< Revelation 14 >
1 Then I looked and saw the Lamb standing on Mount Zion, and with Him 144,000 who had His name and His Father’s name written on their foreheads.
Kasia mekpɔ Alẽvi la le ŋkunyeme. Enɔ tsitre ɖe Zion to la dzi, eye ame akpe alafa ɖeka blaene-vɔ-ene, ame siwo ƒe ŋgowo nu woŋlɔ eŋkɔ kple Fofoa tɔ ɖo la nɔ tsitre ɖe egbɔ.
2 And I heard a sound from heaven like the roar of many waters and the loud rumbling of thunder. And the sound I heard was like harpists strumming their harps.
Mese gbe aɖe tso dziƒo abe tsi geɖewo ƒe hoowɔwɔ alo dzi ƒe gbeɖeɖe ene. Gbe si mese la nɔ abe kasaŋkuƒolawoe nɔ woƒe kasaŋkuwo ƒom ene.
3 And they sang a new song before the throne and before the four living creatures and the elders. And no one could learn the song except the 144,000 who had been redeemed from the earth.
Tete wodzi ha yeye le fiazikpui la ŋgɔ kple nu gbagbe eneawo kpakple amegãxoxoawo ƒe ŋkume. Ame aɖeke mete ŋu srɔ̃ ha la o, negbe ame akpe alafa ɖeka blaene-vɔ-ene, ame siwo woɖe tso anyigba dzi la ko.
4 These are the ones who have not been defiled with women, for they are virgins. They follow the Lamb wherever He goes. They have been redeemed from among men as firstfruits to God and to the Lamb.
Ame siawoe nye ame siwo meƒo ɖi wo ɖokuiwo kple nyɔnunya o, elabena wowɔ wo ɖokuiwo kɔkɔe. Wokplɔa Alẽvi la ɖo yia afi sia afi si wòyina la. Woƒle wo tso amegbetɔwo dome, eye wotsɔ wo na Mawu kple Alẽvi la abe nukuwo ƒe gbãtɔwo ene.
5 And no lie was found in their mouths; they are blameless.
Womekpɔ alakpa aɖeke le woƒe nu me o, elabena wonye mokakamanɔŋutɔwo.
6 Then I saw another angel flying overhead, with the eternal gospel to proclaim to those who dwell on the earth—to every nation and tribe and tongue and people. (aiōnios )
Tete mekpɔ mawudɔla bubu wònɔ dzodzom le yame, eye nyanyui mavɔ la le esi ne wòaɖe gbeƒãe na ame siwo le anyigba dzi, na dukɔ ɖe sia ɖe, to ɖe sia ɖe, gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe kple ƒome ɖe sia ɖe. (aiōnios )
7 And he said in a loud voice, “Fear God and give Him glory, because the hour of His judgment has come. Worship the One who made the heavens and the earth and the sea and the springs of waters.”
Egblɔ kple gbe gã aɖe be, “Mivɔ̃ Mawu, eye mitsɔ ŋutikɔkɔe nɛ, elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe gaƒoƒo la va ɖo. Misubɔ eya ame si wɔ dziƒowo, anyigba, atsiaƒu kple tsi dzidziwo.”
8 Then a second angel followed, saying, “Fallen, fallen is Babylon the great, who has made all the nations drink the wine of the passion of her immorality.”
Mawudɔla evelia kplɔe ɖo le ɣli dom be, “Womui! Womu Babilonia Gã la, Babilonia si na dukɔwo no eƒe ahasiwɔwɔ ƒe dɔmedzoewain la.”
9 And a third angel followed them, calling out in a loud voice, “If anyone worships the beast and its image, and receives its mark on his forehead or on his hand,
Mawudɔla etɔ̃lia kplɔ wo ɖo le gbɔgblɔm kple gbe gã aɖe be, “Ne ame aɖe asubɔ lã wɔadã la kple eƒe legba, eye wòaxɔ eƒe dzesi ɖe ŋgonu alo eƒe asi ŋuti la,
10 he too will drink the wine of God’s anger, poured undiluted into the cup of His wrath. And he will be tormented in fire and sulfur in the presence of the holy angels and of the Lamb.
