< Daniel 1 >

1 In the third year of the rule of Jehoiakim, king of Judah, Nebuchadnezzar, king of Babylon, came to Jerusalem, shutting it in with his forces.
Le Yuda fia Yehoyakim ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe etɔ̃lia me la, Babilonia fia Nebukadnezar va Yerusalem, eye wòɖe to ɖee.
2 And the Lord gave into his hands Jehoiakim, king of Judah, with some of the vessels of the house of God; and he took them away into the land of Shinar to the house of his god; and he put the vessels into the store-house of his god.
Aƒetɔ la tsɔ Yehoyakim, Yuda fia de asi nɛ kple nanewo tso Mawu ƒe gbedoxɔ me. Etsɔ nu siawo yi eƒe mawu ƒe gbedoxɔ me le Babilonia, eye wòda wo ɖe eƒe mawu ƒe nudzraɖoƒe.
3 And the king gave orders to Ashpenaz, the captain of his unsexed servants, to take in some of the children of Israel, certain of the king's family, and those of high birth;
Fia la ɖe gbe na Aspenaz, aƒedzikpɔlawo ƒe amegã be wòatia Israelviwo dometɔ aɖewo tso fia la kple bubumewo ƒe ƒomewo me,
4 Young men who were strong and healthy, good-looking, and trained in all wisdom, having a good education and much knowledge, and able to take positions in the king's house; and to have them trained in the writing and language of the Chaldaeans.
ɖekakpui siwo menye nuwɔamitɔwo le go aɖeke me o, wodze ɖeka, woɖi ame siwo dina be yewoasrɔ̃ nu tso nu sia nu ŋu, wonya nu, sea nu gɔme kabakaba eye wodze na dɔwɔwɔ le fiasã la me. Ele nɛ be wòafia Babiloniatɔwo ƒe gbegbɔgblɔ kple nuŋɔŋlɔ wo.
5 And a regular amount of food and wine every day from the king's table was ordered for them by the king; and they were to be cared for for three years so that at the end of that time they might take their places before the king.
Fia la naa woƒe gbe sia gbe ƒe nuɖuɖu kple wain wo tso fia la ƒe kplɔ̃ dzi. Woahe wo ƒe etɔ̃ eye le ɣeyiɣi sia megbe la, woazu fia la ƒe subɔlawo.
6 And among these there were, of the children of Judah, Daniel, Hananiah, Mishael, and Azariah.
Ame siawo dometɔ aɖewo nye Yudatɔwo. Woawoe nye Daniel, Hananiya, Misael kple Azaria.
7 And the captain of the unsexed servants gave them names; to Daniel he gave the name of Belteshazzar, to Hananiah the name of Shadrach, to Mishael the name of Meshach, and to Azariah the name of Abed-nego.
Amegã la tsɔ ŋkɔ yeye na wo: Daniel ƒe ŋkɔ yeyeae nye Beltesazar, Hananiya tɔe nye Sadrak, Misael tɔe nye Mesak, eye Azaria tɔe nye Abednego.
8 And Daniel had come to the decision that he would not make himself unclean with the king's food or wine; so he made a request to the captain of the unsexed servants that he might not make himself unclean.
Ke Daniel ɖo ta me be yemagblẽ kɔ ɖo na ye ɖokui kple fia la ƒe nuɖuɖu kple wain o, eye wòbia mɔ eƒe dzikpɔla be yemagblẽ kɔ ɖo na ye ɖokui to mɔ sia dzi o.
9 And God put into the heart of the captain of the unsexed servants kind feelings and pity for Daniel.
Azɔ la, Mawu na be dzikpɔla la nave enu eye wòakpɔ nublanui nɛ.
10 And the captain of the unsexed servants said to Daniel, I am in fear of my lord the king, who has given orders about your food and your drink; what if he sees you looking less happy than the other young men of your generation? then you would have put my head in danger from the king.
