Mawu, màxe mɔ na wo oa? Míate ŋu anɔ te ɖe aʋakɔ sesẽ sia nu o. Míenya nu si míawɔ o eya ta míele wò asinu kpɔm.”
13 All the men of Judah stood before the Lord, together with their wives and children and babies.
Esi ame siwo tso Yuda ƒe akpa ɖe sia ɖe tsi tsitre ɖe Yehowa ŋkume kple wo srɔ̃wo kple wo viwo la,
14 Then the Spirit of the Lord came over Jahaziel while he was standing there in the assembly. He was the son of Zechariah, the son of Benaiah, the son of Jeiel, the son of Mattaniah, a Levite from the descendants of Asaph.
Yehowa ƒe Gbɔgbɔ va dze ame siwo nɔ tsitre ɖe afi ma la dometɔ ɖeka dzi. Ame siae nye Yahaziel, ame si fofoe nye Zekaria, ame si fofoe nye Benaya, ame si fofoe nye Yeiel, ame si fofoe nye Matania, Levi ƒe vi, ame si nye Asaf ƒe viwo dometɔ ɖeka.
15 He said, “Listen, everyone from Judah, people of Jerusalem, and King Jehoshaphat. This is what the Lord has to say to you: Don't be afraid or discouraged because of this large army. This isn't your battle—it's God's!
Yahaziel gblɔ be, “Miɖo tom, mi ame siwo katã tso Yuda kple Yerusalem kple wò, Fia Yehosafat. Yehowa be, ‘Migavɔ̃ o! Migana aʋakɔ gã sia nana dzidzi naƒo mi o elabena aʋa la menye mia tɔe o ke boŋ Mawu tɔe!
16 Tomorrow march down to face them. You will see them coming up the pass at Ziz—you'll find them at the end of the valley in front of the desert of Jeruel.
Miyi miakpe aʋa kpli wo etsɔ! Miakpɔ wo le Ziz to la kɔgo le balime si yi ɖe Yeruel gbegbe la ƒe nuwuwu!
17 But you do not need to fight this battle. Just stand still and watch the Lord's victory. He is with you, Judah and Jerusalem! Don't be afraid or discouraged! March down to face them, for the Lord is with you!”
Ke mahiã be miawɔ aʋa kura o! Miyi ɖanɔ miaƒe teƒewo ko ne miakpɔ ale si Mawu aɖe mi nukutɔe la ɖa. Oo Yuda kple Yerusalem ƒe amewo! Migavɔ̃ o eye migabu dzideƒo hã o! Miawo miyi afi ma etsɔ ko elabena Yehowa li kpli mi!’”
18 Jehoshaphat bowed down with his face to the ground, and all the people of Judah and Jerusalem fell to the ground before the Lord, worshiping him.
Eye Fia Yehosafat mlɔ anyigba, tsyɔ mo anyi eye Yuda blibo la kple Yerusalemtɔwo katã hã wɔ nenema henɔ Yehowa subɔm.
19 Then the Levites from the Kohathites and Korahites stood to praise the Lord, the God of Israel, shouting loudly.
Eye Levitɔwo tso Kohat kple Korah ƒe hlɔ̃wo me tsi tsitre hekafu Yehowa, Israel ƒe Mawu kple kafukafuha siwo me kɔ eye wodzi ha sesĩe.
20 They got up early the next morning and went to the desert of Tekoa. As they left, Jehoshaphat stood up and said, “Listen to me, people of Judah and Jerusalem. Trust in the Lord your God, and you will be vindicated; trust in his prophets, and you will be successful.”
Yuda ƒe aʋakɔ la ho ŋdi kanyaa yi Tekoa gbegbe. Esi wonɔ mɔa dzi yina la, Yehosafat tɔ ameawo eye wògblɔ na wo be, “Miɖo tom, Yuda kple Yerusalemtɔwo. Mixɔ Yehowa, miaƒe Mawu la dzi se ekema miaɖu dzi! Mixɔ eƒe nyagblɔɖilawo dzi se ekema nu sia nu adze edzi na mi!”
21 After discussion with the people, he appointed singers to praise the Lord for his glorious, holy goodness. They led the way at the front of the army, singing, “Praise the Lord, for his trustworthy love lasts forever!”
Le aɖaŋuɖoɖo kple dukɔa kplɔlawo vɔ megbe la, eɖo be hadzilawo nado awu siwo ŋu wokɔ, anɔ zɔzɔm le aʋakɔ la ŋgɔ, “Atsɔ kafukafu kple akpedada na Yehowa eye woanɔ ha dzim be, eƒe amenuveve li tegbee.”
22 As soon as they started singing and praising, the Lord ambushed the men of Ammon, Moab, and Mount Seir who were coming to attack Judah, and they were defeated.
Esi wode asi kafukafuha la dzidzime ko la, Yehowa na Amon ƒe viwo kple Moab ƒe viwo kple Seir ƒe to la ƒe aʋakɔwo de asi aʋawɔwɔ me kple wo nɔewo eye wowu wo ŋutɔwo ƒe amewo!
23 The men of Ammon and Moab turned on the men from Mount Seir, killing all of them. Once they'd finished wiping out the army from Seir, they turned on each other, destroying themselves.
Amon ƒe viwo kple Moab ƒe viwo trɔ ɖe ame siwo wotsɔ be woawɔ aʋa na yewo to Seir to la dzi la ŋu eye wowu wo katã. Le esia megbe la, wotrɔ ɖe wo nɔewo ŋu!
