< Genesis 18 >
1 Now the Lord came to him by the holy tree of Mamre, when he was seated in the doorway of his tent in the middle of the day;
Yehowa gaɖe eɖokui fia Abraham esime Abraham nɔ ati gãwo te le Mamre. Le dzomeŋɔli ƒe ɣetrɔ aɖe, esime xexea me xɔ dzo la, Abraham nɔ eƒe agbadɔ ƒe mɔnu.
2 And lifting up his eyes, he saw three men before him; and seeing them, he went quickly to them from the door of the tent, and went down on his face to the earth;
Kasia ekpɔ ŋutsu etɔ̃ gbɔna egbɔ. Etsi tsitre enumake, ƒu du yi ɖakpe wo, eye wòdo dzaa na wo.
3 And said, My Lord, if now I have grace in your eyes, do not go away from your servant:
Egblɔ be, “Ne miave nunye la, nye aƒetɔ, ekema migato miaƒe dɔla ŋu yi o.
4 Let me get water for washing your feet, and take your rest under the tree:
Mina woaku tsi vi aɖe vɛ miaklɔ afɔe, eye miaɖi ɖe eme sẽe le ati sia te,
5 And let me get a bit of bread to keep up your strength, and after that you may go on your way: for this is why you have come to your servant. And they said, Let it be so.
eye madi nane na mi miaɖu be wòado ŋusẽ mi. Mitɔ vie hafi miagayi miaƒe mɔzɔzɔ dzi.” Amedzroawo ɖo eŋu be, “Enyo; wɔ abe ale si nègblɔ ene.”
6 Then Abraham went quickly into the tent, and said to Sarah, Get three measures of meal straight away and make cakes.
Abraham ƒu du yi eƒe agbadɔ me, eye wògblɔ na Sara be, “Netsɔ! Tɔ tatalĩ! Kɔ wò wɔ nyuitɔ, eye nàtɔ tatalia wòasu na wo ame etɔ̃!”
7 And running to the herd, he took a young ox, soft and fat, and gave it to the servant and he quickly made it ready;
Emegbe la, eƒu du yi nyihawo me, lé nyivi dami aɖe, eye wògblɔ na eƒe subɔla aɖe be wòawui enumake.
8 And he took butter and milk and the young ox which he had made ready and put it before them, waiting by them under the tree while they took food.
Eteƒe medidi o, etsɔ notsi babla kple notsi tsitɔ kple nyilã meme ɖo akɔme na wo. Enɔ atiawo te le amedzroawo gbɔ esime wonɔ nua ɖum.
9 And they said to him, Where is Sarah your wife? And he said, She is in the tent.
Wobiae be, “Afi ka srɔ̃wò, Sara le?” Abraham ɖo eŋu be, “Ele agbadɔ me.”
10 And he said, I will certainly come back to you in the spring, and Sarah your wife will have a son. And his words came to the ears of Sarah who was at the back of the tent-door.
Wo dometɔ ɖeka gblɔ be, “Yehowa gblɔ be, ‘Le ƒe si gbɔna me la, srɔ̃wò Sara adzi ŋutsuvi’” Sara nɔ agbadɔ me le Abraham megbe nɔ nya siawo sem.
11 Now Abraham and Sarah were very old, and Sarah was past the time for giving birth.
Azɔ la, Abraham kple Sara tsi ŋutɔ, eye Sara ƒe vidziɣi va yi xoxoxo.
12 And Sarah, laughing to herself, said, Now that I am used up am I still to have pleasure, my husband himself being old?
Nu sia na Sara ko nu le ta me, eye wògblɔ na eɖokui be, “Nyɔnu tsitsi abe nye ene nagadzi vi kple srɔ̃nye tsitsi sia?”
13 And the Lord said, Why was Sarah laughing and saying, Is it possible for me, being old, to give birth to a child?
Yehowa gblɔ na Abraham be, “Nu ka ta Sara ko nu ɖo? Nu ka ta wògblɔ be, ‘Ɖe nyɔnu tsitsi abe nye ene ate ŋu adzi via?’
14 Is there any wonder which the Lord is not able to do? At the time I said, in the spring, I will come back to you, and Sarah will have a child.
Ɖe nane sesẽ akpa na Yehowa? Le ƒe si gbɔna me, abe ale si megblɔ na wò xoxo ene la, Sara adzi ŋutsuvi.”
15 Then Sarah said, I was not laughing; for she was full of fear. And he said, No, but you were laughing.
Ke Sara da alakpa be, “Nyemeko nu o,” elabena evɔ̃. Ke egblɔ nɛ be, “O! Èko nu.”
16 And the men went on from there in the direction of Sodom; and Abraham went with them on their way.
Le esia megbe la, ameawo dze mɔ ɖo ta Sodom, eye Abraham dze wo yome ɖaɖo wo ɖa.
17 And the Lord said, Am I to keep back from Abraham the knowledge of what I do;
Yehowa gblɔ le eɖokui me be, “Ɖe maɣla nye ɖoɖowo ɖe Abraham mahã?
18 Seeing that Abraham will certainly become a great and strong nation, and his name will be used by all the nations of the earth as a blessing?
Eyae azu dukɔ gã aɖe, eye wòahe yayra vɛ na dukɔwo katã le anyigba dzi.
19 For I have made him mine so that he may give orders to his children and those of his line after him, to keep the ways of the Lord, to do what is good and right: so that the Lord may do to Abraham as he has said.
