< Joshua 10 >
1 Now when it came to the ears of Adoni-zedek, king of Jerusalem, that Joshua had taken Ai, and had given it up to the curse (for as he had done to Jericho and its king, so he had done to Ai and its king); and that the people of Gibeon had made peace with Israel and were living among them;
Esi Adoni Zedek, Yerusalem fia se ale si Yosua xɔ Ai du, tsrɔ̃e gbidigbidi, eye wòwu Ai fia kple ale si wòwɔ Ai fia kple Yeriko fia kpakple ale si Gibeontɔwo wɔ nubabla kple Israelviwo, eye wozu Israel dzi nɔlawo la,
2 He was in great fear, because Gibeon was a great town, like one of the king's towns, greater than Ai, and all the men in it were men of war.
vɔvɔ̃ gã aɖe ɖoe, elabena Gibeon lolo abe fiadu ene, eye wòlolo sãa wu Ai, evɔ Gibeontɔwo nye aʋawɔla sesẽwo,
3 So Adoni-zedek, king of Jerusalem, sent to Hoham, king of Hebron, and to Piram, king of Jarmuth, and to Japhia, king of Lachish, and to Debir, king of Eglon, saying,
eya ta Adoni Zedek, Yerusalem fia ɖo du ɖe fia siawo: Hebron fia, Hoham, Yarmut fia, Piran, Lakis fia, Yafia kple Eglon fia, Debir.
4 Come up to me and give me help, and let us make an attack on Gibeon: for they have made peace with Joshua and the children of Israel.
Fia Adoni Zedek gblɔ na wo be, “Miva kpe ɖe ŋunye míatsrɔ̃ Gibeontɔwo, elabena wowɔ ŋutifafa kple Yosua kple Israelviwo.”
5 So the five kings of the Amorites, the king of Jerusalem, the king of Hebron, the king of Jarmuth, the king of Lachish, and the king of Eglon, were banded together, and went up with all their armies and took up their position before Gibeon and made war against it.
Ale Amoritɔwo ƒe fia atɔ̃ siawo ƒo ƒu woƒe aʋakɔwo katã ɖekae be yewoaho aʋa ɖe Gibeontɔwo ŋu.
6 And the men of Gibeon sent to Joshua to the tent-circle at Gilgal, saying, Be not slow to send help to your servants; come up quickly to our support and keep us safe: for all the kings of the Amorites from the hill-country have come together against us.
Gibeontɔwo ɖo ame ɖe Yosua le Gilgal enumake be, “Miva kpe ɖe miaƒe subɔlawo ŋu! Miva kaba ne miava ɖe mí! Amoritɔwo ƒe fiawo katã tso woƒe nɔƒewo le toawo dzi va le mía gbɔ kple woƒe aʋakɔwo.”
7 So Joshua went up from Gilgal with all his army and all his men of war.
Yosua kple Israelviwo ƒe aʋakɔ la ho tso Gilgal, eye woyi be yewoaxɔ na Gibeontɔwo.
8 And the Lord said to Joshua, Have no fear of them, for I have given them into your hands; they will all give way before you.
Yehowa gblɔ na Yosua be, “Mègavɔ̃ wo o, elabena mieɖu wo dzi xoxo! Metsɔ wo na mi be miatsrɔ̃ wo, wo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã mate ŋu anɔ te ɖe mia nu o.”
9 So Joshua, having come up from Gilgal all night, made a sudden attack on them.
Yosua kple Israelviwo ƒe aʋakɔ la zɔ mɔ zã blibo la tso Gilgal, eye woɖi ɖe futɔwo dzi kpoyi.
10 And the Lord made them full of fear before Israel, and they put great numbers of them to death at Gibeon, and went after them by the way going up to Beth-horon, driving them back to Azekah and Makkedah
Tete Yehowa na futɔwo vɔ̃ eye wotɔtɔ, ale Israelviwo wu ame geɖewo le Gibeon, eye wonya ame mamlɛawo, nɔ wo wum le mɔa dzi yi keke Bet Horon kple Azeka kple Makeda.
11 And in their flight before Israel, on the way down from Beth-horon, the Lord sent down great stones from heaven on them all the way to Azekah, causing their death: those whose death was caused by the stones were more than those whom the children of Israel put to death with the sword.
Esi futɔwo nɔ sisim tso toawo dzi henɔ abu ɖim la, Yehowa na kpewo ge tso dziƒo va dze wo dzi hetsrɔ̃ wo le mɔa dzi va se ɖe keke Azeka ke. Ame siwo kpe siawo wu la sɔ gbɔ wu ame siwo Israelviwo wu kple yi.
12 It was on the day when the Lord gave up the Amorites into the hands of the children of Israel that Joshua said to the Lord, before the eyes of Israel, Sun, be at rest over Gibeon; and you, O moon, in the valley of Aijalon.
Esime Israelviwo nɔ Amoritɔwo nyam, nɔ wo wum la, Yosua do gbe ɖa na Yehowa kple gbe sesẽ be, “Na ɣe natɔ ɖe Gibeon tame, eye nàna ɣleti hã natɔ ɖe Aiyalon balime tame!”
