< Numbers 31 >
1 And the Lord spoke to Moses, saying:
Yehowa gblɔ na Mose be,
2 Revenge first the children of Israel on the Madianites, and so thou shalt be gathered to thy people.
“Bia hlɔ̃ Midiantɔwo le ale si wokplɔ mi de trɔ̃subɔsubɔ me la ta. Le esia megbe la, àku.”
3 And Moses forthwith said: Arm of you men to fight, who may take the revenge of the Lord on the Madianites.
Mose gblɔ na ameawo be, “Ele be mia dometɔ aɖewo naho aʋa ɖe Midiantɔwo ŋu, eye woabia hlɔ̃ Midiantɔwo na Yehowa.
4 Let a thousand men be chosen out of every tribe of Israel to be sent to the war.
Miɖo ŋutsu akpe ɖeka tso Israel ƒe to ɖe sia ɖe me ɖe aʋa la.”
5 And they gave a thousand of every tribe, that is to say, twelve thousand men well appointed for battle.
Ale ŋutsu akpe wuieve bla akpa ɖe aʋa la wɔwɔ ŋu, ŋutsu akpe ɖeka tso Israel ƒe to ɖe sia ɖe me.
6 And Moses sent them with Phinees the son of Eleazar the priest, and he delivered to him the holy vessels, and the trumpets to sound.
Finehas, nunɔla Eleazar ƒe viŋutsue nye woƒe aʋakplɔla. Nubablaɖaka la yi kpli wo le esime kpẽwo nɔ ɖiɖim.
7 And when they had fought against the Madianites and had overcome them, they slew all the men.
Wowu Midian ŋutsu ɖe sia ɖe le aʋa la me.
8 And their kings Evi, and Recem, and Sur, and Hur, and Rebe, five princes of the nation: Balaam also the son of Beer they killed with the sword.
Wowu Midian fia atɔ̃awo katã, Evi, Rekem, Zur, Hur kple Reba. Wowu Balaam, Beor ƒe viŋutsu la hã.
9 And they took their women, and their children captives, and all their cattle, and all their goods: and all their possessions they plundered:
Israelviwo ƒe aʋakɔ la ɖe aboyo Midiantɔwo ƒe nyɔnuwo kple ɖeviwo katã, eye woha woƒe lãwo kple woƒe kesinɔnu geɖewo.
10 And all their cities, and their villages, and castles, they burned.
Wotɔ dzo Midiantɔwo ƒe duwo kple kɔƒewo katã,
11 And they carried away the booty, and all that they had taken both of men and of beasts.
woɖe aboyo amewo, eye woha woƒe lãwo katã.
12 And they brought them to Moses, and Eleazar the priest, and to all the multitude of the children of Israel. But the rest of the things for use they carried to the camp on the plains of Moab, beside the Jordan over against Jericho.
Wotsɔ aboyomeawo kple afunyinuawo katã vɛ na Mose kple nunɔla Eleazar kple Israelvi bubu siwo nɔ asaɖa la me le Moab gbedzi le Yɔdan tɔsisi la to, le Yeriko kasa.
13 And Moses and Eleazar the priest and all the princes of the synagogue went forth to meet them without the camp.
Mose kple nunɔla Eleazar kple ameawo ƒe kplɔla bubuawo katã do go yi ɖakpe aʋakɔ la,
14 And Moses being angry with the chief officers of the army, the tribunes, and the centurions that were come from the battle,
ke Mose do dɔmedzoe ɖe aʋakplɔlawo kple aʋalɔgonunɔlawo ŋu.
15 Said: Why have you saved the women?
Ebia wo be, “Nu ka ta miena nyɔnuawo katã tsi agbe?
16 Are not these they, that deceived the children of Israel by the counsel of Balaam, and made you transgress against the Lord by the sin of Phogor, for which also the people was punished?
Ame siawo tututue wɔ Balaam ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi, eye wona Israelviwo subɔ legbawo le Peor to la dzi; woawoe he dɔvɔ̃ si wu mí la vɛ.
17 Therefore kill all that are of the male sex, even of the children: and put to death the women, that have carnally known men.
Miwu ŋutsuviwo katã kple nyɔnu siwo dɔ ŋutsu gbɔ kpɔ la fifi laa!
18 But the girls, and all the women that are virgins save for yourselves:
Mina nyɔnuvi suewo ya nanɔ agbe, eye woazu mia tɔ.
19 And stay without the camp seven days. He that hath killed a man, or touched one that is killed, shall be purified the third day and the seventh day.
