< Jeremiah 27 >

1 At the beginning of the reign of Zedekiah son of Josiah king of Judah, this word came to Jeremiah from the LORD.
Le Yuda fia Zedekia, Yosia ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe gɔmedzedzea me la, Yehowa ƒe nya sia va na Yeremia be:
2 This is what the LORD said to me: “Make for yourself a yoke out of leather straps and put it on your neck.
Ale Yehowa gblɔ nam nye esi: “Gbi ka, nàtsɔ ati sesẽ eve awɔ kɔkuti eye nàtsɔ kɔkuti la ku wò kɔ.
3 Send word to the kings of Edom, Moab, Ammon, Tyre, and Sidon through the envoys who have come to Jerusalem to Zedekiah king of Judah.
Ekema nàɖo du ɖe Edom, Moab, Amon, Tiro kple Sidon fiawo to woƒe ame dɔdɔ siwo va Yuda fia, Zedekia, gbɔ le Yerusalem la dzi.
4 Give them a message from the LORD of Hosts, the God of Israel, to relay to their masters:
Ɖo gbedeasi ɖe woƒe amegãwo, eye nàgblɔ be, ‘Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Migblɔ na miaƒe amegãwo be,
5 By My great power and outstretched arm, I made the earth and the men and beasts on the face of it, and I give it to whom I please.
Nye ŋusẽ triakɔ kple nye abɔ si le dzi lae metsɔ wɔ anyigba, edzinɔlawo kple lã vovovo siwo le edzi eye metsɔnɛ naa ame sia ame si melɔ̃.
6 So now I have placed all these lands under the authority of My servant Nebuchadnezzar king of Babylon. I have even made the beasts of the field subject to him.
Azɔ la, matsɔ miaƒe dukɔwo katã ade asi na nye dɔla, Babilonia fia, Nebukadnezar. Mawɔe be lã wɔadãwo gɔ̃ hã anɔ eƒe kpɔkplɔ te.
7 All nations will serve him and his son and grandson, until the time of his own land comes; then many nations and great kings will enslave him.
Dukɔwo katã asubɔe, asubɔ via kple eƒe tɔgbuiyɔvi gɔ̃ hã va se ɖe esime eƒe anyigba ƒe ɣeyiɣi nade. Ekema dukɔ geɖewo kple fia xɔŋkɔwo aɖu edzi.
8 As for the nation or kingdom that does not serve Nebuchadnezzar king of Babylon and does not place its neck under his yoke, I will punish that nation by sword and famine and plague, declares the LORD, until I have destroyed it by his hand.
“‘“Ke ne dukɔ alo fiaɖuƒe aɖe gbe be yemasubɔ Babilonia fia Nebukadnezar, alo abɔbɔ ɖe eƒe kɔkuti te o la, mahe to na dukɔ ma kple yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ va se ɖe esime matsrɔ̃e kple Nebukadnezar ƒe asi.”’ Yehowae gblɔe.
9 But as for you, do not listen to your prophets, your diviners, your interpreters of dreams, your mediums, or your sorcerers who declare, ‘You will not serve the king of Babylon.’
Eya ta migaɖo to miaƒe nyagblɔɖilawo, bokɔnɔwo, drɔ̃egɔmeɖelawo, ŋɔliyɔlawo kple nukala siwo gblɔna na mi be, ‘Migasubɔ Babilonia fia o’ la o.
10 For they prophesy to you a lie that will serve to remove you from your land; I will banish you and you will perish.
Wogblɔa aʋatsonyagblɔɖiwo na mi, siwo ana be woaɖe mi ɖa le miaƒe anyigbawo dzi aɖo ɖe didiƒewo. Manya mi eye miatsrɔ̃.
11 But the nation that will put its neck under the yoke of the king of Babylon and serve him, I will leave in its own land, to cultivate it and reside in it, declares the LORD.”
Gake ne dukɔ aɖe bɔbɔ ɖe Babilonia fia ƒe kɔkuti te hesubɔe la, mana be dukɔ ma nanɔ eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi eye wòanɔ edzi. Yehowae gblɔe.”
