< Lamentations 3 >
1 Aleph. I am the man that see my poverty by the rod of his indignation.
Nyee nye ŋutsu si kpe fu le eƒe dziku ƒe ameƒoti te.
2 Aleph. He hath led me, and brought me into darkness, and not into light.
Enyam ɖe nu eye wòna mezɔ viviti me, menye kekeli me o;
3 Aleph. Only against me he hath turned, and turned again his hand all the day.
Vavã etrɔ eƒe asiwo ɖe ŋutinye atraɖii le ŋkeke blibo la me.
4 Beth. My skin and my flesh he hath made old, he hath broken my bones.
Ena be nye ŋutilã kple nye ŋutigbalẽ do xoxo eye wògbã ƒu ɖe lãme nam.
5 Beth. He hath built round about me, and he hath compassed me with gall and labour.
Eva dze dzinye eye wòtsɔ veve helĩhelĩ kple fukpekpe tɔ kpɔ ɖe ŋunye.
6 Beth. He hath set me in dark places as those that are dead for ever.
Ena menɔ viviti me abe ame siwo ku gbe aɖe gbe ke ene.
7 Ghimel. He hath built against me round about, that I may not get out: he hath made my fetters heavy.
Etɔ kpɔ ƒo xlãm ale be nyemate ŋu asi o, eɖom anyi kple gakɔsɔkɔsɔ.
8 Ghimel. Yea, and when I cry, and entreat, he hath shut out my prayer.
Ne meyɔe alo do ɣli be wòaxɔ nam gɔ̃ hã la, edoa ʋɔ ɖe nye gbedodoɖa nu.
9 Ghimel. He hath shut up my ways with square stones, he hath turned my paths upside down.
Etsɔ kpe gãwo xe mɔ me nam eye wòglɔ̃ nye mɔwo.
10 Daleth. He is become to me as a bear lying in wait: as a lion in secret places.
Abe sisiblisi si de xa ɖi kple dzata si le adeklo dzi ene la,
11 Daleth. He hath turned aside my paths, and hath broken me in pieces, he hath made me desolate.
ehem ɖa le mɔ me eye wòvuvum, hegblẽm ɖi kpeɖeŋutɔmanɔsitɔe.
12 Daleth. He hath bent his bow, and set me as a mark for his arrows.
Evu eƒe da me eye wòdzidze eƒe dati ɖe dzinye.
13 He. He hath shot into my reins the daughters of his quiver.
Etsɔ aŋutrɔwo le eƒe daku me tsɔ ŋɔ nye dzi.
14 He. I am made a derision to all my people, their song all the day long.
Mezu nu ɖikokoe le nye amewo katã dome, woɖua fewu le ŋunye to hadzidzi me ŋkeke blibo la katã.
15 He. He hath filled me with bitterness, he hath inebriated me with wormwood.
Etsɔ ama veve ɖi ƒo nam eye wòkpe veve nam meno.
16 Vau. And he hath broken my teeth one by one, he hath fed me with ashes.
Etsɔ kpe ŋe aɖu nam eye wòfanyam ɖe kewɔ me.
17 Vau. And my soul is removed far off from peace, I have forgotten good things.
Woxɔ ŋutifafa le asinye, meŋlɔ nu si dzɔgbenyui nye la be.
18 Vau. And I said: My end and my hope is perished from the Lord.
Eya ta megblɔ be, “Nye atsyɔ̃nu yi eye nu siwo katã mele mɔ kpɔm na tso Yehowa gbɔ la hã nu va yi.”
19 Zain. Remember my poverty, and transgression, the wormwood, and the gall.
Meɖo ŋku nye hiã, tsaglalãtsatsa, dzigbagbã kple vevesese dzi.
20 Zain. I will be mindful and remember, and my soul shall languish within me.
Meɖo ŋku wo katã dzi nyuie eye nye luʋɔ bɔbɔ eɖokui le menye.
21 Zain. These things I shall think over in my heart, therefore will I hope.
Ke esia dzi meɖo ŋkue eye mɔkpɔkpɔ ɖo asinye:
22 Heth. The mercies of the Lord that we are not consumed: because his commiserations have not failed.
Le Yehowa ƒe lɔlɔ̃ deto la ta wometsrɔ̃ mí o elabena eƒe nublanuikpɔkpɔ mevɔna o.
