< Psalms 103 >

1 Of David. Bless the LORD, O my soul; all that is within me, bless His holy name.
David ƒe ha. O! Nye luʋɔ, kafu Yehowa; nu siwo katã le menye la, mikafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la.
2 Bless the LORD, O my soul, and do not forget all His kind deeds—
O! Nye luʋɔ, kafu Yehowa, eye mègaŋlɔ nu nyui siwo katã wòwɔ na wò la be o.
3 He who forgives all your iniquities and heals all your diseases,
Ame si tsɔ wò vodadawo katã kea wò, eye wòdaa gbe le wò dɔlélewo katã ŋu.
4 who redeems your life from the Pit and crowns you with loving devotion and compassion,
Ame si ɖea wò agbe tso ʋe me, eye wòtsɔa lɔlɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ ɖɔna na wò.
5 who satisfies you with good things, so that your youth is renewed like the eagle’s.
Ame si tsɔa nu nyuiwo ɖia ƒo na wò didiwo, ale be wò ɖekakpuinyenye gaɖoa yeye me abe hɔ̃ tɔ ene.
6 The LORD executes righteousness and justice for all the oppressed.
Yehowa lɔ̃a nu dzɔdzɔe wɔwɔ, eye wòtsoa afia na ame siwo katã wote ɖe anyi.
7 He made known His ways to Moses, His deeds to the people of Israel.
Ena Mose nya eƒe mɔwo, eye wòna Israelviwo nya eƒe nuwɔwɔwo.
8 The LORD is compassionate and gracious, slow to anger, abounding in loving devotion.
Yehowa kpɔa nublanui, eye wòvea ame nu, medoa dɔmedzoe kabakaba o, eye lɔlɔ̃ bɔ ɖe esi.
9 He will not always accuse us, nor harbor His anger forever.
Metsɔa nya ɖe ame ŋu ɣe sia ɣi, alo léa dɔmedzoe ɖi ɖikaa o.
10 He has not dealt with us according to our sins or repaid us according to our iniquities.
Mewɔna na mí ɖe míaƒe nu vɔ̃wo nu, alo ɖoa eteƒe na mí ɖe míaƒe vodadawo nu o.
11 For as high as the heavens are above the earth, so great is His loving devotion for those who fear Him.
Elabena abe ale si dziƒo kɔ tso anyigba gbɔe ene la, nenemae eƒe lɔlɔ̃ loloe na ame siwo vɔ̃nɛ.
12 As far as the east is from the west, so far has He removed our transgressions from us.
Abe ale si ɣedzeƒe didii tso ɣetoɖoƒe gbɔ ene la, nenemae wòte míaƒe dzidadawo ɖa tso mía gbɔe.
13 As a father has compassion on his children, so the LORD has compassion on those who fear Him.
Abe ale si fofo ƒe dɔ me trɔna ɖe viawo ŋuti ene la, nenemae Yehowa kpɔa nublanui na ame siwo vɔ̃nɛ,
14 For He knows our frame; He is mindful that we are dust.
elabena enya ale si wowɔ mí, eye eɖo ŋku edzi be ʋuʋudedi ko míenye.
15 As for man, his days are like grass— he blooms like a flower of the field;
Amegbetɔ ƒe ŋkekewo le abe gbe ene, edzena abe seƒoƒo le gbedzi ene;
16 when the wind passes over, it vanishes, and its place remembers it no more.
ya ƒona toa edzi, eye meganɔa anyi o, womegaɖoa ŋku eteƒe gɔ̃ hã dzi o.
17 But from everlasting to everlasting the loving devotion of the LORD extends to those who fear Him, and His righteousness to their children’s children—
Gake tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, Yehowa ƒe lɔlɔ̃ li kple ame siwo vɔ̃nɛ, eye eƒe dzɔdzɔenyenye nɔa anyi kple wo viwo ƒe viwo
18 to those who keep His covenant and remember to obey His precepts.
kpakple ame siwo léa eƒe nubabla me ɖe asi, eye woɖoa ŋku edzi wɔna ɖe eƒe sewo dzi.
19 The LORD has established His throne in heaven, and His kingdom rules over all.
Yehowa ɖo eƒe fiazikpui anyi ɖe dziƒo, eye eƒe fiaɖuƒe le wo katã dzi ɖum.
20 Bless the LORD, all His angels mighty in strength who carry out His word, who hearken to the voice of His command.
Mi eƒe dɔlawo, mikafu Yehowa, mi ŋusẽtɔ siwo wɔa eƒe lɔlɔ̃nu, eye miewɔa eƒe nya dzi.
21 Bless the LORD, all His hosts, you servants who do His will.
Mikafu Yehowa, mi eƒe dziƒoʋakɔwo katã, mi eƒe dɔla siwo wɔa eƒe lɔlɔ̃nu.
22 Bless the LORD, all His works in all places of His dominion. Bless the LORD, O my soul!
Mikafu Yehowa, mi eƒe dɔwɔwɔwo katã, le afi sia afi, le eƒe dziɖuɖu te. O! Nye luʋɔ, kafu Yehowa.

< Psalms 103 >