< 2 Kings 5 >

1 And Naaman, captain of the host of the king of Syria, was a great man before his master, and honourable, for by him Jehovah had given deliverance to Syria; and he was a mighty man of valour, [but] a leper.
Azɔ la Naaman nye Aram fia ƒe aʋakplɔla. Ede ŋgɔ eye bubu nɔ eŋu le eƒe aƒetɔ gbɔ elabena eya dzie Yehowa to ɖu dzi geɖe na Aram. Enye asrafo kalẽtɔ gã aɖe gake enɔ kpodɔ lém.
2 And the Syrians had gone out in bands, and had brought away captive out of the land of Israel a little maid; and she waited on Naaman's wife.
Adzoha aɖewo tso Aram va da adzo le Israelnyigba dzi eye nyɔnuvi sue aɖe le ame siwo wolé la dome. Nyɔnuvi sia zu Naaman srɔ̃ ƒe subɔla.
3 And she said to her mistress, Oh, would that my lord were before the prophet that is in Samaria! then he would cure him of his leprosy.
Azɔ la, nyɔnuvi la gblɔ na eƒe aƒenɔ be, “Ne nye aƒetɔ, ɖe wòakpɔ nyagblɔɖila si le Samaria la, anyo ŋutɔ! Ada gbe le eƒe anyidɔ la ŋu nɛ.”
4 And he went and told his lord saying, Thus and thus said the maid that is of the land of Israel.
Naaman yi eƒe aƒetɔ gbɔ eye wògblɔ nya si nyɔnuvi si tso Israel gblɔ la nɛ.
5 And the king of Syria said, Well! go, and I will send a letter to the king of Israel. And he departed, and took with him ten talents of silver, and six thousand [shekels] of gold, and ten changes of raiment.
Aram fia ɖo eŋu nɛ be, “Ele vevie be nàyi; maɖo agbalẽ ɖe Israel fia.” Ale Naaman dze mɔ; etsɔ klosaloga kilogram alafa etɔ̃ blaene ɖe asi kpe ɖe sikaga kilogram blaadre ŋuti kple awudodo ewo.
6 And he brought the letter to the king of Israel, saying, And now, when this letter comes to thee, behold, I have sent Naaman my servant to thee, that thou mayest cure him of his leprosy.
Agbalẽ si woŋlɔ na Israel fia la me nyawoe nye: “Mele agbalẽ sia ɖom ɖe wò to nye dɔla Naaman dzi be nàda gbe le eƒe anyidɔ la ŋu nɛ.”
7 And it came to pass when the king of Israel had read the letter, that he rent his garments, and said, Am I God, to kill and to make alive, that this man sends to me to cure a man of his leprosy? Wherefore consider, I pray you, and see how he seeks an occasion against me.
Esi Israel fia xlẽ agbalẽa me nyawo vɔ teti ko la, edze eƒe awuwo eye wògblɔ be, “Mawue menyea? Ɖe mate ŋu awu ame agagbɔ agbeea? Nu ka ŋuti ame sia dɔ ame aɖe ɖe gbɔnye be mada gbe le eƒe anyidɔ ŋu? Mikpɔ ale si wòle agbagba dzem be yeagawɔ dzre kplim la ɖa!”
8 And it was so, when Elisha the man of God had heard that the king of Israel had rent his garments, that he sent to the king, saying, Why hast thou rent thy garments? let him come now to me, and he shall know that there is a prophet in Israel.
Ke esi Mawu ƒe ame, Elisa se be Israel fia dze awu le eɖokui ŋuti la, eɖo du ɖee be, “Nu kae te ɖe dziwò ale gbegbe be nèdze wò awuwo? Ɖo Naaman ɖe gbɔnye ekema anya be nyagblɔɖila aɖe le Israel.”
9 And Naaman came with his horses and with his chariot, and stood at the doorway of the house of Elisha.
Ale Naaman kple eƒe sɔwo kple tasiaɖamwo va tɔ ɖe Elisa ƒe aƒe ƒe agbonu.
10 And Elisha sent a messenger to him, saying, Go and wash in the Jordan seven times, and thy flesh shall come again to thee, and thou shalt be clean.
