< 2 Kings 6 >
1 And the sons of the prophets said to Elisha, Behold now, the place where we dwell before thee is too strait for us.
Gbe ɖeka la, nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃lawo ƒe ha gblɔ na Elisa be, “Kpɔ ɖa, teƒe si míewɔa takpekpe kpli wò le la le sue na mí akpa.
2 Let us go, we pray thee, to the Jordan, and take thence every man a beam, and let us make us a place there, where we may dwell. And he said, Go.
Na míayi Yɔdan tɔsisi la to, ale be mía dometɔ ɖe sia ɖe natso ati eye míatsɔe atso teƒe aɖe si míanɔ.” Elisa gblɔ na wo be, “Miyi! Enyo, miate ŋu atu xɔ la faa.”
3 And one said, Consent, I pray thee, to go with thy servants. And he said, I will go.
Nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka gblɔ be, “Míeɖe kuku kplɔ mí yi teƒea.” Elisa lɔ̃ hegblɔ be, “Mayi!”
4 And he went with them. And they came to the Jordan and cut down the trees.
Ke eyi kpli wo. Woɖo Yɔdan tɔsisi la to eye wode asi atiawo tsotso me.
5 And it came to pass as one was felling a beam, that the iron fell into the water; and he cried and said, Alas, master, and it was borrowed!
Esi nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka nɔ ati aɖe tsom la, eƒe fia do le fiati la me eye wòge ɖe tɔsisi la me. Nusrɔ̃la la do ɣli enumake be, “Oo, nye aƒetɔ, ɖe meɣe fia la hafi!”
6 And the man of God said, Where did it fall? And he shewed him the place. And he cut down a stick, and cast it in thither, and made the iron to swim.
Nyagblɔɖila la biae be, “Afi ka fia la ge ɖo?” Nusrɔ̃la la fia teƒe lae. Elisa lã ati aɖe da ɖe teƒea le tsia me eye fia la ho ɖe tsi la ŋgɔ enumake!
7 And he said, Take [it] up to thee. And he put out his hand and took it.
Elisa gblɔ nɛ be wòalée eye wòlée.
8 And the king of Syria warred against Israel; and he took counsel with his servants, saying, In such and such a place [shall be] my camp.
Gbe ɖeka esime Siria nɔ aʋa wɔm kple Israel la, Siria fia gblɔ na eƒe aʋakplɔlawo be, “Míaƒu asaɖa anyi ɖe teƒe aɖe.” Eyɔ teƒe la ŋkɔ na wo.
9 And the man of God sent to the king of Israel, saying, Beware that thou pass not such a place, for thither the Syrians are come down.
Elisa gblɔ na Israel fia enumake be, “Mègate ɖe teƒe sia ŋu o, elabena Siriatɔwo ɖo be yewoaƒu asaɖa anyi ɖe afi ma!”
10 And the king of Israel sent to the place which the man of God told him and warned him of, and he was on his guard there. [That took place] not once, nor twice.
Ale Israel fia la dɔ amewo ɖa be woayi aɖakpɔ teƒe si Mawu ƒe ame la fia. Elisa xlɔ̃ nu Israel fia enuenu tso nu siawo ƒomevi ŋuti ale wònɔa ŋudzɔ ɖe teƒe mawo ŋuti.
11 And the heart of the king of Syria was troubled because of this thing; and he called his servants, and said to them, Will ye not shew me which of us is for the king of Israel?
Nu sia wɔ nuku na Siria fia la. Eyɔ eƒe aʋafiawo ƒo ƒu eye wòbia wo be, “Mia dometɔ kae nye ameyomemɔfiala sia? Mia dometɔ kae le nye ɖoɖowo gblɔm na Israel Fia la?”
12 And one of his servants said, None, my lord, O king; but Elisha, the prophet that is in Israel, tells the king of Israel the words that thou speakest in thy bedchamber.
Aʋakplɔlawo dometɔ ɖeka ɖo eŋu be, “Nye aƒetɔ fia bubutɔ, menye míawoe o, Elisa, nyagblɔɖila la gblɔa nya si nègblɔ le bebeme le wò xɔ gã me la na Israel fia la!”
13 And he said, Go and see where he is, and I will send and fetch him. And it was told him saying, Behold, he is in Dothan.