23 Heth. They are new every morning, great is thy faithfulness.
Wozua yeye ŋdi sia ŋdi, wò nuteƒewɔwɔ lolo ŋutɔ.
24 Heth. The Lord is my portion, said my soul: therefore will I wait for him.
Megblɔ na ɖokuinye be, “Yehowae nye nye gomekpɔkpɔ, eya ta manɔ esinu kpɔm.”
25 Teth. The Lord is good to them that hope in him, to the soul that seeketh him.
Yehowa ƒe dɔ me nyo na ame siwo tsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe edzi, kple ame siwo dinɛ vevie.
26 Teth. It is good to wait with silence for the salvation of God.
Enyo be woalala le ɖoɖoezizi me na Yehowa ƒe ɖeɖe.
27 Teth. It is good for a man, when he hath borne the yoke from his youth.
Enyo na ame be wòatsɔ kɔkuti le ɖekakpuime.
28 Jod. He shall sit solitary, and hold his peace: because he hath taken it up upon himself.
Nenɔ anyi le ɖoɖoezizi me elabena Yehowae tsɔ kɔkuti la da ɖe edzi.
29 Jod. He shall put his mouth in the dust, if so be there may be hope.
Netsɔ eƒe mo ƒo ɖe ke me, ɖewohĩ mɔkpɔkpɔ gali.
30 Jod. He shall give his cheek to him that striketh him, he shall be filled with reproaches.
Neɖo to me anyi na ame si le eƒo ge eye ŋukpe neyɔe fũu.
31 Caph. For the Lord will not cast off for ever.
Elabena Aƒetɔ la metsɔa ame ƒua gbe ɖikaa o
32 Caph. For if he hath cast off, he will also have mercy, according to the multitude of his mercies.
Togbɔ be ehea nuxaxa vɛ hã la, egakpɔa nublanui na ame, eye eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina gbeɖe o la de to ŋutɔ.
33 Caph. For he hath not willingly afflicted, nor cast off the children of men.
Elabena mehea fukpekpe kple nuxaxa vaa amegbetɔviwo dzi ɖe dzidzɔ teƒe o.
34 Lamed. To crush under his feet all the prisoners of the land,
Woafanya anyigbadzigamenɔlawo katã kple afɔ.
35 Lamed. To turn aside the judgment of a man before the face of the most High,
Ne woagbe nu si nye ame tɔ la tsɔtsɔ nɛ le Dziƒoʋĩtɔ la ŋkume,
36 Lamed. To destroy a man wrongfully in his judgment, the Lord hath not approved.
eye wotrɔ gbo ame dzɔdzɔe ƒe nya; ɖe Aƒetɔ la makpɔ esiawo oa?
37 Mem. Who is he that hath commanded a thing to be done, when the Lord commandeth it not?
Ame ka aƒo nu eye wòava eme, ne menye Aƒetɔ lae ɖe gbe o?
38 Mem. Shall not both evil and good proceed out of the mouth of the Highest?
Ɖe menye Dziƒoʋĩtɔ la ƒe nu mee dzɔgbevɔ̃enyawo kple dzidzɔnyawo siaa doa go tsona oa?
39 Mem. Why hath a living man murmured, man suffering for his sins?
Nu ka ta amegbetɔ ahe nya ne wohe to nɛ ɖe eƒe nu vɔ̃wo ta?
40 Nun. Let us search our ways, and seek, and return to the Lord.
Mina míalé ŋku ɖe míaƒe zɔzɔme ŋu ne míado wo akpɔ eye mina míatrɔ ɖe Yehowa ŋu.
41 Nun. Let us lift up our hearts with our hands to the Lord in the heavens.
Mina míado míaƒe dziwo kple asiwo ɖe Mawu gbɔ le dziƒo ahagblɔ bena:
42 Nun. We have done wickedly, and provoked thee to wrath: therefore thou art inexorable.
“Míewɔ nu vɔ̃ hedze aglã eye mètsɔe ke mi o.
43 Samech. Thou hast covered in thy wrath, and hast struck us: thou hast killed and hast not spared.
“Ètsɔ dziku tsyɔ ɖokuiwò dzi eye nèti mía yome hewu mí nublanuimakpɔmakpɔtɔe.
44 Samech. Thou hast set a cloud before thee, that our prayer may not pass through.
Ètsɔ lilikpo tsyiɔ ɖokuiwò dzi ale be, gbedodoɖa aɖeke mate ŋu aɖo gbɔwò o.
