< Proverbs 14 >
1 A wise woman builds up her household. But a foolish one will pull down with her own hands what has been built up.
Nyɔnu nyanu tua eya ŋutɔ ƒe xɔ, ke nyɔnu bometsila ya tsɔa eya ŋutɔ ƒe asi vuvua xɔ si wòtu la kɔna ɖe anyi.
2 One who walks on a virtuous journey, and who fears God, is despised by him who advances along a disreputable way.
Ame si ƒe zɔzɔme ŋu fɔɖiɖi mele o la vɔ̃a Yehowa, ke ame siwo ƒe mɔ le gɔdɔ̃gɔdɔ̃ la doa vloe.
3 In the mouth of the foolish, there is a rod of arrogance. But the lips of the wise guard them.
Bometsila ƒe nuƒo nana ameƒoti dzea eƒe dzimegbe, ke nunyala ƒe nuyi kpɔa eta.
4 Where there are no oxen, the feeding trough is empty. But where there are many crops, there the strength of the ox is manifest.
Ne nyiwo meli o la, nyikpo me ɖia gbɔlo, ke woxaa nuku geɖe to nyitsu ƒe ŋusẽ me.
5 A faithful witness will not lie. But a deceitful witness offers a lie.
Ɖasefo nyateƒetɔ meblea ame o, ke aʋatsoɖasefo ya trɔa alakpa kɔna ɖi glẽglẽglẽ.
6 A mocker seeks wisdom and does not find it. The doctrine of the prudent is accessible.
Fewuɖula dia nunya gake mekpɔa ɖeke o, ke gɔmesese vana na ame si si sidzedze le la bɔbɔe.
7 Go against a foolish man, and he does not acknowledge lips of prudence.
Te ɖa le bometsila gbɔ elabena màkpɔ gɔmesese le eƒe nu me o.
8 The wisdom of a discerning man is to understand his way. And the imprudence of the foolish is to be wandering astray.
Ayedzelawo ƒe nunyae nye be woabu ta me le woƒe mɔwo ŋu, ke bometsilawo ƒe bometsitsie nye alakpa.
9 The foolish will speak mockingly of sin. But grace lingers among the just.
Bometsilawo le alɔme ɖem le nuvɔ̃ŋutivɔsa ŋuti, ke ŋudzedzekpɔkpɔ le dzɔdzɔetɔwo dome.
10 The heart that knows the bitterness of its own soul, in its gladness the outsider shall not meddle.
Dzi ɖe sia ɖe nya eya ŋutɔ ƒe vevesese eye ame aɖeke hã mate ŋu ama eƒe dzidzɔ kplii o.
11 The house of the impious will be wiped away. Yet truly, the tabernacles of the just shall spring forth.
Woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ƒe aƒe, ke ame dzɔdzɔewo ƒe agbadɔ anɔ anyi ɖaa.
12 There is a way which seems just to a man, but its conclusion leads to death.
Mɔ aɖe li, si le dzɔdzɔe le ame ƒe ŋkume, ke le nuwuwua la, ekplɔa ame yia ku mee.
13 Laughter shall be mingled with sorrow, and mourning occupies the limits of joy.
Le nukoko gɔ̃ hã me la, dzi ase veve eye dzidzɔkpɔkpɔ awu nu le nuxaxa me.
14 The foolish will be filled up by his own ways. And the good man shall be above him.
Woaxe fe na tosẽlawo le woƒe mɔwo ta eye nenema ke ame nyui hã axɔ eƒe fetu.
15 The innocent trust every word. The astute one considers his own steps. Nothing good will be for the deceitful son. But the wise servant shall act prosperously and his way will be set in order.
Susu wodzoetɔ xɔa nya sia nya dzi sena, ke nunyala dea ŋugble le eƒe afɔɖeɖewo ŋuti.
16 The wise fear, and so turn away from evil. The foolish leap ahead with confidence.
Nunyala léa fu vɔ̃ eye wòvɔa Yehowa, ke bometsila doa dziku kabakaba eye wòwɔa nu dzimagbɔɖitɔe.
17 The impatient will work foolishness. And a resourceful man is hated.
Ame si doa dɔmedzoe kabakaba la wɔa bometsinuwo eye wòléa fu ayedzela.
18 The childish will possess foolishness, and the discerning will anticipate knowledge.
Susu wodzoetɔwo ƒe domenyinue nye bometsitsi, ke wotsɔa sidzedze ɖɔna na nunyalawo.