“Azɔ la, mi ame siwo katã wu ame aɖe alo ka asi ame kuku aɖe ŋu la, minɔ asaɖa la godo ŋkeke adre. Mikɔ mia ɖokuiwo kple nyɔnuvi sueawo ŋu le ŋkeke etɔ̃lia kple adrelia gbe.
20 And of all the spoil, every garment, or vessel, or any thing made for use, of the skins, or hair of goats, or of wood, shall be purified.
Miɖo ŋku edzi miakɔ miaƒe awuwo kple nu sia nu si wowɔ kple lãgbalẽ, gbɔ̃fu alo ati la hã ŋuti.”
21 Eleazar also the priest spoke to the men of the army, that had fought, in this manner: This is the ordinance of the law, which the Lord hath commanded Moses:
Nunɔla Eleazar gblɔ na aʋadelawo katã be, “Esia nye se si Yehowa de na Mose
22 Gold, and silver, and brass, and iron, and lend, and tin,
‘Nu sia nu si ate ŋu anɔ te ɖe dzoxɔxɔ nu abe sika, klosalo, akɔbli, gaɣi alo tsumi ene la,
23 And all that may pass through the fire, shall be purified by fire, but whatsoever cannot abide the fire, shall be sanctified with the water of expiation:
woade wo dzo me ale be woakɔ wo ŋu. Emegbe la, woagakɔ wo ŋu kple tsi kɔkɔe. Ke woatsɔ tsi kɔkɔe ko akɔ nu siwo mate ŋu anɔ te ɖe dzoxɔxɔ nu o la ŋuti.’
24 And you shall wash your garments the seventh day, and being purified, you shall afterwards enter into the camp.
Le ŋkeke adrelia gbe la, mianya miaƒe awuwo, eye mia ŋuti akɔ ekema miagatrɔ ava asaɖa la me.”
25 And the Lord said to Moses:
Yehowa gblɔ na Mose be,
26 Take the sum of the things that were taken both of man and beast, thou and Eleazar the priest and the princes of the multitude:
“Wò kple nunɔla Eleazar kple ƒomeawo ƒe tatɔ siwo le dukɔa me la miaxlẽ amewo kple lã siwo katã wolé le aʋa.
27 And thou shalt divide the spoil equally, between them that fought and went out to the war, and between the rest of the multitude.
Le esia megbe la, miama afunyinuawo ɖe asrafo siwo de aʋa kple ameha mamlɛawo dome.
28 And thou shalt separate a portion to the Lord from them that fought and were in the battle, one soul of five hundred as well of persons as of oxen and asses and sheep.
Mixɔ nu sia nu si asrafoawo xɔ la ƒe ɖeka le alafa atɔ̃ ɖe sia ɖe me abe nunana ene na Yehowa, eɖanye amegbetɔ, nyiwo, tedziwo, alẽwo loo alo gbɔ̃wo o.
29 And thou shalt give it to Eleazar the priest, because they are the firstfruits of the Lord.
Mixɔ nunana sia ƒe afã le wo si, eye miatsɔe na nunɔla Eleazar abe Yehowa ƒe gome ene.
30 Out of the moiety also of the children of Israel thou shalt take the fiftieth head of persons, and of oxen, and asses, and sheep, and of all beasts, and thou shalt give them to the Levites that watch in the charge of the tabernacle of the Lord.
Tso nu siwo ke Israelviwo xɔ ƒe afã me la, tia ɖeka le blaatɔ̃ ɖe sia ɖe me, eɖanye amegbetɔ, nyiwo, tedziwo, alẽwo, gbɔ̃wo loo alo lã bubuwo o. Tsɔ wo na Levi ƒe viwo, ame siwo kpɔa Yehowa ƒe Agbadɔ la ƒe nyawo gbɔ.”
31 And Moses and Eleazar did as the Lord had commanded.
Ale Mose kple nunɔla Eleazar wowɔ se siwo Yehowa de na wo to Mose dzi la dzi.
32 And the spoil which the army had taken, was six hundred seventy-five thousand sheep,
Aʋadelawo tsɔ sikanu kple awu siwo woha la na wo ɖokui. Nu bubu siwo woha la woe nye alẽ akpe alafa ade, blaadre-vɔ-atɔ̃,
33 Seventy-two thousand oxen,
nyi akpe blaadre-vɔ-eve,
34 Sixty-one thousand asses:
tedzi akpe blaade-vɔ-ɖekɛ kple
35 And thirty-two thousand persons of the female sex, that had not known men.
nyɔnuvi akpe blaetɔ̃-vɔ-eve.
