< Exodus 32 >

1 And when the people saw that Moses delayed to come down from the mountain, the people collected together to Aaron, and said to him, Up, make us a god, who will go before us; for this Moses, the man that has brought us up out of the land of Egypt, — we do not know what is become of him!
Esi Mose megbɔ tso to la dzi kaba o ta la, Israelviwo gblɔ na Aron be, “Kpɔ ɖa, wɔ mawu aɖe si akplɔ mí la na mí, elabena Mose, ame si kplɔ mí tso Egipte la, bu ɖe mí. Nane anya wɔe.”
2 And Aaron said to them, Break off the golden rings that are in the ears of your wives, of your sons, and of your daughters, and bring [them] to me.
Aron ɖo eŋu na wo be, “Miɖe sikatogɛ siwo mia srɔ̃wo, mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo de la eye miatsɔ wo vɛ nam.”
3 Then all the people broke off the golden rings that were in their ears, and brought [them] to Aaron.
Ale wo katã woɖe woƒe sikatogɛwo tsɔ vɛ na Aron.
4 And he took [them] out of their hand, and fashioned it with a chisel and made of it a molten calf: and they said, This is thy god, Israel, who has brought thee up out of the land of Egypt!
Aron lolõ sika la, eye wòtsɔe wɔ nyivi aɖe ƒe nɔnɔme. Ameawo do ɣli be, “O, Israel, esiae nye mawu si kplɔ wò do goe le Egipte!”
5 And Aaron saw [it], and built an altar before it; and Aaron made a proclamation, and said, To-morrow is a feast to Jehovah!
Esi Aron kpɔ ale si ameawo kpɔ dzidzɔe le nyivilegba la ŋu la, etu vɔsamlekpui aɖe ɖe nyivilegba la ŋgɔ, eye wòɖe gbeƒã be, “Etsɔ la, míasa vɔ aɖe na Yehowa!”
6 And they rose up early on the morrow, and offered up burnt-offerings, and brought peace-offerings; and the people sat down to eat and to drink, and rose up to sport.
Esi ŋu ke la, wofɔ kaba, eye wode asi numevɔsawo kple ŋutifafavɔsawo wɔwɔ me na nyivilegba la. Emegbe la, wonɔ anyi ɖu nu, eye wono nu nyuie, eye wotsi tsitre, eye woɖu ɣe.
7 Then Jehovah said to Moses, Away, go down! for thy people, which thou hast brought out of the land of Egypt, is acting corruptly.
Tete Yehowa gblɔ na Mose be, “Ɖi kaba, elabena wò ame siwo nèkplɔ tso Egipte la dze nu vɔ̃ me,
8 They have turned aside quickly out of the way that I commanded them: they have made themselves a molten calf, and have bowed down to it, and have sacrificed thereunto, and said, This is thy god, Israel, who has brought thee up out of the land of Egypt!
eye woɖe asi le nye seawo katã ŋu enumake. Wowɔ sikanyivilegba aɖe na wo ɖokuiwo. Wole esubɔm, le vɔ sam nɛ, eye wole gbɔgblɔm be, ‘O Israel, esiae nye wò mawu si kplɔ wò tso Egipte.’”
9 And Jehovah said to Moses, I see this people, and behold, it is a stiff-necked people.
Yehowa yi edzi be, “Mekpɔ be dukɔ sia me tɔwo nye kɔlialiatɔwo kple aglãdzelawo.
10 And now let me alone, that my anger may burn against them, and I may consume them; and I will make of thee a great nation.
Gblẽm ɖi azɔ, eye nye dɔmedzoe nabi ɖe wo ŋu. Matsrɔ̃ wo katã, eye mawɔ wò, Mose nàzu dukɔ gã aɖe ɖe wo teƒe.”
11 And Moses besought Jehovah his God, and said, Why, Jehovah, doth thy wrath burn against thy people, which thou hast brought forth out of the land of Egypt with great power and with a strong hand?
Ke Mose ɖe kuku na Yehowa, eƒe Mawu la be megawɔ nenema o. Eɖe kuku be, “Yehowa, nu ka ta nèdo dɔmedzoe helĩhelĩ ale ɖe wò ŋutɔ wò dukɔ si nèkplɔ tso Egiptenyigba dzi kple ŋusẽ gã kple nukunu triakɔ mawo tɔgbi la ŋu?