19 The evil will fall down before the good. And the impious will fall down before the gates of the just.
Ame vɔ̃ɖiwo adze klo ɖe ame nyuiwo ŋkume eye nenema ke nu tovo wɔlawo awɔ le ame dzɔdzɔewo ƒe agbonu.
20 The pauper will be hated, even by his own neighbor. Yet truly, the friends of the wealthy are many.
Ame dahewo ƒe aƒelikawo ke hã ƒoa asa na wo, ke xɔlɔ̃ geɖe nɔa kesinɔtɔwo si.
21 Whoever despises his neighbor, sins. But whoever pities the poor shall be blessed. Whoever trusts in the Lord loves mercy.
Ame si do vlo ehavi la wɔ nu vɔ̃, ke woayra ame si nyo dɔ me na hiãtɔ.
22 They wander astray who work evil. But mercy and truth prepare good things.
Ame siwo ɖoa nu vɔ̃ɖi la traa mɔ ke ame siwo wɔa ɖoɖo ɖe nu nyui wɔwɔ ŋu la xɔa lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ ƒe teƒeɖoɖo.
23 In every work, there shall be abundance. But where there are many words, there is often need.
Kutrikuku ɖe dɔwɔna ŋu hea viɖe vɛ, ke nukpoloeƒoƒo ɖeɖe hea ame yia ahedada mee.
24 The crown of the wise is their wealth. The senselessness of the foolish is imprudence.
Nunyalawo ƒe kesinɔnue nye woƒe fiakuku, gake bometsilawo ƒe bometsinuwɔwɔ hea bometsitsi vanɛ.
25 A faithful witness frees souls. And the chameleon utters lies.
Ɖasefo nyateƒetɔ ɖea ame geɖewo ƒe agbe, ke aʋatsoɖasefo nye ameblela.
26 In the fear of the Lord is the faithfulness of strength, and there shall be hope for his sons.
Ame si vɔ̃a Yehowa la, mɔ sesẽ aɖe le esi eye wòanye bebeƒe na viawo.
27 The fear of the Lord is a fountain of life, so as to turn aside from the ruin of death.
Yehowa vɔvɔ̃e nye agbe ƒe vudo eye wòɖea ame tso ku ƒe mɔkawo me.
28 In a multitude of people, there is dignity for the king. And in a paucity of people, there is disgrace for the prince.
Ame xexlẽme gbogbo nye fia ƒe ŋutikɔkɔe, ke ne amewo mele du aɖe me o la, gbegblẽ vaa dumegã dzi.
29 Whoever is patient is governed by much prudence. But whoever is impatient exalts his foolishness.
Sidzedze gã aɖe sua ŋutsu dzigbɔɖitɔ si, ke ŋutsu si doa dziku kabakaba la, ɖea eƒe bometsitsi fiana.
30 The well-being of the heart is life for the flesh. But envy is decay for the bones.
Dzi si me ŋutifafa le la nana agbe ŋutilã gake ŋubiã nana ƒuwo ƒaƒãna.
31 Whoever slanders the indigent argues against his Maker. But he who has compassion on the poor honors his Maker.
Ame si tea ame dahewo ɖe anyi la doa vlo wo Wɔla, ke ame si nyoa dɔ me na hiãtɔ la dea bubu Mawu ŋuti.
32 The impious will be expelled in his malice. But the just finds hope even in his own death.
Ne dzɔgbevɔ̃e dzɔ la, ame vɔ̃ɖiwo yia to, ke le ku me ke hã la, ame dzɔdzɔewo kpɔa sitsoƒe.
33 In the heart of the prudent, wisdom finds rest. And so shall he instruct all the uneducated.
Ame si si sidzedze su la, nunya tsoa aƒe ɖe eƒe dzi me, eye le bometsilawo dome gɔ̃ hã la, enana wodzea si ame si ƒomevi wònye.
34 Justice elevates a nation. But sin makes the peoples miserable.
Dzɔdzɔenyenye doa dukɔ ɖe dzi, ke nu vɔ̃ nye ŋukpe na dukɔmeviwo.
35 An intelligent minister is acceptable to the king. Whoever is useless shall bear his wrath.
Dɔla nyanu ƒe nu nyoa fia ŋu, ke eƒe dɔmedzoe vaa dɔla ŋukpenanuwɔla dzi.