< Psalms 96 >

1 Sing ye unto Jehovah a new song: sing unto Jehovah, all the earth.
Midzi ha yeye na Yehowa; Mi anyigbawo katã, midzi ha na Yehowa.
2 Sing unto Jehovah, bless his name; publish his salvation from day to day.
Midzi ha na Yehowa, mikafu eƒe ŋkɔ; miɖe gbeƒã eƒe xɔxɔ gbe sia gbe.
3 Declare his glory among the nations, his wondrous works among all the peoples.
Miɖe eƒe Ŋutikɔkɔefia le dukɔwo dome kple eƒe nukudɔwo fia le anyigbadzitɔwo katã dome.
4 For Jehovah is great and exceedingly to be praised; he is terrible above all gods.
Elabena Yehowa lolo, eye wòdze kafukafu ŋutɔ; ele be woavɔ̃e wu mawuwo katã.
5 For all the gods of the peoples are idols; but Jehovah made the heavens.
Dukɔwo ƒe mawuwo nye legbawo, ke Yehowae wɔ dziƒowo.
6 Majesty and splendour are before him; strength and beauty are in his sanctuary.
Atsyɔ̃ kple gãnyenye le eŋgɔ, eye ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe le eƒe kɔkɔeƒe la me.
7 Give unto Jehovah, ye families of peoples, give unto Jehovah glory and strength;
O! Mi dukɔwo ƒe ƒomewo, mitsɔ ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ na Yehowa.
8 Give unto Jehovah the glory of his name; bring an oblation and come into his courts;
Mitsɔ ŋutikɔkɔe si dze eƒe ŋkɔ la nɛ, eye mitsɔ vɔsanuwo va eƒe xɔxɔnuwoe.
9 Worship Jehovah in holy splendour; tremble before him, all the earth.
Misubɔ Yehowa le eƒe kɔkɔenyenye ƒe atsyɔ̃ me, eye anyigba katã nedzo nyanyanya le eŋkume.
10 Say among the nations, Jehovah reigneth! yea, the world is established, it shall not be moved; he will execute judgment upon the peoples with equity.
Migblɔ le dukɔwo dome be, “Yehowae le fia ɖum.” Eɖo xexea me gɔme anyi goŋgoŋgoŋ, mate ŋu aʋã o; eye adrɔ̃ ʋɔnu amewo ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe.
11 Let the heavens rejoice, and let the earth be glad; let the sea roar, and the fulness thereof;
Mina dziƒowo natso aseye, anyigba nekpɔ dzidzɔ, atsiaƒu kple emenuwo katã neɖe gbe,
12 Let the field exult and all that is therein. Then shall all the trees of the forest sing for joy,
eye gbegbe kple emenuwo katã netso aseye. Ekema avemetiwo adzi ha atso aseye;
13 Before Jehovah, for he cometh; for he cometh to judge the earth: he will judge the world with righteousness, and the peoples in his faithfulness.
woadzi ha le Yehowa ŋgɔ, elabena egbɔna, eye wògbɔna ʋɔnu drɔ̃ ge. Adrɔ̃ ʋɔnu xexea me le dzɔdzɔenyenye me kple dukɔwo le nyateƒe me.

< Psalms 96 >