12 Why should the Egyptians speak, and say, For misfortune he has brought them out, to slay them on the mountains, and to annihilate them from the face of the earth? Turn from the heat of thine anger, and repent of this evil against thy people!
Ɖe nèdi be Egiptetɔwo nagblɔ be, ‘Mawu ble wo be woava toawo dzi ale be yeate ŋu awu wo, atsrɔ̃ wo ɖa le anyigba dzi keŋkeŋ’ mahã? Ɖe asi le wò dɔmedzoe sesẽ la ŋu. Trɔ wò susu, eye mègahe dzɔgbevɔ̃e va wò amewo dzi o.
13 Remember Abraham, Isaac and Israel, thy servants, to whom thou sworest by thyself, and saidst to them, I will multiply your seed as the stars of heaven, and all this land that I have spoken of will I give to your seed, and they shall possess [it] for ever!
Ɖo ŋku wò ŋutɔ wò ŋugbe si nèdo na wò dɔlawo, Abraham, Isak kple Israel la dzi, elabena ètsɔ wò ŋutɔ wò ŋkɔ ka atam be, ‘Mana miaƒe dzidzimeviwo nasɔ gbɔ abe dziƒoɣletiviwo ene, eye matsɔ anyigba sia katã si ŋugbe medo la ana miaƒe dzidzimeviwo tegbetegbe.’”
14 And Jehovah repented of the evil that he had said he would do to his people.
Ale Yehowa trɔ eƒe tameɖoɖo la, eye wòkpɔ nublanui na wo.
15 And Moses turned and went down from the mountain, [with] the two tables of the testimony in his hand — tables written on both their sides: on this side and on that were they written.
Mose ɖi tso to la dzi. Elé kpe eve siwo ƒe akpa eveawo dzi woŋlɔ Se Ewoawo ɖo la ɖe asi.
16 And the tables [were] God's work, and the writing was God's writing, engraven on the tables.
Mawu ŋutɔe kpa kpeawo, eye wòŋlɔ Seawo ɖe kpeawo dzi.
17 And Joshua heard the noise of the people as they shouted, and said to Moses, There is a shout of war in the camp.
Esi Yosua se ɣli si ameawo katã nɔ dodom le toa te la, egblɔ na Mose be, “Ewɔ abe ɖe wole dzadzram ɖo na aʋawɔwɔ ene!”
18 And he said, It is not the sound of a shout of victory, neither is it the sound of a shout of defeat: it is the noise of alternate singing I hear.
Ke Mose ɖo eŋu be, “Ao, menye dziɖuɣli alo aʋasiɣlie o, ke boŋ hadzidzie.”
19 And it came to pass, when he came near the camp, and saw the calf and the dancing, that Moses' anger burned, and he cast the tables out of his hands, and shattered them beneath the mountain.
Esi wote ɖe asaɖa la ŋu la, Mose kpɔ sikanyivilegba la kple ameawo wonɔ ɣe ɖum. Edo dɔmedzoe ale gbegbe be wòtsɔ kpe siwo dzi Mawu ŋlɔ Seawo ɖo la ƒu anyi wogbã le to la te.
20 And he took the calf that they had made, and burned [it] with fire, and ground it to powder, and strewed [it] on the water, and made the children of Israel drink [it].
Etsɔ sikanyivilegba la, eye wòdee dzo me wòlolo. Esi sika la fa la, etui memie wòzu wɔ. Etsɔ wɔ la kɔ ɖe tsi me hena Israelviwo wono.
21 And Moses said to Aaron, What has this people done to thee, that thou hast brought so great a sin on them?
Mose bia Aron be, “Nu ka tututu ameawo wɔ wò be nèhe nu vɔ̃ triakɔ sia va wo dzi?”
22 And Aaron said, Let not the anger of my lord burn! thou knowest the people, that they are [set] on mischief.
Aron ɖo eŋu nɛ be, “Nye aƒetɔ, mègado dɔmedzoe helĩhelĩ nenema o. Ènya ame siawo nyuie, eye ènya ameha vɔ̃ɖi si wonye.
23 And they said to me, Make us a god, who will go before us; for this Moses, the man that has brought us up out of the land of Egypt, we do not know what is become of him!
Woawoe gblɔ nam be, ‘Wɔ mawu aɖe na mí, wòakplɔ mí, elabena nane wɔ Mose, ame si kplɔ mí do goe le Egipte.’
24 And I said to them, Who has gold? They broke [it] off, and gave [it] me, and I cast it into the fire, and there came out this calf.
