< Jezekiel 21 >

1 And the word of the Lord came to me, saying,
Yehowa ƒe nya va nam be,
2 Therefore prophesy, son of man, set thy face steadfastly toward Jerusalem, and look toward their holy places, and thou shalt prophesy against the land of Israel,
“Trɔ wò mo ɖe Yerusalem ŋu, eye nàgblɔ nya atsi tsitre ɖe kɔkɔeƒe la ŋu. Gblɔ nya ɖi ɖe Israelnyigba ŋu,
3 and thou shalt say to the land of Israel, Thus saith the Lord; Behold, I am against thee, and I will draw forth my sword out of its sheath, and I will destroy out of thee the transgressor and unrighteous.
eye nàgblɔ nɛ be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: Metsi tsitre ɖe ŋuwò. Maɖe nye yi le eƒe aku me, eye matsrɔ̃ wò ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃ɖiwo siaa.
4 Because I will destroy out of thee the unrighteous and the transgressor, [therefore] so shall my sword come forth out of its sheath against all flesh from the south to the north:
Esi mele ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃ɖiwo siaa tsrɔ̃ ge le dziwò ta la, nye yi aɖe le aku me ɖe ame sia ame ŋu, tso dziehe yi anyiehe.
5 and all flesh shall know that I the Lord have drawn forth my sword out of its sheath: it shall not return any more.
Ekema amewo katã anya be nye Yehowae ɖe nye yi le aku me; magatrɔ yi aku me azɔ o.’
6 And thou, son of man, groan with the breaking of thy loins; thou shalt even groan heavily in their sight.
“Eya ta, nɔ ŋeŋem, Ame vi, ŋe le wo ŋkume kple dzigbagbã kple vevesese helĩhelĩ.
7 And it shall come to pass, if they shall say to thee, Wherefore dost thou groan? that thou shalt say, For the report; because it comes: and every heart shall break, and all hands shall become feeble, and all flesh and every spirit shall faint, and all thighs shall be defiled with moisture: behold, it comes, saith the Lord.
Eye ne wobia wò be, ‘Nu ka ta nèle ŋeŋem ɖo?’ la, àɖo eŋu be, ‘Le nyadzɔdzɔ si gbɔna la ta. Dzi ɖe sia ɖe alolõ, asi ɖe sia ɖe adze ti, gbɔgbɔ ɖe sia ɖe ayi to, eye klo ɖe sia ɖe agbɔdzɔ abe tsi ene.’ Egbɔna! Ava eme godoo, Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”
8 And the word of the Lord came to me, saying,
Aƒetɔ Yehowa ƒe nya va nam,
9 Son of man, prophesy, and thou shalt say, Thus saith the Lord; Say, Sword, sword, be sharpened and rage,
“Ame vi, gblɔ nya ɖi be ‘Nu si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “‘Yi, yi, wonyree eye wotutu eŋuti wòle dzo dam.
10 that thou mayest slay victims; be sharpened that thou mayest be bright, ready for slaughter, slay, set at nought, despise every tree.
Wonyree hena amewuwu wotutu eŋu be wòada dzo abe dzikedzo ene! “‘Ɖe míatso aseye le vinye Yuda ƒe fiatikplɔ ŋua? Yi doa vlo ati ma tɔgbi ɖe sia ɖe.
11 And he made it ready for his hand to hold: the sword is sharpened, it is ready to put into the hand of the slayer.
“‘Woɖo na yi be woatutu eŋu, woake dzo, woalée ɖe asi, woanyree, asiae, eye woawɔe wòasu te na amewula la ƒe zazã.
12 Cry out and howl, son of man: for this [sword] is come upon my people, this [sword is come] upon all the princes of Israel: they shall be as strangers: [judgment] with the sword is come upon my people: therefore clap thine hands, for sentence has been passed:
Do ɣli eye nàfa avi, Ame vi, elabena egbɔna dzɔdzɔ ge ɖe nye amewo dzi, ɖe Israel ƒe dziɖulawo katã dzi. Woda wo kple nye amewo ɖe yinu, eya ta ƒo wò akɔta.
