< John 18 >

1 When Jesus had said these things, he departed with his disciples across the Torrent of Kidron, where there was a garden, into which he entered with his disciples.
Esi Yesu do gbe ɖa vɔ la, eya kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo ɖato Kidron Bali la me. Woyi egodo, eye woyi abɔ aɖe si le afi ma la me.
2 But Judas, who betrayed him, also knew the place, for Jesus had frequently met with his disciples there.
Azɔ Yuda, ame si de Yesu asi la hã nya teƒe sia, elabena Yesu kplɔa eƒe nusrɔ̃lawo yina afi ma edziedzi.
3 Then Judas, when he had received a cohort from both the high priests and the attendants of the Pharisees, approached the place with lanterns and torches and weapons.
Ale Yuda va abɔ la me, eye wònɔ ŋgɔ na nunɔlagãwo, Farisitɔwo, asrafowo kple kpovitɔwo. Ale wodze mɔ kple akakatiwo kple akaɖiwo kple aʋawɔnuwo va do ɖe abɔ la me afi si Yesu le.
4 And so Jesus, knowing all that was about to happen to him, advanced and said to them, “Who are you seeking?”
Yesu nya nu siwo katã le dzɔdzɔ ge ɖe dzi la. Eyi wo gbɔ, eye wòbia wo be, “Ame ka dim miele?”
5 They answered him, “Jesus the Nazarene.” Jesus said to them, “I am he.” Now Judas, who betrayed him, was also standing with them.
Wogblɔ be, “Yesu Nazaretitɔ la dim míele.” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nyee nye esi.” (Eye Yuda, ame si fia eyomemɔ la hã nɔ tsitre ɖe wo gbɔ le afi ma.)
6 Then, when he said to them, “I am he,” they moved back and fell to the ground.
Esi Yesu gblɔ be, “Nyee nye esi,” la, ameawo katã zɔ yi megbe, eye wodze anyi.
7 Then again he questioned them: “Who are you seeking?” And they said, “Jesus the Nazarene.”
Yesu gabia wo be, “Ame ka dim miele?” Eye wogblɔ be, “Yesu Nazaretitɔ la dim míele.”
8 Jesus responded: “I told you that I am he. Therefore, if you are seeking me, permit these others to go away.”
Yesu gblɔ be, “Megblɔe na mi be nyee nye esi. Nenye nye dim miele la, ekema mina ame siawo nadzo.”
9 This was so that the word might be fulfilled, which he said, “Of those whom you have given to me, I have not lost any of them.”
Yesu gblɔ nya sia bena wòawu nya si wògblɔ ɖi la nu be, “Nyemebu ame siwo nètsɔ nam la dometɔ aɖeke o.”
10 Then Simon Peter, having a sword, drew it, and he struck the servant of the high priest, and he cut off his right ear. Now the name of the servant was Malchus.
Ke Simɔn Petro ɖe eƒe yi le aku me, eye wòkpa ɖusimeto na Malkus, nunɔlagãtɔ la ƒe subɔla.
11 Therefore, Jesus said to Peter: “Set your sword into the scabbard. Should I not drink the chalice which my Father has given to me?”
Yesu gblɔ na Petro be, “Tsɔ wò yi la de aku me. Ɖe mele be mano kplu si Fofo la tsɔ nam la oa?”
12 Then the cohort, and the tribune, and the attendants of the Jews apprehended Jesus and bound him.
Ale Yudatɔwo ƒe kpovitɔwo kple asrafowo kpakple asrafomegãwo lé Yesu, eye woblae.
13 And they led him away, first to Annas, for he was the father-in-law of Caiaphas, who was the high priest that year.
Gbã la, wokplɔe yi na Anas, si nye Kayafa to, ame si nye nunɔlagã le ƒe ma me.
14 Now Caiaphas was the one who had given counsel to the Jews that it was expedient for one man to die for the people.
Kayafae nye ame si ɖo aɖaŋu na Yudatɔwo be anyo be ame ɖeka naku ɖe dukɔ la ta.
15 And Simon Peter was following Jesus with another disciple. And that disciple was known to the high priest, and so he entered with Jesus into the court of the high priest.
