< Isaiah 40 >

1 Comfort ye, comfort ye my people, saith your God.
Mifa akɔ, mifa akɔ na nye amewo, miaƒe Mawu lae gblɔe.
2 Speak to the heart of Jerusalem, and cry unto her, that her time of suffering is accomplished, that her iniquity is pardoned; for she hath received of Jehovah's hand double for all her sins.
De dzi ƒo na Yerusalem, eye nàgblɔ nɛ be, eƒe dɔ sesẽ wɔwɔ wu enu. Woxe fe ɖe eƒe nu vɔ̃wo ta be ekpɔ teƒeɖoɖo eve tso Yehowa gbɔ ɖe eƒe nu vɔ̃wo ta.
3 The voice of one crying in the wilderness: Prepare ye the way of Jehovah, make straight in the desert a highway for our God!
Ame si le ɣli dom le gbea dzi ƒe gbe enye esi: “Midzra Yehowa ƒe mɔ ɖo le gbegbe. Mita mɔ dzɔdzɔe ɖe gbedadaƒo na miaƒe Mawu la.
4 Every valley shall be raised up, and every mountain and hill shall be brought low; and the crooked shall be made straight, and the rough places a plain.
Balimewo katã akɔ kpo, eye woabɔbɔ to kple togbɛ ɖe sia ɖe ɖe anyi; anyigba tsakliwo katã azu zɔzrɔ̃e, eye teƒe siwo katã kɔ kpo la azu sɔsɔe.
5 And the glory of Jehovah shall be revealed, and all flesh shall see [it] together: for the mouth of Jehovah hath spoken.
Woaɖe Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ɖe go, eye amegbetɔƒomea katã akpɔe, elabena Yehowa ƒe nue gblɔe.”
6 A voice saith, Cry. And he saith, What shall I cry? — All flesh is grass, and all the comeliness thereof as the flower of the field.
Gbe aɖe ɖi be, “Ɖe gbeƒã!” eye mebia be, “Nu ka ƒe gbeƒã maɖe?” “Amegbetɔwo katã le abe gbe ene, eye woƒe atsyɔ̃ le abe seƒoƒo le gbe me ene.
7 The grass withereth, the flower fadeth, for the breath of Jehovah bloweth upon it: surely the people is grass.
Gbe ƒuna, eye seƒoƒo yrɔna, elabena Yehowa ƒe gbɔgbɔ gbɔ ɖe wo dzi. Vavãe amewo katã le abe gbe ene.
8 The grass withereth, the flower fadeth; but the word of our God abideth for ever.
Gbe ƒuna, eye seƒoƒo yrɔna, ke miaƒe Mawu ƒe nya nɔa anyi tegbee.”
9 O Zion, that bringest glad tidings, get thee up into a high mountain; O Jerusalem, that bringest glad tidings, lift up thy voice with strength: lift it up, be not afraid; say unto the cities of Judah, Behold your God!
Wò ame si tsɔ du nyui vɛ na Zion, lia to kɔkɔ aɖe. Wò ame si tsɔ du nyui vɛ na Yerusalem, kɔ wò gbe dzi nàdo ɣli, kɔ gbe dzi, mègavɔ̃ o; gblɔ na Yuda ƒe duwo be, “Miaƒe Mawue nye esi!”
10 Behold, the Lord Jehovah will come with might, and his arm shall rule for him; behold, his reward is with him, and his recompence before him.
Kpɔ ɖa, Aƒetɔ Mawu gbɔna kple ŋusẽ, eye eƒe abɔ le dzi be yeaɖu fia. Kpɔ ɖa, eƒe fetu kpe ɖe eŋuti, eye eƒe teƒeɖoɖo hã kpe ɖe eŋuti.
11 He will feed his flock like a shepherd: he will gather the lambs with his arm, and carry them in his bosom; he will gently lead those that give suck.
Anyi eƒe alẽhawo abe alẽkplɔla ene; alé alẽviawo ɖe abɔdome, alé wo ɖe eƒe akɔnu, eye wòakplɔ alẽnɔwo kple beléle.
12 Who hath measured the waters in the hollow of his hand, and meted out the heavens with [his] span, and grasped the dust of the earth in a measure, and weighed the mountains in a balance, and the hills in scales?
Ame kae dzidze tsi ɖe eƒe asiʋlome alo tsɔ eƒe asi ƒe kekeme dzidze dziƒoe? Ame kae lɔ ke si le anyigba la ɖe nudonu me alo da towo le nudanu me kple togbɛwo le nudanu dzi?
13 Who hath directed the Spirit of Jehovah, and, [as] his counsellor, hath taught him?
Ame kae ase Yehowa ƒe susu gɔme alo anye eƒe aɖaŋudela aɖo aɖaŋu nɛ?
14 With whom took he counsel, and [who] gave him intelligence, and instructed him in the path of judgment, and taught him knowledge, and shewed him the way of understanding?
Ame ka gbɔ Yehowa yi be wòaɖe nugɔme nɛ alo wòafia mɔ dzɔdzɔetɔe? Ame kae fia nunya alo gɔmesese ƒe mɔe?
15 Behold, the nations are esteemed as a drop of the bucket, and as the fine dust on the scales; behold, he taketh up the isles as an atom.
Vavãe dukɔwo le abe tsi si ge toŋtoŋ tso tɔkpo me ene, wobu wo abe ʋuʋudedi le nudanu dzi ene, eye wòda ƒukpowo le nudanu dzi abe ʋuʋudedi ko wonye ene.