Elisa ɖo dɔla aɖe ɖa be wòagblɔ na Naaman be, “Yi nàdo ɖi ɖe Yɔdan me zi adre, ekema wò ŋutigbalẽ aɖɔ ɖo eye nàkpɔ dɔyɔyɔ.”
11 And Naaman was wroth, and went away and said, Behold, I thought, He will certainly come out to me, and stand, and call on the name of Jehovah his God, and wave his hand over the place, and cure the leper.
Ke Naaman trɔ dzo kple dziku hegblɔ be, “Nye ya mesusui be godoo la, ado ɖe ŋutinye, atɔ ɖe gbɔnye ayɔ Yehowa eƒe Mawu la ƒe ŋkɔ, alili asi anyiteƒeawo, ayɔ dɔ nye anyidɔ la hafi.
12 Are not the Abanah and the Pharpar, rivers of Damascus, better than all the waters of Israel? may I not wash in them and be clean? And he turned and went away in a rage.
Ɖe Abana kple Farpar, Damasko tɔsisiwo menyo wu tsi siwo katã le Israel oa? Ɖe nyemate ŋu ale tsi le wo me akpɔ dɔyɔyɔ oa?” Ale wòtrɔ dzo kple dziku.
13 And his servants drew near, and spoke to him and said, My father, [if] the prophet had bidden thee [do some] great thing, wouldest thou not have done it? how much rather then, when he says to thee, Wash and be clean?
Naaman ƒe dɔlawo yi egbɔ eye wogblɔ nɛ be, “Fofonye, nenye ɖe nyagblɔɖila la gblɔ na wò be nàwɔ nu sesẽ aɖe la, màwɔe oa? Kaka wòhenye be wògblɔ na wò be, ‘Yi nàle tsi eye wò ŋuti nakɔ!’”
14 Then he went down, and plunged himself seven times in the Jordan, according to the saying of the man of God. And his flesh became again like the flesh of a little child, and he was clean.
Ale Naaman yi Yɔdan tɔsisi la me eye wòdo ɖi ɖe tɔsisi la me zi adre abe ale si Mawu ƒe ame la bia tso esi be wòawɔ ene. Eƒe ŋuti zrɔ̃ hekɔ enumake abe ŋutsuvi sue aɖe tɔ ene.
15 And he returned to the man of God, he and all his company, and came and stood before him; and he said, Behold, I know that there is no God in all the earth but in Israel; and now, I pray thee, take a present of thy servant.
Tete Naaman kple eƒe dɔlawo katã trɔ yi ɖe Mawu ƒe ame la gbɔ ɖatsi tsitre ɖe eŋkume hegblɔ nɛ be, “Azɔ la menyae be Mawu aɖeke mele xexea katã me o negbe le Israel ko, eya ta meɖe kuku, xɔ nunana siawo le wò dɔla si.”
16 But he said, As Jehovah liveth, before whom I stand, I will receive none! And he urged him to take it; but he refused.
Ke nyagblɔɖila la ɖo eŋu be, “Meta Yehowa, ame si mesubɔna la ƒe agbe be nyemaxɔ naneke o.” Togbɔ be Naaman ƒoe ɖe enu hã la, egbe mexɔ nunanawo o.
17 And Naaman said, If not, then let there, I pray thee, be given to thy servant two mules' burden of [this] earth; for thy servant will no more offer burnt-offering and sacrifice to other gods, but to Jehovah.
Naaman gblɔ nɛ be, “Ne màxɔ wo o la, meɖe kuku, na wò dɔla naka anyi si tedzi eve ate ŋu atsɔ la nam elabena wò dɔla magasa numevɔ kple vɔsa bubuwo na Mawu bubu aɖeke o, negbe Yehowa ko.
18 In this thing Jehovah pardon thy servant: when my master goes into the house of Rimmon to bow down there, and he leans on my hand, and I bow down myself in the house of Rimmon — when I bow down myself in the house of Rimmon, Jehovah pardon thy servant, I pray thee, in this thing.
Ke Yehowa netsɔe ke wò dɔla ɖe esia ɖeka ko ta be ne nye aƒetɔ yi Rimon ƒe gbedoxɔ me be wòade ta agu eye wòziɔ ɖe nye abɔ ŋuti eye nye hã mede ta agu, le Rimon ƒe gbedoxɔa me la, Yehowa netsɔe ke wò dɔla ɖe esia ta.”
