< Joshua 11 >
1 Now Jabin, king of Hazor, hearing of these things, sent to Jobab, king of Madon, and to the king of Shimron, and to the king of Achshaph,
Esi Yabin, Hazor fia se ale si Israelviwo nɔ dukɔwo dzi ɖum la, eɖo du ɖe Yobab, Madɔn fia kple Simron fia kple Aksaf fia,
2 And to the kings on the north in the hill-country, and in the Arabah south of Chinneroth, and in the lowland, and in the highlands of Dor on the west,
kple fia siwo nɔ tonyigba la dzi le dziehe le Araba, le Kineret kple esiwo nɔ Yɔdan tɔsisi la ƒe balime le Galilea ƒu la ƒe dziehe kple fia siwo nɔ ɣetoɖoƒetogbɛwo dzi le ƒuta, te ɖe Nafɔt Dor ŋu.
3 And to the Canaanites on the east and on the west, and to the Amorites and the Hittites and the Perizzites, and the Jebusites in the hill-country, and the Hivites under Hermon in the land of Mizpah.
Eɖo du ɖe Kanaan fia siwo nɔ Yɔdan tɔsisi la ƒe akpa eveawo dzi, Amoritɔwo, Hititɔwo, Perizitɔwo kple Yebusitɔwo le tonyigba la dzi kple Hivitɔwo, ame siwo nɔ Hermon to la dzi le Mizpanyigba dzi.
4 And they went out, they and all their armies with them, a great people, in number like the sand on the seaside, with horses and war-carriages in great number.
Dukɔ siawo katã kplɔ woƒe aʋakɔwo vɛ, eye woƒo ƒu zu aʋakɔ gã ɖeka ɖe Israel ŋu. Aʋakɔ gã sia kple woƒe sɔwo kple tasiaɖamwo sɔ gbɔ abe ƒutake ene.
5 And all these kings came together, and put their forces in position at the waters of Merom, to make war on Israel.
Woƒu asaɖa anyi ɖe Merɔn tsi dzidzi la gbɔ.
6 And the Lord said to Joshua, Have no fear of them: for tomorrow at this time I will give them all up dead before Israel; you are to have the leg-muscles of their horses cut and their war-carriages burned with fire.
Yehowa gblɔ na Yosua be, “Mègavɔ̃ aʋakɔ gã sia o, elabena etsɔ hafi ɣelawoɣi naɖo la, wo katã woazu nu kukuwo le Israel ŋgɔ! Gbã la, tu woƒe sɔwo ƒe atawo, eye nàtɔ dzo woƒe tasiaɖamwo!”
7 So Joshua and all the men of war with him came against them suddenly at the waters of Merom, and made an attack on them.
Yosua kple eƒe amewo va dze futɔwo dzi le vo me le Merɔn tsi dzidzi la gbɔ.
8 And the Lord gave them up into the hands of Israel, and they overcame them driving them back to great Zidon and to Misrephoth-maim and into the valley of Mizpeh to the east; and they put them all to death, no man got away safely.
Yehowa tsɔ aʋakɔ gã ma de asi na Israelviwo, eye wonya wo va se ɖe keke Sidon du gã la me kple Misrefat Maim heyi Mizpa balime le ɣetoɖoƒe lɔƒo. Futɔwo dometɔ aɖeke metsi agbe o.
9 And Joshua did to them as the Lord had said to him; he had the leg-muscles of their horses cut and their war-carriages burned with fire.
Yosua kple eƒe amewo tu ata na futɔwo ƒe sɔwo, eye wotɔ dzo woƒe tasiaɖamwo abe ale si Yehowa ɖo na wo ene.
10 At that time, Joshua went on to take Hazor and put its king to the sword: for in earlier times Hazor was the chief of all those kingdoms.
Esi wotrɔ gbɔna la, Yosua xɔ Hazor du, si nye fiadu na dukɔ ƒoƒu mawo katã, eye wòwu eƒe fia.
11 And they put every person in it to death without mercy, giving every living thing up to the curse, and burning Hazor.
Wowu ame sia ame le Hazor du la me, eye wotɔ dzo du la.