Ke dzikpɔla la gblɔ na Daniel be, “Mele vɔvɔ̃m na nye aƒetɔ kple fia la, ame si ɖo wò nuɖuɖu kple nunono nam. Nu ka ta wòakpɔ wò, wò lãme manyo abe wò hati ɖekakpui bubuawo tɔ ene o? Ekema fia la axɔ nye ta ɖe tawò.”
11 Then Daniel said to the keeper in whose care the captain of the unsexed servants had put Daniel, Hananiah, Mishael, and Azariah:
Daniel gblɔ na ameŋudzɔla si dzikpɔla la tia be wòadzɔ Daniel, Hananiya, Misael kple Azaria ŋu la be,
12 Put your servants to the test for ten days; let them give us grain for our food and water for our drink.
“Meɖe kuku do wò dɔlawo kpɔ ŋkeke ewo. Mègana nu bubu aɖeke mí wu amagbe si míaɖu kple tsi si míano o.
13 Then take a look at our faces and the faces of the young men who have food from the king's table; and, having seen them, do to your servants as it seems right to you.
Ekema nàtsɔ míaƒe dzedzeme asɔ kple ɖekakpui siwo ɖua fia la ƒe nuɖuɖu eye nàwɔ na mí ɖe nu si nàkpɔ la nu.”
14 So he gave ear to them in this thing and put them to the test for ten days.
Ale wòlɔ̃ eye wòdo wo kpɔ ŋkeke ewo.
15 And at the end of ten days their faces seemed fairer and they were fatter in flesh than all the young men who had their food from the king's table.
Le ŋkeke ewo megbe la, Yuda ɖekakpuiawo dze lãmesesẽtɔwo kple ame siwo ɖu nu nyuiwo wu ame siwo ɖu fia la ƒe nuɖuɖu.
16 So the keeper regularly took away their meat and the wine which was to have been their drink, and gave them grain.
Ale ameŋudzɔla la ɖe nuɖuɖu nyui si woaɖu kple wain si woano la ɖa eye wòtsɔa amagbewo na wo ɖe wo teƒe.
17 Now as for these four young men, God gave them knowledge and made them expert in all book-learning and wisdom: and Daniel was wise in all visions and dreams.
Mawu na nunya kple gɔmesese ɖekakpui ene siawo tso nuŋlɔɖi kple nunya ƒe alɔdze ɖe sia ɖe ŋu. Ke Daniel ya tea ŋu sea ŋutegawo kple drɔ̃e ɖe sia ɖe ƒomevi gɔme.
18 Now at the end of the time fixed by the king for them to go in, the captain of the unsexed servants took them in to Nebuchadnezzar.
Le ɣeyiɣi si fia la ɖo be woakplɔ wo vɛ na ye ƒe nuwuwu la, aƒedzikpɔlawo ƒe amegã la kplɔ wo yi na Nebukadnezar.
19 And the king had talk with them; and among them all there was no one like Daniel, Hananiah, Mishael, and Azariah; so they were given places before the king.
Fia la ƒo nu kpli wo eye wòkpɔ be, ame bubuawo dometɔ aɖeke mede Daniel, Hananiya, Misael kple Azaria nu o, ale woxɔ wo wodze dɔwɔwɔ na fia la gɔme.
20 And in any business needing wisdom and good sense, about which the king put questions to them, he saw that they were ten times better than all the wonder-workers and users of secret arts in all his kingdom.
Le nunya kple gɔmesese ƒe nya ɖe sia ɖe gome, esi ŋu fia la abia nya wo le la, ekpɔna be wonyo zi ewo wu yeƒe fiaɖuƒea me tɔwo ƒe akunyawɔlawo kple bokɔwo katã.
21 And Daniel went on till the first year of King Cyrus.
Daniel nɔ afi ma va se ɖe fia Sirus ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe gbãtɔ me.

< Daniel 1 >