19 And he said to him, Go in peace. And he departed from him a little way.
Elisa gblɔ nɛ be, “Heyi le ŋutifafa me.” Ale Naaman trɔ ɖo ta wo de.
20 And Gehazi, the servant of Elisha the man of God, said, Behold, my master has spared Naaman, this Syrian, in not receiving at his hands that which he brought; but as Jehovah liveth, I will run after him and take somewhat of him.
Ke Gehazi, Elisa ƒe subɔla Mawu ƒe ame, gblɔ na eɖokui be, “Mele be nye aƒetɔ nagbe nunanawo xɔxɔ eye wòaɖe asi le Naaman, Aramea ŋutsu sia ŋu wòadzo o. Mati eyome eye maxɔ nane le esi.”
21 And Gehazi followed after Naaman. And when Naaman saw him running after him, he sprang down from the chariot to meet him, and said, Is all well?
Ale Gehazi ɖe abla kplɔ Naaman ɖo. Esi Naaman kpɔe wònɔ du dzi gbɔna la, eɖi le eƒe tasiaɖam me be yeado goe. Ebia be, “Nu sia nu le nyuiea?”
22 And he said, All is well. My master has sent me saying, Behold, even now there are come to me from mount Ephraim two young men of the sons of the prophets; give them, I pray thee, a talent of silver, and two changes of raiment.
Gehazi ɖo eŋu nɛ be, “Ɛ̃, nu sia nu le nyuie gake nye aƒetɔe dɔm be magblɔ na wò be, ‘Ɖekakpui eve tso nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃lawo dome, tso Efraim to dzi va ɖo gbɔnye fifi laa eya ta, meɖe kuku, tsɔ klosaloga kilogram blaetɔ̃-vɔ-ene kple awudodo ha eve na wo.’”
23 And Naaman said, Consent to take two talents. And he urged him, and bound two talents of silver in two bags, with two changes of raiment, and laid them upon two of his young men; and they bore them before him.
Naaman ɖo eŋu nɛ be, ele vevie eya ta xɔ klosaloga kilogram blaade-vɔ-enyi. Eƒoe ɖe Gehazi nu be wòaxɔe. Tete wòbla klosaloga la ɖe kotoku eve me nɛ eye wòtsɔ awudodo ha eve kpe ɖe eŋuti nɛ. Etsɔ wo de eƒe dɔla eve si eye wotsɔ wo dze Gehazi ŋgɔe.
24 And when he came to the hill, he took them from their hand, and stowed them in the house; and he let the men go, and they departed.
Ke esi wogogo to si dzi Elisa nɔ la, Gehazi xɔ nuawo le subɔla eveawo si eye wòna wotrɔ dzo. Etsɔ ga la ɣla ɖe eƒe aƒe me.
25 And he entered in and stood before his master. And Elisha said to him, Whence [comest thou], Gehazi? And he said, Thy servant went no whither.
Esi wòyi eƒe aƒetɔ gbɔ la, Elisa biae be, “Gehazi, afi ka nètso?” Gehazi ɖo eŋu be, “Wò dɔla medo yi afi aɖeke o.”
26 And he said to him, Did not my heart go, when the man turned again from his chariot to meet thee? Is it a time to receive money, and to receive garments, and oliveyards, and vineyards, and sheep, and oxen, and bondmen, and bondwomen?
Elisa biae be, “Mènya be menɔ afi ma le gbɔgbɔ me hafi Naaman ɖi le eƒe tasiaɖam me hekpe wò oa? Ɣeyiɣi sia mee woaxɔ ga, awu, amitigblewo, waingblewo, alẽwo, nyitsuwo kple subɔlawoa?
27 But the leprosy of Naaman shall fasten upon thee, and upon thy seed for ever. And he went out from his presence leprous, as snow.
Esi nèwɔ esia ta la, Naaman ƒe anyidɔ la ava wò kple viwòwo kple wo tɔgbuiyɔviwo dzi tegbetegbe.” Anyi ƒo ɖe Gehazi ŋu enumake, eŋuti katã fu kpii eye wòzu anyidzela hafi do go le xɔa me.

< 2 Kings 5 >