< Deuteronomy 27 >
1 And Moses and the elders of Israel commanded the people, saying, Keep all the commandment which I command you this day.
Tete Mose kple Israel ƒe ametsitsiwo de se bubu na ameawo be woalé se siwo katã yede na wo egbe la me ɖe asi.
2 And it shall be on the day when ye pass over the Jordan unto the land which Jehovah thy God giveth thee, that thou shalt set thee up great stones, and plaster them with plaster:
“Ne ètso Yɔdan tɔsisi la, eye nèɖo Ŋugbedodonyigba la dzi la, ɖe kpe gãwo tso tɔsisi la me, eye nàtsɔ wo awɔ ŋkuɖodzikpe enumake ɖe tɔsisi la ƒe akpa kemɛ le Ebal to la gbɔ. Si akalo na kpeawo,
3 and thou shalt write upon them all the words of this law, when thou goest over that thou mayest enter into the land which Jehovah thy God giveth thee, a land flowing with milk and honey, as Jehovah the God of thy fathers hath promised thee.
eye nàŋlɔ Mawu ƒe seawo katã ɖe kpeawo dzi, gbe si gbe nèɖo tɔ la godo be nàyi anyigba si Yehowa, wò Mawu la le na wò ge la dzi, anyigba si dzi ‘notsi kple anyitsi bɔ ɖo,’ abe ale si Yehowa, fofowòwo ƒe Mawu la do ŋugbee ene.
4 And it shall be when ye go over the Jordan, that ye shall set up these stones, as I command you this day, on mount Ebal, and thou shalt plaster them with plaster.
“Ne ètso Yɔdan tɔsisi la la, ɖo kpe siawo ɖe Ebal to la dzi, abe ale si megblɔ na wò ene, eye nàsi akalo na wo.
5 And there shalt thou build an altar to Jehovah thy God, an altar of stones; thou shalt not lift up an iron [tool] upon them;
Tu vɔsamlekpui ɖe afi ma na Yehowa, wò Mawu la kple kpe siwo womefu kple gakpo o.
6 of whole stones shalt thou build the altar of Jehovah thy God; and thou shalt offer up burnt-offerings thereon to Jehovah thy God.
Tu vɔsamlekpui la kple kpe siwo womekpa o, eye nàsa numevɔ na Yehowa, wò Mawu la ɖe vɔsamlekpui la dzi.
7 And thou shalt sacrifice peace-offerings, and shalt eat there, and rejoice before Jehovah thy God.
“Sa ŋutifafavɔ hã ɖe edzi, eye nàɖu nu kple dzidzɔ le afi ma le Yehowa wò Mawu ƒe ŋkume.
8 And thou shalt write upon the stones all the words of this law very plainly.
Ŋlɔ se siawo katã, ɖe sia ɖe me nakɔ nyuie ɖe ŋkuɖodzikpe sia dzi.”
9 And Moses and the priests, the Levites, spoke to all Israel, saying, Be silent and hearken, Israel! this day thou art become the people of Jehovah thy God.
Mose kple nunɔla siwo nye Levitɔwo gblɔ nya siawo na Israelviwo katã be, “O! Israel, ɖo to! Egbe la, èzu Yehowa, wò Mawu la ƒe dukɔ,
10 And thou shalt hearken unto the voice of Jehovah thy God, and do his commandments and his statutes, which I command thee this day.
eya ta ele be nàdze se siwo katã mede na wò la dzi wɔwɔ gɔme egbea.”
11 And Moses gave commandment to the people the same day, saying,
Mose de se siawo na Israelviwo gbe ma gbe ke.
12 These shall stand to bless the people upon mount Gerizim, when ye have gone over the Jordan: Simeon, and Levi, and Judah, and Issachar, and Joseph, and Benjamin.
“Ne mietso Yɔdan tɔsisi la, eye mieɖo ŋugbedodonyigba la dzi la, ame siwo atsi tsitre ɖe Gerizim to la dzi, ayra dukɔ la woe nye Simeon, Levi, Yuda, Isaka, Yosef kple Benyamin ƒe dzidzimeviwo,
13 And these shall stand upon mount Ebal to curse: Reuben, Gad, and Asher, and Zebulun, Dan, and Naphtali.
eye Ruben, Gad, Aser, Zebulon, Dan, Naftali ƒe dzidzimeviwo atsi tsitre ɖe Ebal to la dzi aƒo fi ade ameawo.
14 And the Levites shall declare and say unto all the men of Israel with a loud voice:
Ekema Levitɔwo atsi tsitre ɖe akpa eveawo dome ado ɣli agblɔ na Israel dukɔ blibo la be,
15 Cursed be the man that maketh a graven or molten image, an abomination to Jehovah, a work of the craftsman's hand, and putteth it up secretly! And all the people shall answer and say, Amen.
“Ame sia ame si awɔ legba, eye wòasubɔe nenye le ɣaɣlaƒe hã, nenye aklamakpakpɛ loo alo nu si wololõ ga tsɔ wɔe, esi mawu siwo katã wowɔ kple asi nye nu si Yehowa lé fui ta la, Mawu ƒe fiƒode nava nu siawo wɔlawo dzi.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen!”
16 Cursed be he that slighteth his father or his mother! And all the people shall say, Amen.
“Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si ado vlo fofoa alo dadaa la dzi.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen!”
17 Cursed be he that removeth his neighbour's landmark! And all the people shall say, Amen.
“Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si aɖɔli teƒe na liƒoti le eya ŋutɔ ƒe anyigba kple nɔvia tɔ dome la dzi.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen; neva eme nenema!”
18 Cursed be he that maketh the blind to wander out of the way! And all the people shall say, Amen.
“Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si awɔ ŋkuagbãtɔ aɖe ƒe numakpɔmakpɔ ŋu dɔ wòazu viɖe na eya ŋutɔ la dzi.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen; neva eme nenema!”
19 Cursed be he that perverteth the judgment of the stranger, fatherless, and widow! And all the people shall say, Amen.
“Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si aba amedzro, tsyɔ̃evi kple ahosi aɖe la dzi.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen; neva eme nenema!”
20 Cursed be he that lieth with his father's wife; for he uncovereth his father's skirt! And all the people shall say, Amen.
“Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si awɔ ahasi kple fofoa srɔ̃wo dometɔ ɖeka la dzi, elabena fofoa tɔe.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen; neva eme nenema!”
21 Cursed be he that lieth with any manner of beast! And all the people shall say, Amen.
“Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si adɔ lã aɖe gbɔ la dzi.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen; neva eme nenema!”
22 Cursed be he that lieth with his sister, the daughter of his father, or the daughter of his mother! And all the people shall say, Amen.
“Mawu ƒe fiƒode nava ŋutsu si adɔ eya ŋutɔ nɔvinyɔnu, eɖanye fofovia alo dadavia gbɔ la dzi.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen; neva eme nenema!”
23 Cursed be he that lieth with his mother-in-law! And all the people shall say, Amen.
“Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si ade asi lɔ̃xoa ŋu la dzi.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen; neva eme nenema!”
24 Cursed be he that smiteth his neighbour secretly! And all the people shall say, Amen.
“Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si awu nɔvia le adzame la dzi.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen: neva eme nenema!”
25 Cursed be he that taketh reward to smite mortally [shedding] innocent blood! And all the people shall say, Amen.
“Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si axɔ zãnu be yeawu ame maɖifɔ la dzi.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen; neva eme nenema!”
26 Cursed be he that confirmeth not the words of this law to do them! And all the people shall say, Amen.
“Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si mawɔ se siawo katã dzi o la dzi.” Eye ameawo katã agblɔ be, “Amen!”