< Genesis 27 >
1 Now when Isaac was old and his eyes had become clouded so that he was not able to see, he sent for Esau, his first son, and said to him, My son: and he said, Here am I.
Esi Isak tsi ku amegã belibeli, eye megate ŋu nɔ nu kpɔm tututu o la, eyɔ via tsitsitɔ Esau gbe ɖeka. Eyɔe be, “Vinye.” Esau tɔ be, “Nyee nye esi.”
2 And he said, See now, I am old, and my death may take place at any time:
Isak yi edzi gblɔ be, “Fifia metsi, eye menya be mate ŋu aku ɣe sia ɣi tso fifia dzi.
3 So take your arrows and your bow and go out to the field and get meat for me;
Tsɔ wò da kple datiwo nàyi gbe me, eye nàwu lã aɖe tsɔ gbɔe.
4 And make me food, good to the taste, such as is pleasing to me, and put it before me, so that I may have a meal and give you my blessing before death comes to me.
Ne ègbɔ la, nàɖa nu nyui si tɔgbi melɔ̃a ɖuɖu la nam. Tsɔe vɛ nam maɖu, be mayra wò, vinye ŋutsuvi gbãtɔ hafi maku.”
5 Now Isaac's words to his son were said in Rebekah's hearing. Then Esau went out to get the meat.
Ke Rebeka fi nya si Isak gblɔ na via Esau la se. Ale esi Esau dzo yi adegbe be yeadi lã aɖe awu la,
6 And Rebekah said to Jacob, her son, Your father said to your brother Esau in my hearing,
Rebeka yɔ via Yakob, eye wògblɔ nɛ be, “Mese fofowò gblɔ na nɔviwò be,
7 Go and get some roe's meat and make me a good meal, so that I may be full, and give you my blessing before the Lord before my death.
‘Di adelã nàɖa nui nam maɖu, eye mayra wò le Yehowa ŋkume hafi maku.’”
8 Now, my son, do what I say.
Rebeka yi edzi gblɔ be, “Vinye, ɖo tom, eye nàwɔ nu si magblɔ na wò la tututu.
9 Go to the flock and get me two fat young goats; and I will make of them a meal to your father's taste:
Yi lãhawo me, eye nàlé gbɔ̃ eve siwo metsi tututu o la vɛ nam ne matsɔ wo aɖa nu si vivia fofowò nu la nɛ.
10 And you will take it to him, so that he may have a good meal and give you his blessing before his death.
Àtsɔ nuɖuɖu la ayi na fofowò wòaɖu. Ne eɖui vɔ la, ayra wò boŋ ɖe fowò Esau teƒe hafi aku.”
11 And Jacob said to Rebekah, his mother, But Esau my brother is covered with hair, while I am smooth:
Ke Yakob gblɔ na dadaa be, “Enyo pɛ, gake fonye Esau to fu ɖe ŋuti, ke nye la, nye ŋutigbalẽ zrɔ̃.
12 If by chance my father puts his hand on me, it will seem to him that I am tricking him, and he will put a curse on me in place of a blessing.
Nya kae adzɔ ne fofonye ali asi ŋunye? Abu be ɖe medi be mado lã ye, eye wòaƒo fi adem le esime wòayram teƒe!”
13 And his mother said, Let the curse be on me, my son: only do as I say, and go and get them for me.
Rebeka gblɔ na via be, “Vinye lɔlɔ̃a, na eƒe fiƒode nava dzinye. Wò ya wɔ nu si megblɔ na wò la. Yi nàlé gbɔ̃awo vɛ.”
14 So he went and got them and took them to his mother: and she made a meal to his father's taste.
Ale Yakob zɔ ɖe dadaa ƒe ɖoɖowo dzi. Ewu gbɔ̃awo, ko wo nyuie, eye dadaa tsɔ lã la ɖa nu si vivia Isak nu.
15 And Rebekah took the fair robes of her oldest son, which were with her in the house, and put them on Jacob, her younger son:
Le esia megbe la, Rebeka tsɔ Esau ƒe awu nyuitɔwo, eye wòna Yakob do wo.
16 And she put the skins of the young goats on his hands and on the smooth part of his neck:
Etsɔ gbɔ̃awo ƒe agbalẽwo wɔ asiwuiwo, eye wòtsɔ gbɔ̃gbalẽ la ƒe ɖe wɔ kawo tsi ɖe asiwuiawo ŋu heku kɔ na Yakob.
17 And she gave into the hand of Jacob, her son, the meat and the bread which she had made ready.
Etsɔ lã si nɔ ʋeʋẽm lĩlĩlĩ kple abolo si wome teti la nɛ.