45 Samech. Thou hast made me as an outcast, and refuse in the midst of the people.
Ètsɔ mí wɔ ŋunyɔnu kple gbeɖuɖɔe le dukɔwo dome.
46 Phe. All our enemies have opened their mouths against us.
“Míaƒe futɔwo katã ke nu baa ɖe mía ŋuti.
47 Phe. Prophecy is become to us a fear, and a snare, and destruction.
Ŋɔdzi lé mí; míedze ʋe me eye tsɔtsrɔ̃ kple gbegblẽ va mía dzi.”
48 Phe. My eye hath run down with streams of water, for the destruction of the daughter of my people.
Nye ŋkuwo le aɖatsi fam yoyoyo elabena wotsrɔ̃ nye amewo.
49 Ain. My eye is afflicted, and hath not been quiet, because there was no rest:
Nye ŋkuwo le aɖatsi fam ɖaa, enu gbe tsotso,
50 Ain. Till the Lord regarded and looked down from the heavens.
va se ɖe esime Yehowa aɖo ŋku anyi tso dziƒo akpɔe.
51 Ain. My eye hath wasted my soul because of all the daughters of my city.
Nu si mekpɔ la na nye luʋɔ xa nu ɖe nyɔnu siwo katã le nye dua me la ta.
52 Sade. My enemies have chased me and caught me like a bird, without cause.
Ame siwo nye nye futɔwo madzemadzee la ɖem ɖe nu abe xevi ene.
53 Sade. My life is fallen into the pit, and they have laid a stone over me.
Wodze agbagba be woatso nye agbe nu le vudo me eye wofɔ kpe ƒum.
54 Sade. Waters have flowed over my head: I said: I am cut off.
Tsi fie le tanye eye mesusu be evɔ nam.
55 Coph. I have called upon thy name, O Lord, from the lowest pit.
O Yehowa, wò ŋkɔe meyɔ le vudoa ƒe gogloƒe ke.
56 Coph. Thou hast heard my voice: turn not away thy ear from my sighs, and cries.
Èse nye kukuɖeɖe be, “Mègado toku nye ɣlidodo eye nàgbe akɔfafa nam o.”
57 Coph. Thou drewest near in the day, when I called upon thee, thou saidst: Fear not.
Ète va gbɔnye esi meyɔ wò eye nègblɔ be, “Mègavɔ̃ o.”
58 Res. Thou hast judged, O Lord, the cause of my soul, thou the Redeemer of my life.
O, Aƒetɔ, èxɔ nye nya ɖe akɔ eye nèɖe nye agbe.
59 Res. Thou hast seen, O Lord, their iniquity against me: judge thou my judgment.
Wò ŋutɔ èkpɔ, O Yehowa, vɔ̃ si wowɔ ɖe ŋutinye. Na nye nya nadzɔ!
60 Res. Thou hast seen all their fury, and all their thoughts against me.
Èkpɔ woƒe hlɔ̃biabia ƒe kpekpeme kple nugbe siwo woɖo ɖe ŋunye.
61 Sin. Thou hast heard their reproach, O Lord, all their imaginations against me.
O Yehowa, èse woƒe dzudzuwo kple nu siwo katã woɖo ɖe ŋunye
62 Sin. The lips of them that rise up against me: and their devices against me all the day.
kple nye futɔwo ƒe dalĩdodo kple nuƒoƒo le ŋunye ŋkeke blibo la.
63 Sin. Behold their sitting down, and their rising up, I am their song.
Nye kɔ nàkpɔ wo ɖa! Wole anyinɔƒe o, wole tsitrenu o, woɖua fewu le ŋunye le woƒe hadzidziwo me.
64 Thau. Thou shalt render them a recompense, O Lord, according to the works of their hands.
O Yehowa, xe fe si dze wo la na wo, ɖe nu siwo woƒe asiwo wɔ la ta.
65 Thau. Thou shalt give them a buckler of heart, thy labour.
Tsɔ nutsyɔnu tsyɔ woƒe dziwo dzi eye nàna be wò fiƒode nanɔ wo dzi!
66 Thau. Thou shalt persecute them in anger, and shalt destroy them from under the heavens, O Lord.
Ti wo yome kple dziku eye nàtsrɔ̃ wo le Yehowa ƒe dziƒo te.