24 So when the men of Judah came to the watchtower in the desert, they looked out to see the enemy army and all they saw were corpses lying on the ground! No one had escaped.
Ale esi Yuda ƒe aʋakɔ la va ɖo xɔ tsrala si dzi dzɔlawo nɔna kpɔa gbegbe la ɖa gbɔ la, wokpɔ ame kukuwo le anyigba le afi sia afi, ame ɖeka pɛ gɔ̃ hã mete ŋu si dzo o.
25 When Jehoshaphat and his people came to collect the plunder, they found a great deal of cattle, equipment, clothing, and other valuable articles, more than they could carry. It took three days to collect the plunder because there was so much of it.
Fia Yehosafat kple eƒe amewo yi ɖaha nuwo le ame kukuawo ŋu. Wokpɔ ga, awuwo kple kpe xɔasi geɖewo ɖe le wo ŋu ale gbegbe be wotsɔ ŋkeke etɔ̃ sɔŋ lɔ afunyinuawo!
26 On the fourth day they gathered in the Valley of Blessing. They gave it this name because this was where they blessed the Lord. It is still called the Valley of Blessing to this day.
Le ŋkeke enelia gbe la, woƒo ƒu ɖe balime si woyɔna va se ɖe egbe be Yayrabalime la eye wokafu Mawu ale si woate ŋui.
27 Then all the men of Judah and Jerusalem celebrated as they returned to Jerusalem, with Jehoshaphat leading them, full of joy for the Lord's victory over their enemies.
Ale Yehosafat nɔ ŋgɔ na ameawo eye wotrɔ gbɔ va Yerusalem kple dzidzɔ be Yehowa ɖe yewo nukutɔe alea tso yewoƒe futɔwo ƒe asi me.
28 They entered Jerusalem and went straight to the Temple of Lord, accompanied by music from harps, lyres, and trumpets.
Wozɔ ge ɖe Yerusalem du la me esime wonɔ kasaŋkuwo kple saŋkuwo ƒom nɔ kpẽwo kum eye woyi ɖe gbedoxɔ la me.
29 All the kingdoms around were in awe of God when they heard that the Lord had fought against the enemies of Israel.
Abe ale si wòdzɔ kpɔ va yi ene la, esi dukɔ siwo ƒo xlã wo se be, Yehowa ŋutɔe wɔ aʋa kple Israel ƒe futɔwo la, vɔvɔ̃ ɖo wo le Mawu ŋu.
30 Jehoshaphat and his kingdom were at peace, for God gave him rest—there were no attacks from any direction.
Ale ŋutifafa nɔ Yehosafat ƒe fiaɖuƒe me elabena eƒe Mawu na dzudzɔe.
31 So Jehoshaphat reigned over Judah, having become king when he was thirty-five years, and he reigned in Jerusalem for twenty-five years. His mother's name was Azubah, daughter of Shilhi.
Fia Yehosafat ƒe nyawo le ale: Ezu Yuda fia esi wòxɔ ƒe blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ eye wòɖu fia le Yerusalem ƒe blaeve vɔ atɔ̃. Dadaa ŋkɔe nye Azuba, Silhi ƒe vinyɔnu.
32 Jehoshaphat followed the way of his father Asa and did not turn away from it. He did what was right in the Lord's sight.
Yehosafat nye fia nyui aɖe abe fofoa, Asa ene; edze agbagba ɣe sia ɣi be yeadze Yehowa ŋu,
33 However, the high places were not removed, and the people were not committed to the God of their forefathers.
ke meɖe nuxeƒewo ɖa le togbɛawo dzi o eye ameawo hã meɖo ta me be yewoasubɔ wo fofowo ƒe Mawu haɖe o,
34 The rest of what Jehoshaphat did, from beginning to end, is written down in the chronicles of Jehu, son of Hanani, recorded in the Book of the Kings of Israel.
Woŋlɔ nu sia nu tso Yehosafat ƒe fiaɖuɖu ŋu ɖe ŋutinya si Yehu, Hanani ƒe vi, ŋlɔ wode Israel fiawo Ƒe Ŋutinya me la me.
35 Later in his life, Jehoshaphat, king of Judah, allied himself with Ahaziah, king of Israel, who did wicked things.
Ke le eƒe agbe ƒe nuwuwu la, Yuda fia Yehosafat wɔ ɖeka kple Israel fia, Ahazia, ame si nye ame vɔ̃ɖi aɖe.
36 They agreed to work together and send ships to Tarshish. The ships were built in Ezion-geber.
Ebla nu kplii be yeatu tɔdziʋuwo le Ezion Geber be woanɔ Tarsis dem.
37 But Eliezer, son of Dodavahu of Mareshah, prophesied against Jehoshaphat, saying, “Because you have made an alliance with Ahaziah, the Lord will destroy what you're doing.” The ships were wrecked and couldn't sail to Tarshish.
Eliezer si nye Dodavahu ƒe vi, tso Maresa gblɔ nya ɖi ɖe Yehosafat ŋu be, “Esi nèwɔ ɖeka kple Fia Ahazia ta la, Yehowa gblẽ wò dɔwɔwɔwo me.” Ale tɔdziʋuawo gbã le mɔa dzi eye womete ŋu ɖo Tarsis o.

< 2 Chronicles 20 >