< 1 Chronicles 16 >
1 Then they took in the ark of God and put it inside the tent which David had put up for it; and they made offerings, burned offerings and peace-offerings before God.
Ale wotsɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la yi Agbadɔ si David tu nɛ la me. Israel kplɔlawo sa numevɔ kple akpedavɔ le Mawu ŋkume.
2 And when David had come to an end of making the burned offerings and peace-offerings, he gave the people a blessing in the name of the Lord.
Esi David sa numevɔ kple akpedavɔ vɔ la, eyra ameawo le Yehowa ƒe ŋkɔ me
3 And he gave to everyone, every man and woman of Israel, a cake of bread, some meat, and a cake of dry grapes.
eye wòtsɔ abolo, lãkɔ kple waintsetsebolo na Israelvi ɖe sia ɖe, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa.
4 And he put some of the Levites before the ark of the Lord as servants, to keep the acts of the Lord in memory, and to give worship and praise to the Lord, the God of Israel:
Etia Levitɔ aɖewo be woanɔ nublaɖaka la ŋgɔ anɔ Yehowa, Israel ƒe Mawu la kafum, anɔ akpe dam nɛ eye woanɔ eƒe yayra biam ɖe amewo dzi madzudzɔmadzudzɔe. Ame siwo wode dɔ sia asi na la woe nye:
5 Asaph the chief, and second to him Zechariah, Uzziel and Shemiramoth and Jehiel and Mattithiah and Eliab and Benaiah and Obed-edom and Jeiel, with corded instruments of music; and Asaph, with brass instruments sounding loudly;
Asaf, ameawo ƒe kplɔla, eyae ƒoa gakogoe. Eƒe hadɔwɔlawoe nye: Zekaria, Yeiel, Semiramɔt, Yehiel, Matitia, Eliab, Benaya, Obed Edom kple Yeiel. Woawoe ƒoa saŋkuwo kple kasaŋkuwo.
6 And Benaiah and Jahaziel the priests, blowing horns all the time before the ark of the agreement of God.
Nunɔla Benaya kple Nunɔla Yahaziel kua kpẽ le nubablaɖaka la ŋgɔ gbe sia gbe.
7 Then on that day David first made the giving of praise to the Lord the work of Asaph and his brothers.
Ɣe ma ɣie David dze hadzilawo ŋu dɔ wɔwɔ gɔme le Agbadɔ la me be woadzi akpedaha na Yehowa. Ame si nɔ hadzilawo nue nye Asaf.
8 O give praise to the Lord; give honour to his name, talking of his doings among the peoples.
Wodzi ha be: Mida akpe na Yehowa Miyɔ eƒe ŋkɔ eye miɖe gbeƒã nu siwo wòwɔ la le dukɔwo dome.
9 Let your voice be sounded in songs and melody; let all your thoughts be of the wonder of his works.
Midzi ha nɛ, midzi kafukafuha nɛ, Miɖe gbeƒã eƒe nukunuwɔwɔwo;
10 Have glory in his holy name; let the hearts of those who are searching after the Lord be glad.
Miƒo adegbe le eƒe ŋkɔ kɔkɔe la ŋu, mina ame siwo dia Yehowa la ƒe dzi natso aseye.
11 Let your search be for the Lord and for his strength; let your hearts ever be turned to him.
Midi Yehowa, mibia eƒe ŋusẽ, Midi eƒe ŋkume ɖaa.
12 Keep in mind the great works which he has done; his wonders, and the decisions of his mouth;
Miɖo ŋku nukunu siwo wòwɔ, eƒe dzesiwo kple eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo dzi.
13 O you seed of Israel his servant, you children of Jacob, his loved ones.
O Israel, eƒe dɔla ƒe dzidzimeviwo, O Yakob ƒe viwo, ame siwo wòtia.
14 He is the Lord our God: he is judge of all the earth.
Eyae nye Yehowa, míaƒe Mawu! Eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ xɔ anyigba la katã dzi.
15 He has kept his agreement in mind for ever, the word which he gave for a thousand generations;
Eɖoa ŋku eƒe nubabla kple se siwo wòde na dzidzime akpewo la dzi ɖaa,
16 The agreement which he made with Abraham, and his oath to Isaac;
Eƒe nu si wòbla kple Abraham, kple atam si wòka na Isak la dzi.
17 And he gave it to Jacob for a law, and to Israel for an eternal agreement;
Eɖo kpe edzi na Yakob Abe sedede ene eye na Israel abe nubabla mavɔ ene be:
18 Saying, To you will I give the land of Canaan, the measured line of your heritage:
“Wòe matsɔ Kanaanyigba la na, abe wò domenyinu ene!”
19 When you were still small in number, and strange in the land;
Esi wonye ame ʋɛ aɖewo ko, Womesɔ gbɔ o eye wonye amedzrowo le anyigba dzi la,
20 When they went about from one nation to another, and from one kingdom to another people;
Esime wotsa tso dukɔ me yi dukɔ me Tso fiaɖuƒe ɖeka me yi bubu me la,
21 He would not let anyone do them wrong; he even kept back kings because of them,
Yehowa meɖe mɔ be ame aɖeke nate wo ɖe anyi o Eka mo na fiawo le wo ta
22 Saying, Put not your hand on those who have been marked with my holy oil, and do my prophets no wrong.
Mawu gblɔ na fia mawo be, “Migaka asi nye amesiaminawo o eye migawɔ nuvevi nye nyagblɔɖilawo o.”
23 Make songs to the Lord, all the earth; give the good news of his salvation day by day.
Oo, anyigba, midzi ha na Yehowa, Miɖe gbeƒã eƒe xɔxɔ le dukɔwo dome gbe sia gbe,
24 Make clear his glory to the nations, and his wonders to all the peoples.
Miɖe eƒe Ŋutikɔkɔefia le dukɔwo dome kple eƒe nukudɔwo fia le anyigbadzitɔwo katã dome.