eya hã ano Mawu ƒe dɔmedzoe ƒe wain si wokɔ ɖe Mawu ƒe dziku helĩhelĩ ƒe kplu la me wòyɔ banaa la. Woawɔ funyafunyae kple aŋɔdzo le mawudɔla kɔkɔeawo kple Alẽvi la ŋkume,
11 And the smoke of their torment rises forever and ever. Day and night there is no rest for those who worship the beast and its image, or for anyone who receives the mark of its name.” (aiōn )
eye woƒe fuwɔame ƒe dzudzɔ atu ayi dziƒo tso mavɔ me yi mavɔ me. Dzudzɔ aɖeke meli na ame siwo subɔ lã wɔadã la kple eƒe legba la zã kple keli, alo na ame si xɔ eƒe ŋkɔ ƒe dzesi ɖe eƒe ŋgonu o.” (aiōn )
12 Here is a call for the perseverance of the saints who keep the commandments of God and the faith of Jesus.
Esia hiã dzigbɔɖi le dzidodo me le ame kɔkɔeawo ƒe akpa dzi, ame siwo wɔa Mawu ƒe sededewo dzi, eye wonɔa nuteƒewɔwɔ dzi na Yesu.
13 And I heard a voice from heaven telling me to write, “Blessed are the dead—those who die in the Lord from this moment on.” “Yes,” says the Spirit, “they will rest from their labors, for their deeds will follow them.”
Ke mese gbe aɖe tso dziƒo le gbɔgblɔm be, “Ŋlɔ agbalẽ be: Woayra ame siwo ku le Aƒetɔ la me tso azɔ dzi heyina.” “Ɛ̃,” Gbɔgbɔ la le gbɔgblɔm be, “Woadzudzɔ tso woƒe dɔwɔwɔwo me, elabena woƒe nuwɔnawo adze wo yome.”
14 And I looked and saw a white cloud, and seated on the cloud was One like the Son of Man, with a golden crown on His head and a sharp sickle in His hand.
Tete mekpɔ lilikpo ɣi aɖe le nye ŋkume, eye ame aɖe si le abe Amegbetɔ Vi la ene la nɔ anyi ɖe lilikpo la dzi. Sikafiakuku le ta nɛ, eye wòlé nuxahɛ gobɛ ɖaɖɛ ɖe asi.
15 Then another angel came out of the temple, crying out in a loud voice to the One seated on the cloud, “Swing Your sickle and reap, because the time has come to harvest; for the crop of the earth is ripe.”
Kasia mawudɔla bubu do tso gbedoxɔ la me, eye wòdo ɣli kple gbe sesẽ gblɔ na ame si nɔ anyi ɖe lilikpo la dzi be, “Tsɔ wò nuxahɛ gobɛ la, eye nàxa nu, elabena nuŋeɣi ɖo, eye anyigba ƒe nukuwo ɖi hena xaxa.”
16 So the One seated on the cloud swung His sickle over the earth, and the earth was harvested.
Ale ame si nɔ lilikpoa dzi la nye eƒe nuxahɛ gobɛ la ɖe anyigba blibo la tame, ale wòxa nukuwo le anyigba la dzi.
17 Then another angel came out of the temple in heaven, and he too had a sharp sickle.
Mawudɔla bubu do tso gbedoxɔ si le dziƒo la me. Nuxahɛ gobɛ ɖaɖɛ nɔ eya hã ƒe asi me.
18 Still another angel, with authority over the fire, came from the altar and called out in a loud voice to the angel with the sharp sickle, “Swing your sharp sickle and gather the clusters of grapes from the vine of the earth, because its grapes are ripe.”
Mawudɔla bubu kplɔ eya hã ɖo; eyae nye ame si kpɔa dzo la dzi. Edo tso vɔsamlekpui la me, eye wògblɔ na ame si lé nuxahɛ gobɛ ɖaɖɛ la ɖe asi la kple gbe sesẽ aɖe be, “Tsɔ wò hɛ gobɛ ɖaɖɛ la, eye nàxa wainkpo siwo le anyigba ƒe wainkawo ŋu, elabena eƒe waintsetseawo ɖi.”
19 So the angel swung his sickle over the earth and gathered the grapes of the earth, and he threw them into the great winepress of God’s wrath.
Mawudɔla la nye eƒe nuxahɛ gobɛ la ɖe anyigba dzi, eye wòxa eƒe wain tsetsewo hetsɔ wo trɔ ɖe Mawu ƒe dɔmedzoe ƒe wainfiaƒe gã la.
20 And the winepress was trodden outside the city, and the blood that flowed from it rose as high as the bridles of the horses for a distance of 1,600 stadia.
Wonya avuzi le wo dzi le wainfiaƒe la le du la godo; ʋu si do le wainfiaƒe la me le ɖɔɖɔm va se ɖe sɔwo ƒe numegawo ŋuti ke; afi si wòsi ɖo la anɔ abe kilomita alafa etɔ̃ ene.