18 And he came to his father, and said, My father: and he said, Here am I: who are you, my son?
Yakob tsɔ nuɖuɖua yi na fofoa hegblɔ be, “Fofonye.” Eɖo eŋu bena, “Nyee nye si, vinye kae nye ema?”
19 And Jacob said, I am Esau, your oldest son; I have done as you said: come now, be seated and take of my meat, so that you may give me a blessing.
Yakob ɖo eŋu be, “Nye Esau, viwò tsitsitɔe. Mewɔ nu si nèɖo nam be mawɔ la. Nuɖuɖu nyui si nèdi lae nye esi. Fɔ nàɖui eye nàyram.”
20 And Isaac said, How is it that you have got it so quickly, my son? And he said, Because the Lord your God made it come my way.
Enumake Isak gblɔ be, “Vinye, aleke nèwɔ hafi wò asi ka lã kaba ale?” Yakob ɖo eŋu be, “Yehowa, wò Mawu lae kpe ɖe ŋunye.”
21 And Isaac said, Come near so that I may put my hand on you, my son, and see if you are truly my son Esau or not.
Isak gblɔ na Yakob be, “Te ɖe ŋunye. Medi be mali asi ŋuwò, ale be maka ɖe edzi be Esau tututue!”
22 And Jacob went near his father Isaac: and he put his hands on him; and he said, The voice is Jacob's voice, but the hands are the hands of Esau.
Yakob te ɖe fofoa ŋu, eye wòli asi eŋu. Isak gblɔ na eɖokui be, “Gbe la nye Yakob tɔ, gake asiawo nye Esau tɔ!”
23 And he did not make out who he was, because his hands were covered with hair like his brother Esau's hands: so he gave him a blessing.
Isak di be yeayra Yakob, gake egabia be,
24 And he said, Are you truly my son Esau? And he said, I am.
“Woe nye Esau nyateƒea?” Ke Yakob ɖo eŋu be, “Nyee!”
25 And he said, Put it before me and I will take of my son's meat, so that I may give you a blessing. And he put it before him and he took it; and he gave him wine, and he had a drink.
Isak gblɔ be, “Vinye, ekema tsɔ nuɖuɖu la vɛ nam. Ne meɖui vɔ la, ekema mayra wò.” Yakob tsɔ nuɖuɖu la na fofoa wòɖu, eye wòno wain si Yakob tsɔ kpe ɖe nuɖuɖua ŋu la.
26 And his father Isaac said to him, Come near now, my son, and give me a kiss.
Emegbe Isak gblɔ be, “Vinye, te ɖe ŋunye, eye nàgbugbɔ nu nam!”
27 And he came near and gave him a kiss; and smelling the smell of his clothing, he gave him a blessing, and said, See, the smell of my son is like the smell of a field on which the blessing of the Lord has come:
Yakob te ɖe fofoa ŋu, eye wògbugbɔ eƒe alɔgo. Ʋeʋẽ si Isak se le awu siwo Yakob do me la na wòbu be Esaue. Eyrae hegblɔ be, “Ehɛ̃, Vinye ƒe ʋeʋẽ sɔ kple ʋeʋẽ nyui si dona tso anyigba kple agble si Yehowa yra la ene.
28 May God give you the dew of heaven, and the good things of the earth, and grain and wine in full measure:
Mawu nana dziƒozãmu nadza ɖe wò nukuwo dzi ɣe sia ɣi, eye wòana bli kple wain yeye nasɔ gbɔ na wò.
29 Let peoples be your servants, and nations go down before you: be lord over your brothers, and let your mother's sons go down before you: a curse be on everyone by whom you are cursed, and a blessing on those who give you a blessing.
Dukɔ geɖewo nazu kluviwo na wò. Àzu aƒetɔ ɖe nɔviwòwo dzi. Wò ƒometɔwo katã nade ta agu na wò. Woaƒo fi ade ame sia ame si aƒo fi de wò la, ke woayra ame sia ame si ayra wò la.”
30 And when Isaac had come to the end of blessing Jacob, and Jacob had not long gone away from Isaac his father, Esau came in from the field.
Esi Isak yra Yakob vɔ teti, eye Yakob do go le fofoa ƒe xɔ me la, Esau gbɔ tso adegbea.
31 And he made ready a meal, good to the taste, and took it to his father, and said to him, Let my father get up and take of his son's meat, so that you may give me a blessing.
Eya hã ɖa nu si fofoa lɔ̃a ɖuɖu la, eye wòtsɔe yi nɛ. Esau gblɔ be, “Fofonye, metsɔ nuɖuɖu la vɛ na wò. Fɔ nàɖu nua, eye nàyram!”
32 And Isaac his father said to him, Who are you? And he said, I am your oldest son, Esau.
Isak bia be, “Wò ame kae?” Esau ɖo eŋu be, “Nyee! Nye Esau, viwò ŋutsu tsitsitɔe!”