25 For the Lord is great, and greatly to be praised; and he is more to be feared than all other gods.
Elabena Yehowa lolo eye wòdze kafukafu ŋutɔ; ele be woavɔ̃e wu mawuwo katã.
26 For all the gods of the nations are false gods; but the Lord made the heavens.
Dukɔwo ƒe mawuwo nye legbawo. Ke Yehowae wɔ dziƒowo.
27 Honour and glory are before him: strength and joy are in his holy place.
Atsyɔ̃ kple gãnyenye le eŋgɔ eye ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe le eƒe kɔkɔeƒe la me.
28 Give to the Lord, O you families of the peoples, give to the Lord glory and strength.
O mi dukɔwo ƒe ƒomewo, mitsɔ bubu kple ŋusẽ na Yehowa.
29 Give to the Lord the glory of his name; take with you an offering and come before him; give worship to the Lord in holy robes.
Ɛ̃, mitsɔ ŋutikɔkɔe si dze eƒe ŋkɔ la nɛ. Mido ɖe eŋkume kple nunana. Misubɔ Yehowa le eƒe kɔkɔenyenye ƒe atyɔ̃ me.
30 Be in fear before him, all the earth: the world is ordered so that it may not be moved.
Mi anyigbawo katã, midzo nyanyanya le eŋkume. Eɖo xexea gɔme anyi goŋgoŋgoŋ, mate ŋu aʋã o.
31 Let the heavens have joy and let the earth be glad; let them say among the nations, The Lord is King.
Dziƒowo, mitso aseye, anyigba nedzɔ dzi. Wonegblɔ le dukɔwo dome be, “Yehowae le fia ɖum.”
32 Let the sea be thundering with all its waters; let the field be glad, and everything which is in it;
Atsiaƒu kple emenuwo katã neɖe gbe eye gbegbe kple emenuwo katã netso aseye!
33 Then let all the trees of the wood be sounding with joy before the Lord, for he is come to be the judge of the earth.
Ekema avemetiwo katã adzi ha Woadzi ha kple dzidzɔ le Yehowa ŋkume, Elabena egbɔna be yeadrɔ̃ ʋɔnu anyigba.
34 O give praise to the Lord, for he is good: for his mercy is unchanging for ever.
Mida akpe na Yehowa elabena eƒe dɔme nyo Eye eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.
35 And say, Be our saviour, O God of our salvation, and let us come back, and give us salvation from the nations, so that we may give honour to your holy name and have glory in your praise.
Mido ɣli be, “Oo Mawu, mia Ɖela, ɖe mí, Ƒo mía nu ƒu eye nàɖe mí tso dukɔwo ƒe asi me. Be míada akpe na wò ŋkɔ kɔkɔe la, Be míadzɔ dzi le wò kafukafu me.”
36 Praise be to the Lord, the God of Israel, for ever and for ever. And all the people said, So be it; and gave praise to the Lord.
Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu la Tso mavɔ me yi mavɔ me. Tete ameawo katã xɔ ɖe edzi be, “Amen, mikafu Yehowa.”
37 So he made Asaph and his brothers keep their places there before the ark of the agreement of the Lord, to do whatever had to be done before the ark at all times day by day:
David tia Asaf kple nɔvia Levitɔwo be woawɔ subɔsubɔdɔ ɣe sia ɣi le Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋgɔ eye woawɔ nu sia nu si hiã na wɔwɔ la gbe sia gbe.
38 And Obed-edom, the son of Jeduthun, and Hosah, with their brothers, sixty-eight of them, to be door-keepers:
Ame siwo wode dɔ sia asi na la, woe nye: Obed Edom, Yedutun ƒe vi, Hosa kple wo nɔvi blaade-vɔ-enyi, ame siwo nye agbonudzɔlawo.
39 And Zadok the priest, with his brothers the priests, before the House of the Lord in the high place at Gibeon;
Wogawɔa Yehowa ƒe Agbadɔ xoxo si nɔ Gibeon to la dzi la ŋu dɔ. David gble Nunɔla Zadok kple Nunɔla bubuawo ɖi be woasubɔ Yehowa le afi ma.
40 To give burned offerings to the Lord on the altar of burned offerings morning and evening, every day, as it is ordered in the law of the Lord which he gave to Israel;
Wosa numevɔ na Yehowa ŋdi sia ŋdi, fiẽ sia fiẽ le numevɔsamlekpui la dzi abe ale si Yehowa ɖo na Israel ene.
41 And with them Heman and Jeduthun, and the rest who were marked out by name to give praise to the Lord, for his mercy is unchanging for ever;
David gatia Heman kple Yedutun kple ame bubu aɖewo, ame siwo ŋkɔwo wode dzesi la be woada akpe na Yehowa le eƒe lɔlɔ̃ kple amenuveve si li ɖaa la ta.
42 And Heman and Jeduthun had horns and brass instruments sounding loudly, and instruments of music for the songs of God; and the sons of Jeduthun were to be at the door.
Heman kple Yedutun kua woƒe kpẽwo eye woƒoa woƒe gakogoewo kpena ɖe hadzidzi ŋu eye kafukafu dea dzi na Yehowa bobobo. Wotia Yedutun ƒe viwo wozu agbonudzɔlawo.
43 And all the people went away, every man to his house; and David went back to give a blessing to his family.
Esi aseyetsotso la wu enu eye ame sia ame trɔ yi eƒe aƒe me la, David hã trɔ yi eƒe aƒe me eye wòyra eƒe aƒemetɔwo.