< Judges 4 >
1 And the children of Israel again did evil in the sight of Jehovah; now Ehud was dead.
Israelviwo gawɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume, le Ehud ƒe ku megbe
2 And Jehovah sold them into the hand of Jabin king of Canaan, who reigned in Hazor; and the captain of his army was Sisera, who dwelt in Harosheth-Goim.
eya ta Yehowa tsɔ wo de asi na Yabin, Kanaan fia, ame si ɖu fia le Hazor. Eƒe aʋafia ŋkɔe nye Sisera eye wònɔ Haroset Hagoyim.
3 And the children of Israel cried to Jehovah; for he had nine hundred chariots of iron, and he mightily oppressed the children of Israel twenty years.
Esi gatasiaɖam alafa asiekɛ nɔ esi, eye wòwɔ funyafunya Israelviwo ƒe blaeve sɔŋ ta la, Israelviwo do ɣli na Yehowa hebia eƒe kpekpeɖeŋu be wòaɖe yewo.
4 And Deborah, a prophetess, the wife of Lapidoth, judged Israel at that time.
Ame si nɔ ʋɔnu drɔ̃m na Israel ɣe ma ɣie nye nyɔnu Nyagblɔɖila Debora, Lapidot srɔ̃.
5 And she dwelt under the palm-tree of Deborah between Ramah and Bethel in mount Ephraim; and the children of Israel came up to her for judgment.
Edrɔ̃a ʋɔnu le teƒe aɖe si woyɔna fifia be, “Debora ƒe Deti,” le Rama kple Betel dome, le Efraim ƒe tonyigba dzi. Israelviwo yia egbɔ le afi ma be wòadrɔ̃ ʋɔnu na yewo.
6 And she sent and called Barak the son of Abinoam out of Kedesh-Naphtali, and said to him, Hath not Jehovah the God of Israel commanded? Go and draw towards mount Tabor, and take with thee ten thousand men of the children of Naphtali and of the children of Zebulun,
Gbe ɖeka la, Debora yɔ Barak, Abinoam ƒe vi, ame si nɔ Kedes le Naftalinyigba dzi eye wògblɔ nɛ be, “Yehowa, Israel ƒe Mawu la de se na wò be, ‘Yi, nàƒo ƒu aʋawɔla akpe ewo tso Naftali ƒe viwo kple Zebulon ƒe viwo dome eye nàkplɔ wo ayi Tabɔr to la dzi.
7 and I will draw unto thee, to the torrent Kishon, Sisera, the captain of Jabin's army, and his chariots and his multitude, and I will give him into thy hand.
Mable Sisera, Yabin ƒe aʋakplɔla, eƒe tasiaɖamwo kple eƒe aʋakɔ blibo la nu ayi Kison tɔsisi la toe eye matsɔ wo ade asi na wò le afi ma.’”
8 And Barak said to her, If thou goest with me, then I will go, but if thou goest not with me, I will not go.
Barak ɖo eŋu nɛ be, “Nenye be wò ŋutɔ àyi kplim la, ekema mayi gake ne màyi kplim o la, nyemayi o.”
9 And she said, I will by all means go with thee, only that it will not be to thine honour upon the way which thou goest, for Jehovah will sell Sisera into the hand of a woman. And Deborah arose, and went with Barak to Kedesh.
Debora ɖo eŋu nɛ be, “Enyo ŋutɔ, mayi kpli wò gake ɖe ale si nèle nya la ŋuti dɔ wɔmii ta la, bubu la manye tɔwò o elabena Yehowa atsɔ Sisera ade asi na nyɔnu.” Ale Debora yi Kedes kple Barak,
10 And Barak called together Zebulun and Naphtali to Kedesh; and there went up at his feet ten thousand men; and Deborah went up with him.
afi si wòyɔ Zebulon kple Naftali ƒe toawo ƒo ƒu ɖo. Ŋutsu akpe ewo dze eyome eye Debora hã yi kplii.
11 (Now Heber the Kenite had severed himself from the Kenites, from the children of Hobab the father-in-law of Moses, and had pitched his tent as far as the oak of Zaannaim, which is by Kedesh.)
Azɔ Kenitɔ, Heber, dzo le Kenitɔ bubuawo dome, ame siwo nye Mose toa, Hobab ƒe dzidzimeviwo eye wòtu eƒe agbadɔ ɖe ati gã si le Zaananim, esi te ɖe Kedes ŋu la gbɔ.
12 And they told Sisera that Barak the son of Abinoam had gone up to mount Tabor.
Esi wogblɔ na Sisera be Barak, Abinoam ƒe vi, yi Tabɔr toa dzi la
13 Then Sisera gathered together all his chariots, nine hundred chariots of iron, and all the people that were with him, from Harosheth-Goim to the torrent Kishon.
eƒo aʋakɔ gã aɖe nu ƒu, si si gatasiaɖam alafa asiekɛ nɔ, eye woɖe zɔ tso Haroset Hagoyim yi Kison tɔsisi la to.