16 And Lebanon is not sufficient to burn, nor the beasts thereof sufficient for a burnt-offering.
Lebanon ƒe avemetiwo mesɔ gbɔ woatsɔ awɔ nakee ado dzoe le vɔsamlekpui dzi o, eye eƒe lãhawo hã mesɔ gbɔ ade numevɔsawo nu o.
17 All the nations are as nothing before him; they are esteemed by him less than a cipher, and vanity.
Dukɔwo katã menye naneke le eƒe ŋkume o. Ebua wo abe nu maɖinuwo ko ene, eye wonye tofloko.
18 To whom then will ye liken God? and what likeness will ye compare unto him?
Ekema ame ka míatsɔ asɔ kple Mawu, eye nɔnɔme ka míatsɔ asɔ kplii?
19 The workman casteth a graven image, and the goldsmith spreadeth it over with gold, and casteth silver chains [for it].
Legba nye aɖaŋuwɔla ƒe nuwɔwɔ. Sikanutulae tsɔ sika fa ɖe eŋu, eye wòtsɔ klosalo wɔ kɔsɔkɔsɔ de nɛ.
20 He that is impoverished, so that he hath no offering, chooseth a tree that doth not rot; he seeketh unto him a skilled workman to prepare a graven image that shall not be moved.
Ame dahe si, si nu siawo mele o la wɔa ati si megblẽna o la ŋu dɔ. Edia atikpala si aɖaŋu le mo na be wòakpa aklamakpakpɛ, eye wòalii be mamu adze anyi o.
21 — Do ye not know? Have ye not heard? Hath it not been told you from the beginning? Have ye not understood the foundation of the earth?
Ɖe mienya oa? Ɖe miesee oa? Ɖe womegblɔe na mi tso gɔmedzedzea me ke oa? Ɖe miese egɔme tso anyigba ƒe gɔmeɖoanyiɣi ke oa?
22 [It is] he that sitteth upon the circle of the earth, and the inhabitants thereof are as grasshoppers; that stretcheth out the heavens as a gauze curtain, and spreadeth them out as a tent to dwell in;
Eyae nye ame si nɔ fiazi dzi le xexea me godoo tame, eye anyigbadzinɔlawo le abe abɔwo ene le ete. Ekeke dziƒowo abe avɔ ene, eye wòwɔe abe avɔgbadɔ si me wonɔna la ene.
23 that bringeth the princes to nothing, that maketh the judges of the earth as vanity.
Eɖea bubu le amegãwo dzi, eye wòwɔa xexe sia me dziɖulawo wozua nu maɖinuwo.
24 Scarcely are they planted, scarcely are they sown, scarcely hath their stock taken root in the earth, but he also bloweth upon them and they wither, and the whirlwind taketh them away as stubble.
Womekpɔ do wo o, womekpɔ ƒã wo o, womekpɔ to ke ɖe anyigba me o, kasia egbɔ ɖe wo dzi, woyrɔ, eye ya va kplɔ wo dzoe abe atsa ene.
25 To whom then will ye liken me, or shall I be equal? saith the Holy One.
Kɔkɔetɔ la be, “Ame ka miatsɔm asɔ kplii alo ame kae sɔ kplim?”
26 Lift up your eyes on high, and see! Who hath created these things, bringing out their host by number? He calleth them all by name; through the greatness of his might and strength of power, not one faileth.
Miwu mo dzi ne miakpɔ dziƒo. Ame ka wɔ nu siawo katã? Ame si ɖe dziƒoŋunuwo ɖe go ɖekaɖeka, eye wòna ŋkɔ ɖe sia ɖe lae. Le eƒe ŋusẽ triakɔ kple eƒe alɔ sesẽ la ta, mena ɖeke bu le wo dome o.
27 Why sayest thou, Jacob, and speakest, O Israel, My way is hid from Jehovah, and my right is passed away from my God?
O! Yakob, nu ka ta nègblɔ ale, eye O! Israel, nu ka ta nègblɔ be, “Nye mo ɣla ɖe Yehowa, eye nye Mawu metsɔ ɖeke le nye nyawo me o?”
28 Dost thou not know, hast thou not heard, that the everlasting God, Jehovah, the Creator of the ends of the earth, fainteth not nor tireth? There is no searching of his understanding.
Ɖe mènyae oa? Ɖe mèsee oa? Yehowae nye Mawu mavɔtɔ la. Eyae nye anyigba ƒe seƒe ke Wɔla. Ɖeɖi metea eŋu alo nu tia kɔ nɛ o. Eƒe nugɔmesese goglo. Ame aɖeke mate ŋu adzro eme akpɔ o.
29 He giveth power to the faint; and to him that hath no might he increaseth strength.
Ena ŋusẽ ame siwo ŋu ɖeɖi te, eye wòdoa ŋusẽ ame siwo gbɔdzɔ.
30 Even the youths shall faint and shall tire, and the young men shall stumble and fall;
Nu tia kɔ na sɔhɛwo gɔ̃ hã, eye wogbɔdzɔna. Nenema ke ŋusẽ vɔna le ɖekakpuiwo ŋu, eye wodzea anyi,
31 but they that wait upon Jehovah shall renew [their] strength: they shall mount up with wings as eagles; they shall run, and not tire; they shall walk, and not faint.
gake ame siwo kpɔa mɔ na Yehowa la ƒe ŋusẽ gaɖoa yeye me. Woadzo ayi dzi abe hɔ̃wo ene. Woaƒu du, gake ɖeɖi mate wo ŋu o. Woazɔ azɔli, gake nu mati kɔ na wo o.

< Isaiah 40 >