< Job 3 >

1 After this, Job opened his mouth and cursed the day of his birth.
Le esia megbe la, Hiob ke nu eye wòƒo fi de eƒe dzigbe.
2 And this is what he said:
Egblɔ be,
3 “May the day of my birth perish, and the night it was said, ‘A boy is conceived.’
“Ŋkeke si dzi wodzim la netsrɔ̃, nenema ke nye zã si me wogblɔ be, ‘Wodzi viŋutsu na mí!’
4 If only that day had turned to darkness! May God above disregard it; may no light shine upon it.
Ŋkeke ma nezu viviti, Mawu si le dziƒo la megatsɔ ɖeke le eme nɛ o, kekeli aɖeke megaklẽ ɖe edzi o.
5 May darkness and gloom reclaim it, and a cloud settle over it; may the blackness of the day overwhelm it.
Viviti kple blukɔ tsiɖitsiɖi negaxɔe, lilikpo netsyɔ edzi eye blukɔ nedo ɖe eƒe kekeli dzi.
6 If only darkness had taken that night away! May it not appear among the days of the year; may it never be entered in any of the months.
Viviti tsiɖitsiɖi nexɔ zã ma eye womegaxlẽe ɖe ƒea ƒe ŋkekewo me alo woadee ɣleti aɖeke ƒe ŋkekewo me o.
7 Behold, may that night be barren; may no joyful voice come into it.
Zã ma netsi ko eye dzidzɔɣli aɖeke megaɖi le eme o.
8 May it be cursed by those who curse the day — those prepared to rouse Leviathan.
Ame siwo ƒoa fi dea ŋkekewo la, neƒo fi de ŋkeke ma, ame siwo le klalo be woade adã ta me na ʋɔ driba la.
9 May its morning stars grow dark; may it wait in vain for daylight; may it not see the breaking of dawn.
Eƒe ŋukeɣletiviwo nedo viviti, kekeli si lalam wòle la megado nɛ o eye megakpɔ fɔŋli ƒe ɣetotoe gbãtɔwo o,
10 For that night did not shut the doors of the womb to hide the sorrow from my eyes.
elabena metu vidzidɔ ƒe ʋɔtruwo ɖe nunye, be nye ŋkuwo makpɔ dzɔgbevɔ̃e o.
11 Why did I not perish at birth; why did I not die as I came from the womb?
“Nu ka ŋuti nyemeku le nye dzigbe eye maku hafi ado tso vidzidɔ me o?
12 Why were there knees to receive me, and breasts that I should be nursed?
Nu ka ta ata aɖewo le klalo be woakɔm ɖe akɔ eye no aɖewo li be mano?
13 For now I would be lying down in peace; I would be asleep and at rest
Anye ne memlɔ anyi le ŋutifafa me, le alɔ̃ dɔm, le ɖiɖim ɖe eme.
14 with kings and counselors of the earth, who built for themselves cities now in ruins,
Anye ne mele fiawo kple aɖaŋuɖola siwo le anyigba dzi la gbɔ, ame siwo tu xɔ gã siwo zu aƒedo azɔ la na wo ɖokuiwo.
15 or with princes who had gold, who filled their houses with silver.
Anye ne mele dziɖula siwo si sika le eye woƒe aƒewo me yɔ fũu kple klosalo la gbɔ.
16 Or why was I not hidden like a stillborn child, like an infant who never sees daylight?
Alo nu ka ta womeɖim ɖe tome abe fu gege ene, abe vidzĩ si mekpɔ ɣe kpɔ o la ene o?
17 There the wicked cease from raging, and there the weary find rest.
Afi ma ame vɔ̃ɖiwo dzudzɔa nyanyra le eye afi ma ame siwo nu ti kɔ na la le gbɔgbɔm ɖe eme le.
18 The captives enjoy their ease; they do not hear the voice of the oppressor.
Aʋaléleawo hã nɔa ablɔɖe me eye womegasea dɔdzikpɔlawo ƒe ɣli o.
19 Both small and great are there, and the slave is freed from his master.
Ame gblɔewo kple amegãwo siaa le afi ma eye kluvi kpɔa ablɔɖe tso eƒe aƒetɔ ƒe asi me.
20 Why is light given to the miserable, and life to the bitter of soul,
“Nu ka tae kekeli klẽna na ayaɖulawo eye wònaa agbe luʋɔ si le nu xam?
21 who long for death that does not come, and search for it like hidden treasure,
Nu ka ta wòna agbe ame siwo le ku dim, evɔ mevana na wo o kple ame siwo le edim vevie wu kesinɔnu si woɣla
22 who rejoice and greatly exult when they can find the grave?
kple ame siwo kpɔa dzidzɔ, tsoa aseye ne woɖo yɔdo me?
23 Why is life given to a man whose way is hidden, whom God has hedged in?
Nu ka ŋutie wòna agbe ame si ƒe mɔwo le ɣaɣla kple ame si ŋuti Mawu tɔ kpɔ ɖo?
24 I sigh when food is put before me, and my groans pour out like water.
Elabena hũɖeɖe xɔ ɖe nuɖuɖu teƒe eye nye ŋeŋe ƒona ɖi abe tsi ene.
25 For the thing I feared has overtaken me, and what I dreaded has befallen me.
Nu si mevɔ̃ na la va dzinye eye nu si dzi ŋɔ nam la dzɔ ɖe dzinye.
26 I am not at ease or quiet; I have no rest, for trouble has come.”
Nyemekpɔ ŋutifafa, tomefafa alo gbɔɖeme aɖeke o, negbe ʋunyaʋunya ko.”

< Job 3 >