13 And the sun was at rest and the moon kept its place till the nation had given punishment to their attackers. (Is it not recorded in the book of Jashar?) So the sun kept its place in the middle of the heavens, and was waiting, and did not go down, for the space of a day.
Eye ɣe kple ɣleti siaa megaʋã o va se ɖe esime Israelviwo ƒe aʋakɔ la tsrɔ̃ eƒe futɔwo keŋkeŋ! Woŋlɔ nu geɖewo wu esia tso aʋa sia wɔwɔ ŋuti ɖe Yasar ƒe Agbalẽ me. Ale ɣe tɔ ɖe dziƒo abe gaƒoƒo blaeve-vɔ-ene sɔŋ ene!
14 And there was no day like that, before it or after it, when the Lord gave ear to the voice of a man; for the Lord was fighting for Israel.
Ŋkeke sia tɔgbi meva yi kpɔ o, eye etɔgbi megava kpɔ o tso gbe ma gbe, esi Yehowa tɔ ɣe kple ɣleti le ame ɖeka ƒe gbedodoɖa ta. Ke Yehowa nɔ aʋa wɔm na Israel.
15 And Joshua, with all Israel, went back to the tent-circle at Gilgal.
Le esia megbe la, Israelviwo ƒe aʋakɔ la trɔ yi Gilgal.
16 But these five kings went in flight secretly to a hole in the rock at Makkedah.
Amoritɔwo ƒe fia atɔ̃awo si le aʋa la me yi ɖaɣla wo ɖokuiwo ɖe agado aɖe me le Makeda.
17 And word was given to Joshua that the five kings had been taken in a hole in the rock at Makkedah.
Esime wona nyanya Yosua be wokpɔ fiawo la,
18 And Joshua said, Let great stones be rolled against the mouth of the hole, and let men keep watch by it:
eɖe gbe be woamli kpe gã aɖe axe agado la nu, eye woana dzɔlawo nanɔ afi ma akpɔ egbɔ be fiawo tsi agado la me.
19 But do you, without waiting, go after their army, attacking them from the back; do not let them get into their towns, for the Lord your God has given them into your hands.
Yosua ɖe gbe na aʋakɔ la be, “Minɔ futɔwo nyanya dzi, eye miawu wo tso megbe; migana woade woƒe duwo me o, elabena Yehowa miaƒe Mawu akpe ɖe mia ŋu miatsrɔ̃ wo keŋkeŋ.”
20 Now when Joshua and the children of Israel had come to the end of their war of complete destruction, and had put to death all but a small band who had got safely into the walled towns,
Ale Yosua kple Israelʋakɔ la yi futɔwo wuwu dzi. Wotsrɔ̃ aʋakɔ atɔ̃awo katã negbe ame ʋɛ aɖewo koe te ŋu ɖo woƒe du siwo woɖo gli ƒo xlã la me.
21 All the people went back to Joshua to the tent-circle at Makkedah in peace: and no one said a word against the children of Israel.
Le esia megbe la, Israelviwo gbugbɔ yi woƒe asaɖa me le Makeda. Womewu aʋawɔla ɖeka pɛ gɔ̃ hã le wo dome o! Tso esia dzi la, futɔ aɖeke megaho aʋa ɖe Israelviwo ŋu kpɔ o.
22 Then Joshua said, Take away the stones from the mouth of the hole in the rock, and make those five kings come out to me.
Yosua ɖe gbe be woaɖe kpe gã la ɖa le agado la nu, eye woakplɔ fia atɔ̃awo vɛ.
23 And they did so, and made those five kings come out of the hole to him, the king of Jerusalem, the king of Hebron, the king of Jarmuth, the king of Lachish, and the king of Eglon.
Ale woʋu agado la, eye wokplɔ Yerusalem, Hebron, Yarmut, Lakis kple Eglon fiawo vɛ.
24 And when they had made those kings come out to Joshua, Joshua sent for all the men of Israel, and said to the chiefs of the men of war who had gone with him, Come near and put your feet on the necks of these kings. So they came near and put their feet on their necks.
Esi wokplɔ fia atɔ̃ siawo va Yosua gbɔ la, eyɔ Israel ŋutsuwo katã eye wòɖe gbe na eƒe aʋakplɔlawo, ame siwo de aʋa kplii be, “Mite va eye miaɖo afɔ ve dzi na fia siawo!” Tete wote va eye woɖo afɔ ve dzi na fia atɔ̃awo.
25 And Joshua said to them, Have no fear and do not be troubled; be strong and take heart: for so will the Lord do to all against whom you make war.
Yosua gblɔ na Israelviwo be, “Migavɔ̃ gbeɖegbeɖe o. Ŋusẽ nenɔ mia ŋu, eye mialé dzi ɖe ƒo, elabena Yehowa awɔ miaƒe futɔwo katã alea.”
26 Then Joshua had them put to death, hanging them on five trees, where they were till evening.
Tete Yosua tsɔ eƒe yi wu fia atɔ̃awo, eye wòde ka wo ɖe ati atɔ̃ ŋu va se ɖe fiẽ.