12 And all the towns of these kings, and all the kings, Joshua took, and put them to the sword: he gave them up to the curse, as Moses, the servant of the Lord, had said.
Yosua dze fia mamlɛawo ƒe du bubuawo dzi. Wowu ameawo katã abe ale si Mose gblɔe da ɖi xoxo la ene.
13 As for the towns made on hills of earth, not one was burned by Israel but Hazor, which was burned by Joshua.
Ke Yosua metɔ dzo du siwo nɔ togbɛwo dzi la ya o, negbe Hazor ko.
14 And all the goods taken from these towns, and their cattle, the children of Israel kept for themselves; but every man they put to death without mercy, till their destruction was complete, and there was no one living.
Israelviwo ha du siwo wotsrɔ̃ la ƒe nuwo kple lãwo na wo ɖokuiwo, ke wowu amegbetɔwo katã,
15 As the Lord had given orders to Moses his servant, so Moses gave orders to Joshua, and so Joshua did; every order which the Lord had given to Moses was done.
elabena nenemae Yehowa ɖo na eƒe dɔla, Mose, eya hã gblɔ ɖoɖo ma na Yosua, eye eya hã wɔ nu si wogblɔ nɛ. Yosua wɔ se siwo katã Yehowa de na Mose la dzi.
16 So Joshua took all that land, the hill-country and all the South, and all the land of Goshen, and the lowland and the Arabah, the hill-country of Israel and its lowland;
Ale Yosua ɖu anyigba blibo la dzi. Exɔ Negeb kple Gosenyigba kple Araba kple Israel ƒe tonyigbawo kple sɔsɔeƒewo.
17 From Mount Halak, which goes up to Seir, as far as Baal-gad in the valley of Lebanon under Mount Hermon: and all their kings he overcame and put to death.
Ale Israelviwo ƒe anyigba keke azɔ tso keke Halak to la gbɔ te ɖe Seir ŋu yi Baal Gad le Lebanon ƒe balime le Hermon to la te. Yosua wu teƒe mawo ƒe fiawo katã.
18 For a long time Joshua made war on all those kings.
Yosua tsɔ ƒe adre wɔ nu siawo katã.
19 Not one town made peace with the children of Israel, but only the Hivites of Gibeon: they took them all in war.
Israelviwo mewɔ ŋutifafa kple du aɖeke me tɔwo o, negbe Hivitɔ siwo nɔ Gibeon ko. Wowu ame bubuawo katã,
20 For the Lord made them strong in heart to go to war against Israel, so that he might give them up to the curse without mercy, and that destruction might come on them, as the Lord had given orders to Moses.
elabena Yehowa ɖo be dukɔ mawo nadi be yewoawɔ aʋa boŋ kple Israelviwo ɖe ŋutifafawɔwɔ teƒe. Eya ta wotsrɔ̃ wo nublanuimakpɔmakpɔtɔe abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene.
21 And Joshua came at that time and put an end to the Anakim in the hill-country, in Hebron, in Debir, in Anab, and in all the hill-country of Judah and Israel: Joshua gave them and their towns to the curse.
Le ɣeyiɣi sia me la, Yosua tsrɔ̃ ame dzɔatsu siwo nye Anak ƒe dzidzimeviwo, ame siwo nɔ tonyigbawo dzi le Hebron, Debir, Anab, Yuda kple Israel. Ewu wo katã keŋkeŋ, eye wòtsrɔ̃ woƒe duwo gbidigbidi.
22 Not one of the Anakim was to be seen in the land of the children of Israel: only in Gaza, in Gath, and in Ashdod, some were still living.
Wo dometɔ aɖeke megasusɔ ɖe Israelnyigba dzi o, ke ɖewo ganɔ Gaza, Gat kple Asdod.
23 So Joshua took all the land, as the Lord had said to Moses; and Joshua gave it to the children of Israel as their heritage, making division of it among them by their tribes. And the land had rest from war.
Ale Yosua xɔ anyigba blibo la abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene. Etsɔe na Israelviwo abe woƒe domenyinu ene, eye wòmae ɖe toawo dome. Ale aʋawɔwɔ nu tso le anyigba la dzi.