Fia la ɖe gbe be, “Miyi miakpɔ afi si wòle ekema míaɖo asrafowo ɖa woayi aɖalée.” Woyi gbɔ va gblɔ na fia la be, “Elisa le Dotan!”
14 And he sent thither horses and chariots, and a great host, and they came by night and surrounded the city.
Ale le zã aɖe me la, Siria fia ɖo aʋakɔ gã aɖe kple tasiaɖamwo kple sɔ geɖewo ɖa be woaɖe to ɖe du la.
15 And when the attendant of the man of God rose early and went forth, behold, an army surrounded the city, with horses and chariots. And his servant said to him, Alas, my master! how shall we do?
Esi nyagblɔɖila la ƒe subɔla fɔ ŋdi kanya eye wòdo ɖe xexe ko la, ekpɔ aʋawɔlawo, tasiaɖamwo kple sɔwo le afi sia afi. Edo ɣli bia Elisa be, “Aléle! Nye aƒetɔ, nu ka míawɔ fifia?”
16 And he said, Fear not, for they that are with us are more than they that are with them.
Elisa gblɔ nɛ be, “Mègavɔ̃ o! Elabena míaƒe aʋakɔ sɔ gbɔ, eye wòtri akɔ wu wo tɔ!”
17 And Elisha prayed and said, Jehovah, I pray thee, open his eyes that he may see. And Jehovah opened the eyes of the young man, and he saw; and, behold, the mountain was full of horses and chariots of fire round about Elisha.
Tete Elisa do gbe ɖa be, “Yehowa, ʋu nye subɔla ƒe ŋkuwo ne wòakpɔ nu!” Yehowa ʋu ɖekakpui la ƒe ŋkuwo eye wòte ŋu kpɔ dzosɔwo kple dzotasiaɖamwo le afi sia afi, le toa dzi.
18 And they came down to him; and Elisha prayed to Jehovah and said, Smite this nation, I pray thee, with blindness. And he smote them with blindness according to the word of Elisha.
Esi Siriatɔwo ƒe aʋakɔ la lũ ɖe wo dzi la, Elisa do gbe ɖa be, “Yehowa, na woƒe ŋkuwo dzi natsyɔ.” Eye wòva eme nenema.
19 And Elisha said to them, This is not the way, neither is this the city: follow me, and I will bring you to the man whom ye seek. And he led them to Samaria.
Elisa yi ɖagblɔ na wo be, “Menye du si me yim miele hafi lae nye esia o. Du bubu mee mieva ɖo! Midze yonyeme eye makplɔ mi ayi ame si dim miele la gbɔ.” Ale Elisa kplɔ Siriatɔwo ƒe aʋakɔ blibo la yi Samaria!
20 And it came to pass when they entered into Samaria, that Elisha said, Jehovah, open the eyes of these [men] that they may see. And Jehovah opened their eyes, and they saw, and behold, they were in the midst of Samaria.
Esi woɖo Samaria la, Elisa do gbe ɖa be, “Yehowa, ʋu woƒe ŋkuwo azɔ ale be woakpɔ nu.” Yehowa wɔ nu si Elisa bia eye Siria ƒe aʋawɔlawo dze sii be yewole Samaria, le Israel ƒe fiadu la me!
21 And the king of Israel said to Elisha, when he saw them, My father, shall I smite? shall I smite [them]?
Esi Israel fia kpɔ wo la, edo ɣli bia Elisa be, “Fofonye, ɖe mawu woa? Mawu woa?”
22 And he said, Thou shalt not smite [them]: wouldest thou smite those whom thou hast taken captive with thy sword and with thy bow? Set bread and water before them, that they may eat and drink, and go to their master.
Elisa ɖo eŋu be, “Kura o! Ɖe míewua ame siwo míelé le aʋa mea? Na nuɖuɖu kple nunono wo eye nàtrɔ wo ɖo ɖe wo de le woƒe amegã gbɔ.”
23 And he prepared a great repast for them, and they ate and drank; and he sent them away, and they went to their master. And the bands of Syria came no more into the land of Israel.
Ale Israel fia la ɖo kplɔ̃ gã aɖe na Siriatɔwo ƒe aʋakɔ la eye esi woɖu nu, no nu vɔ la, eɖo wo ɖe aƒe eye wotrɔ yi ɖe woƒe amegã gbɔ. Tso gbe ma gbe dzi la, Siria ƒe adzohawo megadoa ta ɖe Israelnyigba dzi o.