13 and what if even the tribe be rejected? it shall not be, saith the Lord God.
“‘Dodokpɔɣi ava godoo. Ekema nya kae adzɔ ne Yuda ƒe fiatikplɔ, si yi doa vloe la, megayi edzi o? Aƒetɔ Yehowae gblɔe.’
14 And thou, son of man, prophesy, and clap thine hands, and take a second sword: the third sword is [the sword] of the slain, the great sword of the slain: and thou shalt strike them with amazement, lest the heart should faint
“Ekema, Ame vi, gblɔ nya ɖi, eye nàƒo asikpe. Na yi nadze ame dzi zi eve alo zi etɔ̃ gɔ̃ hã. Amewuyie, yi na ame geɖewo wuwu, yi si amimi wo ɖo to axa ɖe sia ɖe dzi.
15 and the weak ones be multiplied at every gate—they are given up to the slaughter of the sword: it is well fitted for slaughter, it is well fitted for glittering.
Ale be dziwo nalolo banaa, eye ame kukuawo nasɔ gbɔ. Meda amewuyi la ɖe woƒe agbowo katã nu. O! Wowɔe be woake dzo abe dzikedzo ene, wolée na amewuwu.
16 And do thou go on, sharpen thyself on the right and on the left whithersoever thy face may set itself.
O! Yi, lã nu yi ɖusime, emegbe yi miame, afi sia afi si wo yi la nu trɔ ɖo.
17 And I also will clap my hands, and let loose my fury: I the Lord have spoken [it].
Nye hã maƒo asikpe, eye nye dziku nu abɔbɔ. Nye Yehowae gblɔe.”
18 And the word of the Lord came to me, saying,
Yehowa ƒe nya va nam.
19 and thou, son of man, appoint thee two ways, that the sword of the king of Babylon may enter in: the two shall go forth of one country; and [there shall be] a force at the top of the way of the city, thou shalt set [it] at the top of the way,
“Ame vi, de dzesi mɔ eve be Babilonia fia ƒe yi nato; mɔ eve siawo nadze egɔme tso anyigba ɖeka ma ke dzi. Tu mɔfiati aɖe ɖe afi si mɔa dze le ɖo ta du la me.
20 that the sword may enter in upon Rabbath of the children of Ammon, and upon Judea, and upon Jerusalem in the midst thereof.
De dzesi mɔ ɖeka wòato ayi ɖe Amonitɔwo ƒe Raba ŋu, eye bubu nayi Yuda kple Yerusalem, du si woglã la ŋu,
21 For the king of Babylon shall stand on the old way, at the head of the two ways, to use divination, to make bright the arrow, and to enquire of the graven images, and to examine [the victims].
elabena Babilonia fia atɔ ɖe mɔdzeƒe la, le mɔ eveawo dzeƒe, be yeaka afa. Aka nu kple aŋutrɔwo, abia gbe eƒe legbawo, eye wòalé ŋku ɖe eƒe aklã ŋuti.
22 On his right was the divination against Jerusalem, to cast a mound, to open the mouth in shouting, to lift up the voice with crying, to cast a mound against her gates, to cast up a heap, and to build forts.
Nu si adzɔ ɖe Yerusalem dzi la, woatsɔe ade eƒe nuɖusime, afia afi si woatu gligbãnuwo ɖo, woaɖe gbe be woawu amewo woado aʋaɣli, wòatu gligbãnu ɖe agboawo nu, woaƒo kpo, eye woawɔ atsrɔewo ɖe gliawo ŋu.
23 And he was to them as one using divination before them, and he himself recounting his iniquities, that they might be borne in mind.
Adze abe aʋatsoɖeɖefia ene na ame siwo do ŋugbe be yewoanɔ edzi, ke aɖo ŋku woƒe dzidadawo dzi na wo, eye woaɖe aboyo wo.