Simɔn Petro kple nusrɔ̃la ɖeka wodze Yesu yome. Esi nunɔlagã la dze si nusrɔ̃la sia ta la, woɖe mɔ nɛ wòge ɖe nunɔlagã la ƒe xɔxɔnu,
16 But Peter was standing outside at the entrance. Therefore, the other disciple, who was known to the high priest, went out and spoke to the woman who was the doorkeeper, and he led in Peter.
gake enɔ na Petro be wòalala le agboa nu. Nusrɔ̃la bubu sia, ame si nunɔlagã la nya la, trɔ gbɔ va ƒo nu na ɖetugbi si nɔ agboa nu dzɔm, eye wòɖe mɔ na Petro wòge ɖe eme.
17 Therefore, the woman servant keeping the door said to Peter, “Are you not also among the disciples of this man?” He said, “I am not.”
Dɔlanyɔnuvi la bia Petro be, “Menye Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖekae nènye oa?” Petro ɖo eŋu nɛ be, “Gbeɖe, menye eƒe nusrɔ̃la menye o.”
18 Now the servants and attendants were standing before burning coals, for it was cold, and they were warming themselves. And Peter was standing with them also, warming himself.
Vuvɔ nɔ wɔwɔm, ale subɔlawo kple kpovitɔwo nɔ dzo ƒum be woƒe lãme naxɔ dzo. Ale Petro hã tsi tsitre ɖe wo gbɔ nɔ dzoa ƒum.
19 Then the high priest questioned Jesus about his disciples and about his doctrine.
Nunɔlagã la bia gbe Yesu tso eƒe nusrɔ̃lawo kple eƒe nufiafia ŋu.
20 Jesus responded to him: “I have spoken openly to the world. I have always taught in the synagogue and in the temple, where all the Jews meet. And I have said nothing in secret.
Yesu ɖo eŋu na wo be, “Meƒo nu le dutoƒo na xexea me. Mefia nu edziedzi le ƒuƒoƒewo kple gbedoxɔ la me, afi si Yudatɔwo katã ƒoa ƒu ɖo. Nyemegblɔ nya aɖeke le ɣaɣlaƒe o.
21 Why do you question me? Question those who heard what I said to them. Behold, they know these things that I have said.”
Nu ka ta miele gbe biamem ɖo? Mibia gbe ame siwo se nye nyawo. Wose nya siwo megblɔ la.”
22 Then, when he had said this, one of the attendants standing nearby struck Jesus, saying: “Is this the way you answer the high priest?”
Esi Yesu gblɔ nya sia la, asrafo siwo le Yesu ŋu dzɔm la dometɔ ɖeka ƒo tome nɛ hegblɔ be, “Nenema wòle be nàɖo nya ŋu na nunɔlagã lae?”
23 Jesus answered him: “If I have spoken wrongly, offer testimony about the wrong. But if I have spoken correctly, then why do you strike me?”
Yesu gblɔ nɛ be, “Ne megblɔ nya vɔ̃ aɖe la, ekema tɔ asi nya vɔ̃ si megblɔ la dzi. Gake ne nyateƒe gblɔm mele la, nu ka ta nèƒom ɖo?”
24 And Annas sent him bound to Caiaphas, the high priest.
Ale Yesu nɔ babla, eye Anas na wokplɔe yi na Kayafa, nunɔlagã la.
25 Now Simon Peter was standing and warming himself. Then they said to him, “Are you not also one of his disciples?” He denied it and said, “I am not.”
Esi Simɔn Petro ganɔ dzoa ƒum la, ame bubu gabiae be, “Menye eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖekae nènye oa?” Petro gasẽ nu gblɔ be, “Gbeɖe, menye eƒe nusrɔ̃lae menye o.”
26 One of the servants of the high priest (a relative of him whose ear Peter had cut off) said to him, “Did I not see you in the garden with him?”
Nunɔlagã la ƒe dɔlawo dometɔ ɖeka si nye ame si ƒe to Petro kpa la ƒe ƒometɔ aɖe hã bia Petro be, “Menye wòe mekpɔ le abɔa me, nèle Yesu ŋu oa?”
27 Therefore, again, Peter denied it. And immediately the rooster crowed.
Ke Petro gasẽ nu be yemenya Yesu o, eye enumake, koklo ku atɔ.
28 Then they led Jesus from Caiaphas into the praetorium. Now it was morning, and so they did not enter into the praetorium, so that they would not be defiled, but might eat the Passover.
Ale Yudatɔwo kplɔ Yesu tso Kayafa gbɔ yi ɖe Roma mɔmefia ƒe aƒe mee. Esi ŋu ke ta la, ame siwo kplɔ Yesu ɖo la gbe be yewomage ɖe aƒea me o, elabena womedi be yewoagblẽ kɔ ɖo na yewo ɖokuiwo o; wodi be yewoaɖu Ŋutitotoŋkeke la.