24 And it came to pass after this that Ben-Hadad king of Syria gathered all his army, and went up and besieged Samaria.
Ke emegbe la, Siria fia Ben Hadad ƒo eƒe aʋakɔ blibo la nu ƒu eye wòɖe to ɖe Samaria.
25 And there was a great famine in Samaria; and behold, they besieged it, until an ass's head was worth eighty silver-pieces, and the fourth part of a cab of dove's dung five silver-pieces.
Nu sia na dɔ to le Samaria du la me. Esi dɔwuame sia nɔ anyi ɣeyiɣi didi aɖe ta la, tedzi ƒe ta xɔ klosaloga blaenyi eye sabala kpo ɖeka gɔ̃ hã xɔ klosaloga atɔ̃.
26 And it came to pass as the king of Israel was passing by upon the wall, there cried a woman to him saying, Help, my lord O king!
Gbe ɖeka esime Israel fia nɔ tsa ɖim to dua ƒe gli dzi la, nyɔnu aɖe yɔe, gblɔ nɛ be, “Kpe ɖe ŋunye, nye aƒetɔ kple nye fia!”
27 And he said, If Jehovah do not help thee, whence should I help thee? Out of the threshing-floor, or out of the winepress?
Fia la gblɔ nɛ be, “Ne Yehowa mekpe ɖe ŋuwò o ɖe, nu ka nye, amegbetɔ mate ŋu awɔ? Nuɖuɖu alo wain mele asinye mana wò o.
28 And the king said to her, What aileth thee? And she said, This woman said to me, Give thy son, that we may eat him to-day, and we will eat my son to-morrow.
Gbã la, nya kae dzɔ?” Nyɔnu la ɖo eŋu be, “Nyɔnu sia gblɔ nam be míaɖa vinye ŋutsuvi aɖu eye le ŋkeke bubu dzi la, míaɖa ye hã ƒe viŋutsuvi aɖu.
29 And we boiled my son, and ate him: and I said to her on the next day, Give thy son, that we may eat him; and she has hidden her son.
Ale míeɖa vinye ɖu, ke esi ŋu ke megblɔ nɛ be ‘Wò hã, wu viwò míaɖa ɖu egbe’ la, etsɔ via ɣla!”
30 And it came to pass when the king heard the words of the woman, that he rent his garments; and he was passing by upon the wall, and the people looked, and behold, he had sackcloth within upon his flesh.
Esi fia la se nya sia la, edze eƒe awuwo. Amewo de dzesii to afi si eƒe awuwo dze le la be edo akpanyawu ɖe awu si wòdze la te.
31 And he said, God do so, and more also to me, if the head of Elisha the son of Shaphat shall remain on him this day!
Fia la ka atam be, “Mawu nefiam, wòagafiam ɖe edzi vevie ne Elisa, Safat ƒe viŋutsu la, ƒe ta aganɔ eƒe kɔ nu egbe.”
32 And Elisha sat in his house, and the elders sat with him. And [the king] sent a man before him. Before the messenger came to him, he himself said to the elders, Do ye see how this son of a murderer has sent to take away my head? See, when the messenger comes; shut the door, and keep him off with the door: is not the sound of his master's feet behind him?
Elisa nɔ takpekpe me kple Israel ƒe ametsitsiwo le eƒe aƒe me. Fia la ɖo ame ɖa be woakplɔe vɛ. Ke hafi ame dɔdɔ la nava ɖo la, Elisa gblɔ na ametsitsiawo be, “Amewula sia ɖo ame aɖe ɖa be wòawum. Ne ame dɔdɔ la va ɖo la, mitu ʋɔa ɖe enu wòatsi ʋɔa godo elabena eƒe aƒetɔ akplɔe ɖo enumake.”
33 And while he yet talked with them, behold, the messenger came down to him. And [the king] said, Behold, this evil is of Jehovah: why should I wait for Jehovah any longer?
Elisa mekpɔ ɖe nu le nya sia me hafi ame dɔdɔ la va do o. Fia la hã va do! Fia la gblɔ be, “Yehowae he dzɔgbevɔ̃e siawo katã vɛ. Nu ka ta makpɔ mɔ na kpekpeɖeŋu aɖe tso egbɔ?”