< Zephaniah 3 >

1 Sorrow to her who is uncontrolled and unclean, the cruel town!
“Baba na du si yɔ fũu kple ŋutasesẽ, aglãdzedze kple ɖiƒoƒo.
2 She gave no attention to the voice, she had no use for teaching, she put no faith in the Lord, she did not come near to her God.
Mesea ame aɖeke ƒe gbe o, eye melɔ̃na be woagbe nya na ye hã o. Mexɔ Yehowa dzi se o, eye metena ɖe eƒe Mawu la ŋu hã o.
3 Her rulers are like loud-voiced lions in her; her judges are wolves of the evening, crushing up the bones before the morning.
Eƒe kplɔlawo le abe dzata dɔwui si le gbe tem la ene. Woƒe ʋɔnudrɔ̃lawo le abe amegaxi si lé nu le zã me, eye wòɖui vɔ keŋ hafi ŋu ke la ene.
4 Her prophets are good-for-nothing persons, full of deceit: her priests have made the holy place unclean and have gone violently against the law.
Eƒe nyagblɔɖilawo doa wo ɖokuiwo ɖe dzi, eye wonye ame vɔ̃ɖiwo. Eƒe nunɔlawo do gu kɔkɔeƒe la, eye wodo vlo Mawu ƒe seawo.
5 The Lord in her is upright; he will not do evil; every morning he lets his righteousness be seen, he is unchanging; but the evil-doer has no sense of shame.
Ke Yehowae nye dzɔdzɔetɔ le wo dome, eye mewɔa nu gbegblẽ aɖeke o. Ŋdi sia ŋdi la, eɖea eƒe dzɔdzɔenyenye ɖe go, eye ŋkeke aɖeke medanɛ ƒu o. Gake nu vɔ̃ wɔlawo menya ŋukpe o.
6 I have had the nations cut off, their towers are broken down; I have made their streets a waste so that no one goes through them: destruction has overtaken their towns, so that there is no man living in them.
“Metsrɔ̃ dukɔ geɖewo, megbã woƒe mɔ sesẽwo, mena woƒe ablɔwo dzi ɖi gbɔlo, eye ame aɖeke megatoa wo dzi o. Woƒe duwo gbã, eye ame ɖeka pɛ gɔ̃ hã masusɔ o.
7 I said, Certainly you will go in fear of me, and come under my training, so that whatever I may send on her may not be cut off before her eyes: but they got up early and made all their works evil.
Megblɔ na du la be, ‘Azɔ la, àvɔ̃m vavã, eye nàxɔ nye ɖɔɖɔɖo!’ Ekema womagatsrɔ̃ eƒe nɔƒe alo nye tohehe magava edzi o, gake wogatsi dzi ɖe nu vɔ̃ wɔwɔ ŋu,
8 For this reason, go on waiting for me, says the Lord, till the day when I come up as a witness: for my purpose is to send for the nations and to get the kingdoms together, so that I may let loose on them my passion, even all my burning wrath: for all the earth will be burned up in the fire of my bitter passion.
eya ta mikpɔ nye asi nu,” Yehowae gblɔe, “elabena ŋkeke li gbɔna, matsi tsitre aɖi ɖase. Meɖoe be maƒo dukɔwo katã kple fiaɖuƒewo nu ƒu, eye makɔ nye dɔmedzoe kple nye dziku helĩhelĩ ɖe wo dzi. Ale nye ŋuʋaʋã ƒe dzo afia anyigba la katã.
9 For then I will give the people a clean language, so that they may all make prayer to the Lord and be his servants with one mind.
“Ɣe ma ɣi la, makɔ nye amewo ƒe nuyiwo ŋu, ale wo katã woayɔ Yehowa ƒe ŋkɔ, eye woasubɔe kple nusɔsɔe.
10 From over the rivers of Ethiopia, and from the sides of the north, they will come to me with an offering.
Tso Kus tɔsisi la godo ke, nye subɔlawo kple nye ame siwo ka hlẽ la, atsɔ woƒe nunanawo vɛ nam.