36 And one half was given to them that had been in the battle, to wit, three hundred thirty-seven thousand five hundred sheep:
Nu siawo ƒe afã, si wotsɔ na aʋadelawoe nye: alẽ akpe alafa etɔ̃, blaetɔ̃-vɔ-adre alafa atɔ̃,
37 Out of which, for the portion of the Lord, were reckoned six hundred seventy-five sheep.
wotsɔ wo dome alafa ade, blaadre-vɔ-atɔ̃ na Yehowa;
38 And out of the thirty-six thousand oxen, seventy-two oxen:
nyi akpe blaetɔ̃ vɔ ade, wotsɔ wo dome blaadre-vɔ-eve na Yehowa,
39 Out of the thirty thousand five hundred asses, sixty-one asses:
tedzi akpe blaetɔ̃, alafa atɔ, wotsɔ wo dome blaade-vɔ-ɖekɛ na Yehowa;
40 Out of the sixteen thousand persons, there fell to the portion of the Lord, thirty-two souls.
nyɔnuvi akpe wuiade, wotsɔ wo dome blaetɔ̃-vɔ-eve, siwo nye Yehowa tɔ la na Levi ƒe viwo.
41 And Moses delivered the number of the firstfruits of the Lord to Eleazar the priest, as had been commanded him,
Wotsɔ nu siwo katã nye Yehowa tɔ la na nunɔla Eleazar, abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene.
42 Out of the half of the children of Israel, which he had separated for them that had been in the battle.
Mose tsɔ nu siwo woha le aʋa me la ƒe afã na Israelviwo eye afã bubu na aʋadelawo.
43 But out of the half that fell to the rest of the multitude, that is to say, out of the three hundred thirty-seven thousand five hundred sheep,
Afã mamlɛa, si wotsɔ na Israelviwo la yi ale: alẽ akpe alafa etɔ̃, blaetɔ̃-vɔ-adre, alafa atɔ̃,
44 And out of the thirty-six thousand oxen,
nyi akpe blaetɔ̃ vɔ ade,
45 And out of the thirty thousand five hundred asses,
tedzi akpe blaetɔ̃ alafa atɔ̃ kple
46 And out of the sixteen thousand persons,
nyɔnuvi akpe wuiade.
47 Moses took the fiftieth head, and gave it to the Levites that watched in the tabernacle of the Lord, as the Lord had commanded.
Le Yehowa ƒe ɖoɖowo nu la, Mose tsɔ nu siawo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe blaatɔ̃lia ƒe ɖeka le Israelviwo tɔ ŋu hena Levi ƒe viwo, ame siwo wɔa dɔ le Yehowa ƒe agbadɔ la me.
48 And when the commanders of the army, and the tribunes and centurions were come to Moses, they said:
Aʋakplɔla siwo le aʋalɔgowo nu, esiwo le ŋutsu akpewo nu kple esiwo le ŋutsu alafawo nu la yi Mose gbɔ,
49 We thy servants have reckoned up the number of the fighting men, whom we had under our hand, and not so much as one was wanting.
eye wogblɔ nɛ be, “Wò dɔlawo xlẽ asrafo siwo le mía te la, eye wo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã mebu o.
50 Therefore we offer as gifts to the Lord what gold every one of us could find in the booty, in garters and tablets, rings and bracelets, and chains, that thou mayst pray to the Lord for us.
Eya ta míetsɔ akpedavɔsa tɔxɛ vɛ na Yehowa tso nu siwo míeha la me, woawoe nye sika, alɔnugɛwo, afɔgɛwo, asigɛwo, togɛwo kple kɔsɔkɔsɔwo. Míetsɔ nu siawo hena avuléle le Yehowa ŋkume ɖe míaƒe luʋɔwo ta.”
51 And Moses and Eleazar the priest received all the gold in divers kinds,
Mose kple nunɔla Eleazar woxɔ sika kple aɖaŋunuwɔwɔwo le wo si.
52 In weight sixteen thousand seven hundred and fifty sicles, from the tribunes and from the centurions.
Sika si woxɔ tso asrafo akpewo nunɔlawo kple asrafo alafawo nunɔlawo si, eye Mose kple Eleazar tsɔ wo na Yehowa la ƒe kpekpemee nye kilogram alafa ɖeka blaasiekɛ.
53 For that which every one had taken in the booty was his own.
Asrafoawo tsɔ nu siawo ƒe ɖe na wo ɖokuiwo xoxo.
54 And that which was received they brought into the tabernacle of the testimony, for a memorial of the children of Israel before the Lord.
Mose kple nunɔla Eleaza xɔ sikawo le ame siwo woɖo ame akpewo kple ame alafawo nu la si eye wotsɔ nunana sia ɖadzra ɖo ɖe agbadɔ la me le Yehowa ŋkume abe ŋkuɖodzinu na Israelviwo ene.