Kpe ɖe esia ŋu la, metiae be eƒe dzidzimeviwo nanye mawuvɔ̃lawo, ame siwo anye ame dzɔdzɔewo kple nuteƒewɔlawo, ale be mate ŋu awɔ nu siwo katã ŋugbe medo nɛ la.”
20 And the Lord said, Because the outcry against Sodom and Gomorrah is very great, and their sin is very evil,
Ale Yehowa gblɔ na Abraham be, “Mese be Sodomtɔwo kple Gomoratɔwo nye nu vɔ̃ wɔlawo, eye nu sia nu si woawɔ la nye nu vɔ̃ɖi.
21 I will go down now, and see if their acts are as bad as they seem from the outcry which has come to me; and if they are not, I will see.
Mele teƒe mawo yim be manya ne nya siawo nye nyateƒe alo aʋatso. Ekema manya nu si mawɔ.”
22 And the men, turning from that place, went on to Sodom: but Abraham was still waiting before the Lord.
Ameawo trɔ ɖo ta Sodom, ke Abraham ya tɔ ɖe Yehowa ŋkume.
23 And Abraham came near, and said, Will you let destruction come on the upright with the sinners?
Tete Abraham te ɖe eŋu hebiae be, “Ɖe nàtsrɔ̃ ame dzɔdzɔewo kpe ɖe ame vɔ̃ɖiwo ŋua?
24 If by chance there are fifty upright men in the town, will you give the place to destruction and not have mercy on it because of the fifty upright men?
Ne àkpɔ ame dzɔdzɔe blaatɔ̃ le dua me ɖe, ɖe nàtsrɔ̃ du blibo la, eye màkpɔ nublanui le ame dzɔdzɔe blaatɔ̃awo ta oa?
25 Let such a thing be far from you, to put the upright to death with the sinner: will not the judge of all the earth do right?
Esia masɔ o! Meka ɖe edzi be màwɔ nu ma tɔgbi, awu ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃ɖiwo siaa o! Nu ka ta nàhe to na ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃ɖiwo siaa ɖekae ɖo? Eme kɔ ƒãa be màwɔ nenema o! Ɖe xexea me blibo la ƒe Ʋɔnudrɔ̃la mawɔ nu dzɔdzɔe oa?”
26 And the Lord said, If there are fifty upright men in the town, I will have mercy on it because of them.
Yehowa ɖo eŋu be, “Ne makpɔ ame dzɔdzɔe blaatɔ̃ le Sodom dua me la, ekema mave du blibo la nu ɖe ame dzɔdzɔeawo ta.”
27 And Abraham answering said, Truly, I who am only dust, have undertaken to put my thoughts before the Lord:
Abraham gagblɔ be, “Togbɔ be menye ʋuʋudedi kple afi ko hã la, esi medze nuƒoƒo kple wò Aƒetɔ la gɔme xoxo ta la, ɖe mɔ nam mayi edzi ko.
28 If by chance there are five less than fifty upright men, will you give up all the town to destruction because of these five? And he said, I will not give it to destruction if there are forty-five.
Ne àkpɔ ame blaene-vɔ-atɔ̃ ko ɖe, ɖe nàtsrɔ̃ du la ɖe ame atɔ̃ makpɔmakpɔ ta?” Yehowa gblɔ be, “Ne makpɔ ame dzɔdzɔe blaene-vɔ-atɔ̃ la, nyematsrɔ̃ du la o.”
29 And again he said to him, By chance there may be forty there. And he said, I will not do it if there are forty.
Tete Abraham gayi edzi be, “Ne ame dzɔdzɔe blaene koe li ɖe?” Yehowa ɖo eŋu be, “Ne makpɔ ame dzɔdzɔe blaene la, nyematsrɔ̃ du la o.”
30 And he said, Let not the Lord be angry with me if I say, What if there are thirty there? And he said, I will not do it if there are thirty.
Abraham gblɔ be, “Meɖe kuku, mègana dzi naku wò o; ɖe mɔ nam maƒo nu. Nenye ame blaetɔ̃ koe nàkpɔ le afi ma ɖe?” Yehowa ɖo eŋu be, “Ne makpɔ ame dzɔdzɔe blaetɔ̃ pɛ ko la, nyematsrɔ̃ du la o.”
31 And he said, See now, I have undertaken to put my thoughts before the Lord: what if there are twenty there? And he said, I will have mercy because of the twenty.
Abraham yi edzi be, “Zi ale si medo dzi ƒo nu kple Yehowa ko la, na mayi edzi ko. Nenye ame blaeve koe ɖe?” Yehowa ɖo eŋu be, “Ekema nyematsrɔ̃ du la o, ɖe ame blaeve mawo ta.”
32 And he said, O let not the Lord be angry and I will say only one word more: by chance there may be ten there. And he said, I will have mercy because of the ten.
Mlɔeba la, Abraham gblɔ be, “O, Yehowa, mègado dɔmedzoe o; nya ɖeka sia pɛ koe gale asinye, nenye be ame dzɔdzɔe ewo pɛ ko nàkpɔ ɖe?” Yehowa ɖo eŋu be, “Ekema le ame ewo mawo ta la, nyematsrɔ̃ du la o.”
33 And the Lord went on his way when his talk with Abraham was ended, and Abraham went back to his place.
Esi Yehowa wu nya siawo gbɔgblɔ kple Abraham nu la, edzo, eye Abraham trɔ yi eƒe agbadɔ me.