27 And when the sun went down, they were taken down from the trees, by Joshua's orders, and put into the hole where they had gone to be safe; and great stones were placed at the mouth of the hole, where they are to this day.
Esime ɣe nɔ to ɖom la, Yosua na woɖe wo le atiawo ŋu, wotsɔ wo ƒu gbe ɖe agado si me wosi yi ɖaɣla wo ɖokuiwo ɖo la me, eye woli kɔ kpe gãwo ɖe agado la nu. Kpe siawo gale afi ma va se ɖe egbe.
28 That day Joshua took Makkedah, and put it and its king to the sword; every soul in it he gave up to the curse without mercy: and he did to the king of Makkedah as he had done to the king of Jericho.
Gbe ma gbe ke la, Yosua tsrɔ̃ Makeda du la, eye wòwu fia la kple ame sia ame si nɔ dua me; womena ame ɖeka pɛ gɔ̃ hã tsi agbe le du blibo la me o.
29 Then Joshua and all Israel with him went on from Makkedah and came to Libnah, and made an attack on it;
Tso afi sia la, Israelviwo yi Libna.
30 And again the Lord gave it and its king into the hands of Israel; and he put it and every person in it to the sword, till their destruction was complete; and he did to its king as he had done to the king of Jericho.
Yehowa tsɔ du la kple fia la de asi na Israel le afi sia hã; wowu ame sia ame le dua me abe ale si wowɔ le Yeriko ene.
31 Then Joshua and all Israel with him went on from Libnah to Lachish, and took up their position against it and made an attack on it,
Israelviwo tso Libna, eye woyi ɖadze Lakis du la hã dzi.
32 And the Lord gave Lachish into the hands of Israel, and on the second day he took it, putting it and every person in it to the sword without mercy, as he had done to Libnah.
Yehowa tsɔ du sia hã na Israel le ŋkeke evelia dzi. Wowu ame sia ame le afi sia hã abe ale si wowɔ le Libna ene.
33 Then Horam, king of Gezer, came up to the help of Lachish; and Joshua overcame him and his people, putting all of them to death.
Esime Israelviwo nɔ aʋa wɔm le Lakis la, Gezer fia Horan va do kple eƒe aʋakɔ be yeaʋli Lakis du la ta. Ke Yosua ƒe amewo wui, eye wotsrɔ̃ eƒe aʋakɔ blibo la.
34 And Joshua and all Israel with him went on from Lachish to Eglon: and they took up their position against it and made an attack on it;
Yosua kple Israel katã dzo le Lakis heyi Eglon. Woɖe to ɖe du sia, eye woho aʋa ɖe eŋu.
35 And that day they took it, putting it and every person in it to the sword, as he had done to Lachish.
Woxɔ du sia hã gbe ma gbe ke, eye wowu ame sia ame abe ale si wowu Lakistɔwo katã ene.
36 And Joshua and all Israel with him went up from Eglon to Hebron, and made an attack on it;
Esi wodzo le Eglon la, woyi Hebron.
37 And took it, overcoming it and putting it and its king and its towns and every person in it to the sword: as he had done to Eglon, he put them all to death, and gave it up to the curse with every person in it.
Woxɔ du sia kple du sue siwo ƒo xlãe, eye wowu ameawo katã kple woƒe fia; womena ame ɖeka pɛ gɔ̃ hã tsi agbe o.
38 And Joshua and all Israel with him went on to make an attack on Debir;
Wotrɔ azɔ yi Debir.
39 And he took it, with its king and all its towns: and he put them to the sword, giving every person in it to the curse; all were put to death: as he had done to Hebron, so he did to Debir and its king.
Woɖu Debirtɔwo dzi enumake, wu ame sia ame abe ale si wowɔ le Libna ene.
40 So Joshua overcame all the land, the hill-country and the South and the lowland and the mountain slopes, and all their kings; all were put to death: and every living thing he gave up to the curse, as the Lord, the God of Israel, had given him orders.
Ale Yosua kple eƒe aʋakɔ la woɖu anyigba blibo la dzi; woɖu dukɔ siwo nɔ toawo dzi, esiwo nɔ anyigba sɔsɔe dzi kple esiwo nɔ toawo ŋu la dzi. Wowu ame sia ame le anyigba la dzi, abe ale si Yehowa, Israel ƒe Mawu la ɖo na wo be woawɔ ene.
41 Joshua overcame them from Kadesh-barnea to Gaza, and all the land of Goshen as far as Gibeon.
Wowu wo tso Kades Barnea yi Gaza, tso Gosen yi Gibeon.
42 And all these kings and their land Joshua took at the same time, because the Lord, the God of Israel, was fighting for Israel.
Wowɔ nu siawo katã le aʋadzedze ɖeka pɛ ko me, elabena Yehowa, Israel ƒe Mawu la nɔ aʋa wɔm na wo.
43 Then Joshua and all Israel with him went back to their tents at Gilgal.
Le dziɖuɖu siawo megbe la, Yosua kple Israel blibo la trɔ yi asaɖa la me le Gilgal.