24 Therefore thus saith the Lord, Because ye have caused your iniquities to be remembered, in the discovery of your wickedness, so that your sins should be seen, in all your wickedness and in your [evil] practices; because ye have caused remembrance [of them], in these shall ye be taken.
“Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si. ‘Esi mi ame siawo mieɖo ŋku miaƒe vodada dzi to miaƒe aglãdzedze me, eye mieɖe miaƒe nu vɔ̃wo fia le nu siwo katã miewɔ me, esi miewɔ esia ta la, woaɖe aboyo mi.’
25 And thou profane wicked prince of Israel, whose day, [even] an end, is come in a sea of iniquity, thus saith the Lord;
“‘O! Wò Israel dziɖula vɔ̃ɖi, ame si gblɔa nya tovowo, ame si ƒe ŋkeke de, ame si ƒe ɣeyiɣi na tohehe ɖo eƒe kɔkɔƒe,
26 Thou hast taken off the mitre and put on the crown, it shall not have such [another] after it: thou hast abased that which was high, and exalted that which was low.
ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si. Ɖe wò tablanu, eye nàɖe wò fiakuku. Maganɔ abe ale si wònɔ tsã la ene o: woado ame tsɛwo ɖe dzi, eye woabɔbɔ amegãwo ɖe anyi.
27 Injustice, injustice, injustice, will I make it: woe to it: such shall it be until he comes to whom it belongs; and I will deliver [it] to him.
Gbegblẽ! Gbegblẽ! Mawɔe wòazu gbegblẽ. Womagbugbɔe aɖo te o va se ɖe esime wòava aɖo ame si tɔ wònye la ƒe asi me; eyae matsɔe ana.’
28 And thou, son of man, prophesy, and thou shalt say, Thus saith the Lord, concerning the children of Ammon, and concerning their reproach; and thou shalt say, O sword, sword, drawn for slaughter, and drawn for destruction, awake, that thou mayest gleam.
“Eye wò, Ame vi, gblɔ nya ɖi be, ‘Alea Yehowa gblɔ tso Amonitɔwo kple woƒe amedzudzuwo ŋue nye esi: “‘Yi, yi, woɖee le aku me na amewuwu, wotutu eŋu wòle dzo dam abe dzikedzo ene hena nugbegblẽ.
29 While thou art seeing vain [visions], and while thou art prophesying falsehoods, to bring thyself upon the necks of ungodly transgressors, the day is come, [even] an end, in a season of iniquity.
Togbɔ be aʋatsoŋutegawo ƒe alakpaɖeɖefiawo le ŋuwò hã la, woatsɔe ada ɖe kɔ dzi na ame vɔ̃ɖi siwo wole wuwu ge, ame siwo ƒe ŋkeke de, eye woƒe tohehe ƒe ɣeyiɣi ɖo eƒe kɔkɔƒe.
30 Turn, rest not in this place wherein thou wert born: in thine own land will I judge thee.
Tsɔ yi la de eƒe aku me. Madrɔ̃ ʋɔnu wò le teƒe si wowɔ wò le, le fofowòwo ƒe anyigba dzi.
31 And I will pour out my wrath upon thee, I will blow upon thee with the fire of my wrath, and I will deliver thee into the hands of barbarians skilled in working destruction.
Matrɔ nye dziku akɔ ɖe dziwò, eye magbɔ nye dɔmedzoe helĩhelĩ ƒe dzo ƒe ya ɖe ŋuwò. Matsɔ wò ade asi na ŋutasẽlawo, ame siwo bi ɖe nu gbegblẽ ƒe aɖaŋu me.
32 Thou shalt be fuel for fire; thy blood shall be in the midst of thy land; there shall be no remembrance at all of thee: for I the Lord have spoken [it].
Ànye nake na dzo, woakɔ wò ʋu ɖi le wò anyigba dzi, womagaɖo ŋku dziwò o, elabena nye Yehowae gblɔe.’”

< Jezekiel 21 >