11 In that day you will have no shame on account of all the things in which you did evil against me: for then I will take away from among you those who were lifted up in pride, and you will no longer be lifted up with pride in my holy mountain.
Le ɣe ma ɣi la, ŋu magakpe mi le miaƒe nu vɔ̃ siwo katã miewɔ ɖe ŋunye la ta o, elabena maɖe ame siwo katã kpɔa dzidzɔ le ɖokuidodoɖedzi ŋuti la ɖa le dua me, ale be dadala aɖeke maganɔ nye to kɔkɔe la dzi o.
12 But I will still have among you a quiet and poor people, and they will put their faith in the name of the Lord.
Ke magblẽ ame siwo nye ame fafawo kple ɖokuibɔbɔɖeanyilawo, ame siwo xɔ nye, Yehowa ƒe ŋkɔ dzi se la ɖe mia dome.
13 The rest of Israel will do no evil and say no false words; the tongue of deceit will not be seen in their mouth: for they will take their food and their rest, and no one will be a cause of fear to them.
Israel ƒe ame mamlɛawo magawɔ vɔ̃ o, womada alakpa o, eye womakpɔ amebeble le woƒe nu me o. Woaɖu nu, amlɔ anyi, eye ame aɖeke mado ŋɔdzi na wo o.”
14 Make melody, O daughter of Zion; give a loud cry, O Israel; be glad and let your heart be full of joy, O daughter of Jerusalem.
O Zion vinyɔnu, dzi ha, O Israel, do ɣli, kpɔ dzidzɔ, eye wò dzi nayɔ fũu kple aseyetsotso, O Yerusalem vinyɔnuvi!
15 The Lord has taken away those who were judging you, he has sent your haters far away: the King of Israel, even the Lord, is among you: you will have no more fear of evil.
Yehowa ɖe wò tohehewo ɖa, eye wòna wò futɔwo gbugbɔɖemegbe. Yehowa, Israel ƒe fia la li kpli wò, eya ta vɔ̃wɔame aɖeke mado ŋɔdzi na wò o.
16 In that day it will be said to Jerusalem, Have no fear: O Zion, let not your hands be feeble.
Gbe ma gbe la, woagblɔ na Yerusalem be, “Mègavɔ̃ o, O Zion, eye mègana wò alɔ nagbɔdzɔ o.
17 The Lord your God is among you, as a strong saviour: he will be glad over you with joy, he will make his love new again, he will make a song of joy over you as in the time of a holy feast.
Yehowa wò Mawu la li kpli wò, kalẽtɔ si ate ŋu axɔ na wò lae wònye. Akpɔ dzidzɔ gã aɖe ɖe ŋuwò, atsɔ eƒe lɔlɔ̃ afa akɔ na wò, eye wòado dzidzɔ na wò kple hadzidzi.”
18 I will take away your troubles, lifting up your shame from off you.
“Maɖe konyifafa siwo nɔa miaƒe takpegbewo la ɖa le mia ŋu, elabena wonyea agba kple mokaka na mi.
19 See, at that time I will put an end to all who have been troubling you: I will give salvation to her whose steps are uncertain, and get together her who has been sent in flight; and I will make them a cause of praise and an honoured name in all the earth, when I let their fate be changed.
Le ɣe ma ɣi la, matu nu kple ame siwo katã te mi ɖe anyi la, makpe ɖe ataŋeŋetɔwo ŋu, eye maƒo ame siwo ka hlẽ la nu ƒu. Matsɔ kafukafu kple bubu ana wo le anyigba ɖe sia ɖe si dzi wodo ŋukpe wo le.
20 At that time I will make you come in, at that time I will get you together: for I will make you a name and a praise among all the peoples of the earth when I let your fate be changed before your eyes, says the Lord.
Ɣe ma yi la, maƒo mia nu ƒu; ɣe ma yi me la, makplɔ mi va aƒee. Matsɔ bubu kple kafukafu ana mi le anyigbadzidukɔwo katã dome, nenye be megbugbɔ mi ɖo te le miawo ŋutɔ ƒe ŋkuwo me.” Yehowae gblɔe.

< Zephaniah 3 >