< Acts 24 >
1 And after five days came down the high priest Ananias, with the elders, and a certain orator called Tertullus, and laid their informations against Paul before the governor.
Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, nunɔlagã Anania kple eŋumewo yi Kaesarea be yewoatsɔ nya ɖe Paulo ŋu. Ame siwo nɔ Anania ŋu la woe nye, Yudatɔwo ƒe kplɔla aɖewo kple senyala Tertulo.
2 And he having been called, Tertullus began to accuse, saying, Seeing we enjoy great peace through thee, and that excellent measures are executed for this nation by thy forethought,
Esi mɔmefia la bia gbe wo la, Tertulo ƒo nu ɖe wo nu gblɔ be, “Amegã bubutɔ Felix, le wò kpɔkplɔ nyui la te la, mí Yudatɔwo míekpɔ tomefafa kple bubu, eye amewo megakpɔa mí abe nu tsɛ aɖewo ko ene o.
3 we receive [it] always and everywhere, most excellent Felix, with all thankfulness.
Ke le afi sia afi míele akpe manyagblɔ aɖe dam na wò tso míaƒe dzi me ke ɖe esia ta.
4 But that I may not too much intrude on thy time, I beseech thee to hear us briefly in thy kindness.
Nyemedi be magblẽ ɣeyiɣi na wò boo o, eya ta meɖe kuku na wò mayi nye nya dzi agblɔe kpuie ko le wò dɔmefafa la nu.
5 For finding this man a pest, and moving sedition among all the Jews throughout the world, and a leader of the sect of the Nazaraeans;
“Ame si wokplɔ va gbɔwòe la, ame vɔ̃ɖi aɖe ŋutɔ wònye. Eƒe dɔ koe nye be wòanɔ ʋunyaʋunya dem Yudatɔwo dome le xexea me katã godoo be woatsi tsitre ɖe Roma dziɖuɖu la ŋu, anɔ woƒe sewo kple kɔnuwo dzi dam. Eya kee nye habɔbɔ si woyɔna be, Nazaretitɔwo la ƒe amegã.
6 who also attempted to profane the temple; whom we also had seized, [and would have judged according to our law;
Nu si gavlo wu lae nye be edi be yeado vlo míaƒe gbedoxɔ la hafi míeva do ɖe edzi helée. [Ɖe míebe míadrɔ̃ ʋɔnue le míaƒe se la nu hafi.
7 but Lysias, the chiliarch, coming up, took [him] away with great force out of our hands,
Ke asrafowo ƒe amegã Lisia va xɔe le mía si sesẽtɔe
8 having commanded his accusers to come to thee; ] of whom thou canst thyself, in examining [him], know the certainty of all these things of which we accuse him.
eye wòna be enutsolawo nava gbɔwò.] Ne wò ŋutɔ èse eƒe numegbe ko la, ekema míaƒe nya me akɔ na wò.”
9 And the Jews also joined in pressing the matter against [Paul], saying that these things were so.
Yudatɔ mamlɛawo xɔ ɖe Tertulo ƒe nyawo dzi be wole eme tututu abe ale si wògblɔe ene.
10 But Paul, the governor having beckoned to him to speak, answered, Knowing that for many years thou hast been judge to this nation, I answer readily as to the things which concern myself.
Azɔ eɖo Paulo hã dzi be wòaɖe eɖokui nu. Mɔmefiagã la wɔ asi nɛ be wòatso aƒo nu. Paulo ɖe eɖokui nu gblɔ be, “Amegã bubutɔ, menya be menye egbee nèle Yudatɔwo ƒe nyawo drɔ̃m o. Le esia ta la, dzideƒo le asinye be maɖe ɖokuinye nu le gbɔwò.
11 As thou mayest know that there are not more than twelve days since I went up to worship at Jerusalem,
Anɔ abe ŋkeke wuieve koe nye esi ene, meva ɖo Yerusalem be mawɔ subɔsubɔdɔ le gbedoxɔ me.
12 and neither in the temple did they find me discoursing to any one, or making any tumultuous gathering together of the crowd, nor in the synagogues, nor in the city;
Ame siwo le nunye tsom la mekpɔm menɔ nya hem kple ame aɖeke le gbedoxɔ la me alo de zitɔtɔ ameha aɖewo dome le ƒuƒoƒe aɖeke alo le dua ƒe akpa aɖeke o.
13 neither can they make good the things of which they now accuse me.
Le nya si wotsɔ ɖe nunye fifia la hã me la, womate ŋu aɖee afia be enye nyateƒe o.
14 But this I avow to thee, that in the way which they call sect, so I serve my fathers' God, believing all things which are written throughout the law, and in the prophets;
Ke hã la, melɔ̃ ɖe edzi be mesubɔa mía fofowo ƒe Mawu la abe ame si le Mɔ la dzi ene, esi amewo yɔna be kɔmama. Mexɔ nu sia nu si sɔ kple se la kple nu siwo woŋlɔ ɖe nyagblɔɖigbalẽawo me la dzi se.