Megblɔ na wo be, ‘Mitsɔ miaƒe sikatogɛwo vɛ.’ Ale wotsɔ wo vɛ. Metsɔ wo de dzo me, eye nyivi siae do go tso eme!”
25 And Moses saw the people how they were stripped; for Aaron had stripped them to [their] shame before their adversaries.
Esi Mose kpɔ be ameawo lé woƒe mɔ tsɔ to Aron ƒe ŋusẽdoame me, eye yewoƒe futɔwo nɔ dzidzɔ kpɔm le nu sia ŋu la,
26 And Moses stood in the gate of the camp, and said, He that is for Jehovah, [let him come] to me. And all the sons of Levi gathered to him.
etsi tsitre ɖe asaɖa la ƒe mɔnu, eye wòdo ɣli be, “Mi ame siwo katã le Yehowa dzi la, miva afi sia miawɔ ɖeka kplim.” Tete Levitɔwo katã do go va egbɔ.
27 And he said to them, Thus saith Jehovah, the God of Israel: Put every man his sword upon his hip; go and return from gate to gate through the camp, and slay every man his brother, and every man his friend, and every man his neighbour.
Egblɔ na wo be, “Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ be, ‘Mitsɔ miaƒe yiwo, eye miatsa le asaɖa la me, tso asaɖa la ƒe seƒe ɖeka yi ekemɛ, eye miawu mia ŋutɔwo mia nɔviwo, xɔlɔ̃wo kple ame nyanyɛwo gɔ̃ hã.’”
28 And the sons of Levi did according to the word of Moses; and there fell of the people that day about three thousand men.
Levitɔwo wɔ abe ale si Mose gblɔ na wo ene, eye ame abe akpe etɔ̃ ene ku gbe ma gbe.
29 And Moses said, Consecrate yourselves to-day to Jehovah, yea, every man with his son, and with his brother, and bring on yourselves a blessing to-day.
Mose gblɔ na Levitɔwo be, “Egbe la, mieɖo mia ɖokuiwo hena dɔwɔwɔ na Yehowa, elabena mieɖo toe, togbɔ be toɖoɖoe na be miewu mia ŋutɔwo mia viwo kple mia nɔviwo hã. Azɔ la, Yehowa akɔ yayra geɖe ɖe mia dzi.”
30 And it came to pass the next day, that Moses said to the people, Ye have sinned a great sin. And now I will go up to Jehovah: perhaps I shall make atonement for your sin.
Esi ŋu ke la, Mose gblɔ na Israelviwo be, “Miewɔ nu vɔ̃ gã aɖe, ke magbugbɔ ayi Yehowa gbɔ le to la dzi. Ɖewohĩ mate ŋu ana wòatsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ake mi.”
31 And Moses returned to Jehovah, and said, Alas, this people has sinned a great sin, and they have made themselves a god of gold!
Ale Mose trɔ yi Yehowa gbɔ, eye wògblɔ nɛ be, “O, ame siawo wɔ nu vɔ̃ gã aɖe: wotsɔ sika wɔ mawuwo na wo ɖokuiwo.
32 And now, if thou wilt forgive their sin...but if not, blot me, I pray thee, out of thy book that thou hast written.
Meɖe kuku, tsɔ woƒe nu vɔ̃wo ke wo. Ke ne màte ŋui o la, ekema na nye boŋ maku ɖe wo teƒe, eye nàtutu nye ŋkɔ ɖa le wò agbalẽ la me.”
33 And Jehovah said to Moses, Whoever hath sinned against me, him will I blot out of my book.
Yehowa ɖo eŋu na Mose be, “Ame sia ame si wɔ nu vɔ̃ ɖe ŋunye la, eya ƒe ŋkɔe matutu ɖa le nye agbalẽ la me.
34 And now go, lead the people whither I have told thee: behold, my Angel shall go before thee; but in the day of my visiting I will visit their sin upon them.
Azɔ la, yi eye nàkplɔ nye ameawo ayi teƒe si ƒe nya megblɔ na wò. Meka ɖe edzi na wò be nye Dɔla anɔ ŋgɔ na mi. Ke ne meva be makpɔ ameawo ɖa la, mahe to na wo le woƒe nu vɔ̃wo ta.”
35 And Jehovah smote the people, because they made the calf, which Aaron had made.
Tete Yehowa na dɔvɔ̃ dze ameawo dzi, elabena wosubɔ Aron ƒe sikanyivilegba la.

< Exodus 32 >