29 Therefore, Pilate went outside to them, and he said, “What accusation are you bringing against this man?”
Ale Pilato, Roma mɔmefia la ŋutɔ do go va kpe wo, eye wòbia wo be, “Nya ka mietsɔ ɖe ame sia ŋu?”
30 They responded and said to him, “If he were not an evil-doer, we would not have handed him over to you.”
Woɖo eŋu nɛ be, “Ɖe ame sia menye hlɔ̃dola o la, míele ekplɔ ge vɛ na wò o.”
31 Therefore, Pilate said to them, “Take him yourselves and judge him according to your own law.” Then the Jews said to him, “It is not lawful for us to execute anyone.”
Pilato gblɔ be, “Mia ŋutɔwo, mikplɔe yii, eye miatsɔ miaƒe sewo adrɔ̃ ʋɔnui.” Yudatɔwo gaɖo eŋu nɛ be, “Ŋusẽ mele mía si be míatso kufia na ame aɖeke o.”
32 This was so that the word of Jesus would be fulfilled, which he spoke signifying what kind of death he would die.
Esia dzɔ be nya siwo Yesu gblɔ ɖi tso ku si ƒomevi wòaku ŋu la nava eme.
33 Then Pilate entered the praetorium again, and he called Jesus and said to him, “You are the king of the Jews?”
Pilato trɔ yi ɖe eƒe fiasã la me, eye wòna wokplɔ Yesu va egbɔe, eye wòbiae be, “Wòe nye Yudatɔwo ƒe fia la?”
34 Jesus responded, “Are you saying this of yourself, or have others spoken to you about me?”
Yesu biae be, “Wò ŋutɔ wò susu nu nèbia nya sia ɖo loo alo ame aɖee gblɔe na wòa?”
35 Pilate responded: “Am I a Jew? Your own nation and the high priests have handed you over to me. What have you done?”
Pilato ɖo eŋu dɔmedzoetɔe be, “Yudatɔe menye hafi nèle nya sia biamem mahã? Wò ŋutɔ wò amewo kple miaƒe nunɔlagãwoe kplɔ wò va gbɔnyee? Nu ka nèwɔ? Agɔ ka nèdze?”
36 Jesus responded: “My kingdom is not of this world. If my kingdom were of this world, my ministers would certainly strive so that I would not be handed over to the Jews. But my kingdom is not now from here.”
Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Nye fiaɖuƒe metso xexe sia me o. Ɖe nye fiaɖuƒe tso xexe sia me la, ne nye dɔlawo awɔ aʋa ɖe nunye be Yudatɔwo ƒe amegãwo malém o. Nye fiaɖuƒe tso teƒe bubu.”
37 And so Pilate said to him, “You are a king, then?” Jesus answered, “You are saying that I am a king. For this I was born, and for this I came into the world: so that I may offer testimony to the truth. Everyone who is of the truth hears my voice.”
Pilato gabiae be, “Ekema fiae nenye nyateƒea?” Yesu ɖo eŋu be, “Ègblɔ nyateƒe be fiae menye. Le nyateƒe me la, susu sia ta wodzim ɖo, eye esia tae meva xexea me ɖo, be maɖi ɖase tso nyateƒe la ŋu. Ame sia ame si xɔ nyateƒe la dzi se la ɖoa tom.”
38 Pilate said to him, “What is truth?” And when he had said this, he went out again to the Jews, and he said to them, “I find no case against him.
Pilato biae be, “Nu kae nye nyateƒe la?” Esi Pilato gblɔ nya sia la, egado go ɖagblɔ na Yudatɔwo be, “Nyemekpɔ fɔɖiɖi aɖeke le ame sia ŋu o.
39 But you have a custom, that I should release someone to you at the Passover. Therefore, do you want me to release to you the king of the Jews?”
Gake enye míaƒe kɔnu be maɖe asi le gamenɔla ɖeka ŋuti na mi le Ŋutitotoŋkeke la dzi. Miedi be maɖe asi le ‘Yudatɔwo ƒe fia’ la ŋuti na mia?”
40 Then they all cried out repeatedly, saying: “Not this one, but Barabbas.” Now Barabbas was a robber.
Ke ameawo do ɣli gblɔ be, “Gbeɖe, menye eya o! Ɖe asi le Barabas ŋu na mí!” Baraba sia nye adzodala aɖe si wode gaxɔ me la.

< John 18 >