33 And in great fear Isaac said, Who then is he who got meat and put it before me, and I took it all before you came, and gave him a blessing, and his it will be?
Isak de asi ƒoƒo me kpakpakpa. Egblɔ be, “Ekema ame kae tsɔ nuɖuɖu vɛ nam fifi laa meɖu, eye meyrae kple yayra si womagate ŋu aɖe ɖa o la?”
34 And hearing the words of his father, Esau gave a great and bitter cry, and said to his father, Give a blessing to me, even to me, O my father!
Esau de asi avifafa me hehehe. Egblɔ be, “Oo fofonye, yram! Yra nye hã!”
35 And he said, Your brother came with deceit, and took away your blessing.
Isak ɖo eŋu be, “Nɔviwò va flum, eye wòxɔ wò yayra.”
36 And he said, Is it because he is named Jacob that he has twice taken my place? for he took away my birthright, and now he has taken away my blessing. And he said, Have you not kept a blessing for me?
Esau gblɔ kple vevesese be, “Nu sia tututu tae woyɔe be Yakob si gɔmee nye ‘Amebala’ ɖo. Exɔ nye ŋgɔgbevinyenye le asinye, eye wògafi nye yayra hã. Oo, fofonye, yayra aɖeke megale asiwò nànam oa?”
37 And Isaac answering said, But I have made him your master, and have given him all his brothers for servants; I have made him strong with grain and wine: what then am I to do for you, my son?
Isak ɖo eŋu gblɔ be, “Mewɔe wòzu aƒetɔ ɖe dziwò, metsɔ nɔviawo katã wɔ eƒe dɔlawoe, eye metsɔ bli kple wain hã nɛ. Nu kae gali matsɔ ana wò.”
38 And Esau said to his father, Is that the only blessing you have, my father? give a blessing to me, even me! And Esau was overcome with weeping.
Esau xɔ nya la dzi gblɔ na fofoa be, “Yayra aɖeke mesusɔ nàtsɔ nam oa? Oo, fofonye yra nye hã!” Esau gade asi avifafa me, ke fofoa meke nu o.
39 Then Isaac his father made answer and said to him, Far from the fertile places of the earth, and far from the dew of heaven on high will your living-place be:
Mlɔeba la, Isak gblɔ na Esau be, “Manɔ anyigba wɔnuku aɖeke dzi o, eye zãmu hã madza na wò akpɔ o.
40 By your sword will you get your living and you will be your brother's servant; but when your power is increased his yoke will be broken from off your neck.
Wò yi anyi wò eye àsubɔ nɔviwò va se ɖe ɣeyiɣi aɖe, ke emegbe la, àva do le ete, eye nàkpɔ ablɔɖe.”
41 So Esau was full of hate for Jacob because of his father's blessing; and he said in his heart, The days of weeping for my father are near; then I will put my brother Jacob to death.
Ale Esau lé fu nɔvia Yakob ɖe eƒe yayra si fofoa tsɔ nɛ la ta. Egblɔ na eɖokui be, “Esusɔ vie fofonye naku, ekema mawu Yakob.”
42 Then Rebekah, hearing what Esau had said, sent for Jacob, her younger son, and said to him, It seems that your brother Esau is purposing to put you to death.
Ke ame aɖe va nya nu tso Esau ƒe tameɖoɖo ŋu, eye wòɖo afɔ afɔta na Rebeka. Eya ta Rebeka yɔ Yakob, eye wògblɔ nɛ be, “Esau le nugbe ɖom ɖe wò agbe ŋuti.”
43 So now, my son, do what I say: go quickly to Haran, to my brother Laban;
Rebeka yi edzi be, “Nu si nàwɔ fifia lae nye be nàsi ayi nyruiwò Laban gbɔ le Haran.
44 And be there with him for a little time, till your brother's wrath is turned away;
Nɔ afi ma va se ɖe esime nɔviwò ƒe dɔmedzoe nu nafa,
45 Till the memory of what you have done to him is past and he is no longer angry: then I will send word for you to come back; are the two of you to be taken from me in one day?
eye wòaŋlɔ nu si nèwɔ ɖe eŋu la be. Ekema maɖo du ɖe wò, elabena manyo be mi ame evea siaa miabu ɖem gbe ɖeka o.”
46 Then Rebekah said to Isaac, My life is a weariness to me because of the daughters of Heth: if Jacob takes a wife from among the daughters of Heth, such as these, the women of this land, of what use will my life be to me?
Emegbe la, Rebeka gblɔ na Isak be, “Hiti ɖetugbiwo ƒe nya tim. Malɔ̃ be maku tsɔ wu be makpɔ Yakob wòaɖe wo dometɔ ɖeka.”