14 And Deborah said to Barak, Up; for this is the day in which Jehovah hath given Sisera into thy hand! Is not Jehovah gone out before thee? And Barak went down from mount Tabor, and ten thousand men after him.
Debora gblɔ na Barak be, “Yi! Le egbeŋkeke sia dzi, Yehowa tsɔ Sisera de asiwò me. Ɖe Yehowa medze ŋgɔ na wò oa?” Ale Barak ɖi tso Tabɔr to la dzi eye ŋutsu akpe ewoawo nɔ eyome.
15 And Jehovah discomfited Sisera, and all the chariots, and all the army, with the edge of the sword before Barak; and Sisera got down from [his] chariot, and fled on foot.
Esi Barak zɔ gbɔna la, Yehowa de tɔtɔ Sisera, eƒe tasiaɖamwo kple aʋakɔ la dome kple yi eye Sisera ŋutɔ ɖi le eƒe tasiaɖam me heto afɔ si.
16 And Barak pursued after the chariots, and after the army, to Harosheth-Goim; and all the army of Sisera fell by the edge of the sword; not one was left.
Ke Barak ti tasiaɖamwo kple aʋakɔ la yome va se ɖe Haroset Hagoyim ke. Ale Sisera ƒe aʋakɔ la katã tsi yi nu, ame ɖeka pɛ gɔ̃ hã mesusɔ o.
17 And Sisera fled on foot to the tent of Jael the wife of Heber the Kenite; for there was peace between Jabin the king of Hazor and the house of Heber the Kenite.
Sisera si yi ɖaɣla eɖokui ɖe Yael, ame si nye Heber, Kenitɔ la, srɔ̃ ƒe agbadɔ me elabena nusɔsɔe nɔ Fia Yabin, Hazor fia kple Heber ƒe hlɔ̃ la dome.
18 And Jael went out to meet Sisera, and said to him, Turn in, my lord, turn in to me; fear not. And he turned in to her, into the tent, and she covered him with the quilt.
Yael do go yi ɖakpe Sisera eye wògblɔ nɛ be, “Amegã, va nye agbadɔ me, makpɔ tawò eye ànɔ dedie eya ta mègavɔ̃ o.” Ale Sisera yi ɖamlɔ agbadɔ la me eye Yael tsyɔ kundru nɛ.
19 And he said to her, Give me, I pray thee, a little water to drink, for I am thirsty. And she opened the flask of milk, and gave him drink, and covered him.
Sisera gblɔ na Yael be, “Meɖe kuku, tsikɔ le wuyem, na tsim mano.” Yael na notsii wòno eye wògatsyɔ kundru la nɛ.
20 And he said to her, Stand in the door of the tent, and it shall be if any one come and inquire of thee, and say, Is there any man here? that thou shalt say, No.
Sisera gblɔ na Yael be, “Tsi tre ɖe wò agbadɔ la ƒe mɔnu eye ne ame aɖe va le diyem la, gblɔ nɛ be, ame aɖeke mele afi sia o.”
21 And Jael Heber's wife took a tent-pin, and took the hammer in her hand, and went softly to him, and smote the pin into his temples, and it penetrated into the ground; for he had fallen into a deep sleep and was faint; and he died.
Yael tsɔ agbadɔ la ƒe tsyoti tsutsɔe aɖe kple zu, te ɖe Sisera ŋu dzaa esi wònɔ alɔ̃ me, eye wòƒo tsyoti la ɖe eƒe to me wòdo to to evelia me hemimi eƒe ta ɖe anyigba. Ale Sisera ku, elabena ɖeɖiteameŋu na wòdɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi.
22 And behold, as Barak pursued Sisera, Jael went out to meet him, and said to him, Come, and I will shew thee the man whom thou seekest. And he went into her [tent], and behold, Sisera lay dead, and the pin was in his temples.
Esi Barak va nɔ Sisera dim yina la, Yael yi ɖado goe hegblɔ nɛ be, “Va mafia ame si dim nèle la wò.” Ale Barak dze eyome yi agbadɔ la me. Ekpɔ Sisera wòku ɖe afi ma eye tsyoti la nɔ to me nɛ.
23 So God subdued on that day Jabin king of Canaan before the children of Israel.
Ale Mawu wɔ Israel ŋu dɔ hebɔbɔ Kanaan fia Yabin ɖe anyi le Israelviwo ŋkume.
24 And the hand of the children of Israel ever advanced, and prevailed against Jabin king of Canaan, until they had cut off Jabin king of Canaan.
Tso gbe ma gbe dzi la, Israelviwo nɔ ŋusẽ kpɔm ɖe edzi ɖe Yabin, Kanaan fia ŋu va se ɖe esime wotsrɔ̃ eƒe amewo vɔ keŋkeŋ.