15 having hope towards God, which they themselves also receive, that there is to be a resurrection both of just and unjust.
Mexɔe se hã abe ame siawo ke ene be Mawu ana nu vɔ̃ wɔlawo kple ame dzɔdzɔewo siaa afɔ tso ku me,
16 For this cause I also exercise [myself] to have in everything a conscience without offence towards God and men.
eye le esia ta la, medzea agbagba wɔa nye dzitsinya ŋuti dɔ nyuie be nye agbenɔnɔ nadze Mawu kple amegbetɔwo ŋu.”
17 And after a lapse of many years I arrived, bringing alms to my nation, and offerings.
Paulo yi eƒe nuƒoa dzi be, “Menɔ gbedzi ƒe geɖe, eye metrɔ va Yerusalem, hetsɔ ga ɖe asi be mava kpe ɖe Yudatɔwo ŋu, eye masa vɔ na Mawu hã.
18 Whereupon they found me purified in the temple, with neither crowd nor tumult. But it was certain Jews from Asia,
Nye futɔ siawo va ke ɖe ŋunye le gbedoxɔ la me, mele ŋutinye kɔm. Ameha aɖeke alo ʋunyaʋunya aɖeke menɔ afi ma kura o.
19 who ought to appear before thee and accuse, if they have anything against me;
Ke dzɔgbevɔ̃etɔe la, Yudatɔ aɖewo, ame siwo tso Asia nuto me, ame siwo wòle be woanɔ afi sia hafi hã nɔ afi ma ɣe ma ɣi.
20 or let these themselves say what wrong they found in me when I stood before the council,
Bia ame siawo le afi sia fifia ŋutɔ be esi wokplɔm yi Yudatɔwo ƒe takpekpe gã la me ɖe, vodada ka wokpɔ le ŋunye mahã. Nu si megblɔ si ɖewohĩ
21 [other] than concerning this one voice which I cried standing amongst them: I am judged this day by you touching [the] resurrection of [the] dead.
medze be magblɔ hafi o koe nye be, ‘Nu si ta wokplɔm va mia dome le takpekpe gã sia me ɖo lae nye be mexɔe se be ame siwo katã ku la agafɔ ɖe tsitre tso ku me!’”
22 And Felix, knowing accurately the things concerning the way, adjourned them, saying, When Lysias the chiliarch is come down I will determine your affair;
Felix nya nyuie be kristotɔwo mewɔa ʋunyaʋunya o. Le esia ta la, egblɔ na Yudatɔwo be woalala va se ɖe esime asrafowo ƒe amegã, Lisia nava hafi yeatso nya la me.
23 ordering the centurion to keep him, and that he should have freedom, and to hinder none of his friends to minister to him.
Ede se be woakplɔ Paulo ayi gaxɔa me, gake woakpɔ edzi nyuie. Woaɖe mɔ faa be exɔlɔ̃wo nava kpɔe ɖa, eye woate ŋu atsɔ nunanawo vɛ nɛ faa, be eƒe dzi nadze eme.
24 And after certain days, Felix having arrived with Drusilla his wife, who was a Jewess, he sent for Paul and heard him concerning the faith in Christ.
Le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, Felix kple srɔ̃a Drusila, ame si nye Yudatɔ la va, eye woɖo ame ɖe Paulo be wòava. Esi Paulo va la, eƒo nu na wo le Yesu Kristo dzixɔse ƒe nyawo ŋu. Nyawo de to me na Felix srɔ̃ nyuie.
25 And as he reasoned concerning righteousness, and temperance, and the judgment about to come, Felix, being filled with fear, answered, Go for the present, and when I get an opportunity I will send for thee;
Ke esi wòɖe nya me na wo le dzɔdzɔenyenye, ɖokuidziɖuɖu kple ʋɔnudɔdrɔ̃ si li gbɔna ŋu la, vɔvɔ̃ ɖo Felix, eye wògblɔ na Paulo be neyi gbɔ, ne yegakpɔ ɣeyiɣi nyui aɖe la, yeagaɖo ame ɖee.
26 hoping at the same time that money would be given him by Paul: wherefore also he sent for him the oftener and communed with him.
Felix nɔ mɔ kpɔm be Paulo ana zãnu ye, eya ta eyɔe zi geɖe henɔ nya me dzrom kplii.
27 But when two years were completed, Felix was relieved by Porcius Festus as his successor; and Felix, desirous to oblige the Jews, to acquire their favour, left Paul bound.
Wonɔ esia dzi alea ʋuu ƒe eve sɔŋ. Ke mlɔeba la, woɖe Felix le afi ma hetsɔ Porkio Festus ɖo eteƒe. Le esi Felix di be Yudatɔwo nakpɔ ŋudzedze le ye ŋu ta la, egblẽ Paulo ɖe gaxɔ me hafi dzo.