12 And to Zedekiah king of Judah I spoke the same message: “Put your necks under the yoke of the king of Babylon; serve him and his people, and live!
Metsɔ gbedeasi sia ke na Yuda fia Zedekia. Megblɔ nɛ be, “Tsɔ wò kɔ de Babilonia fia, Nebukadnezar, ƒe kɔkuti te; subɔ eya kple eƒe dukɔmetɔwo eye nànɔ agbe.
13 Why should you and your people die by sword and famine and plague, as the LORD has decreed against any nation that does not serve the king of Babylon?
Nu ka ŋuti wò kple wò amewo miaku ɖe yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ si ƒe ŋugbe Yehowa do na dukɔ si masubɔ Babilonia fia o la ƒe asi me?
14 Do not listen to the words of the prophets who say, ‘You must not serve the king of Babylon,’ for they are prophesying to you a lie.
Mègaɖo to nyagblɔɖilawo ƒe nya si gblɔm wole na wò be, ‘Mígasubɔ Babilonia fia o’ la o; elabena aʋatsonyawo gblɔm wole na wò.
15 For I have not sent them, declares the LORD, and yet they are prophesying falsely in My name; therefore I will banish you, and you will perish—you and the prophets who prophesy to you.”
Yehowa be, ‘Nyemedɔ wo o. Aʋatsonya gblɔm wole ɖi le nye ŋkɔ me. Eya ta manya wò ɖa le teƒe sia eye wò kple Nyagblɔɖila siwo gblɔ nya ɖi na wò la siaa miatsrɔ̃.’”
16 Then I said to the priests and to all this people, “This is what the LORD says: Do not listen to the words of your prophets who prophesy to you, saying, ‘Look, very soon now the articles from the house of the LORD will be brought back from Babylon.’ They are prophesying to you a lie.
Tete megblɔ na nunɔlawo kple ame siawo katã be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi: Migaɖo to nyagblɔɖila siwo gblɔna na mi be, ‘Esusɔ vie woatrɔ nu siwo wolɔ le Yehowa ƒe gbedoxɔ me yi Babilonia la gbɔe’ o. Aʋatsonya gblɔm wole ɖi na mi.
17 Do not listen to them. Serve the king of Babylon and live! Why should this city become a ruin?
Migaɖo to wo o. Misubɔ Babilonia fia, ekema mianɔ agbe. Nu ka ŋuti du sia azu aƒedo?
18 If they are indeed prophets and the word of the LORD is with them, let them now plead with the LORD of Hosts that the articles remaining in the house of the LORD, in the palace of the king of Judah, and in Jerusalem, not be taken to Babylon.
Nenye nyagblɔɖilawoe wonye vavã eye Yehowa ƒe nya le wo me la, ekema woneɖe kuku na Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, be nu siwo susɔ ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ me kple Yuda fia ƒe aƒe me le Yerusalem la, womagalɔ wo ayi Babilonia o.
19 For this is what the LORD of Hosts says about the pillars, the sea, the bases, and the rest of the articles that remain in this city,
Elabena, ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ tso sɔtiawo, akɔblizɔ kple nu siwo dzi woda wo ɖo kple nu bubu siwo susɔ ɖe du sia me la ŋuti.
20 which Nebuchadnezzar king of Babylon did not take when he carried Jeconiah son of Jehoiakim king of Judah into exile from Jerusalem to Babylon, along with all the nobles of Judah and Jerusalem.
Nu siwo Babilonia fia, Nebukadnezar metsɔ dzoe o esi wòva lé Yuda fia Yehoyatsin, Yehoyakim ƒe vi, yi ɖe aboyome le Babilonia kpe ɖe Yuda kple Yerusalem ƒe ame ŋkutawo ŋuti.
21 Yes, this is what the LORD of Hosts, the God of Israel, says about the articles that remain in the house of the LORD, in the palace of the king of Judah, and in Jerusalem:
Ɛ̃, ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔ tso nu siwo susɔ ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ kple Yuda fia ƒe fiasã me le Yerusalem la ŋutie nye esi:
22 ‘They will be carried to Babylon and will remain there until the day I attend to them again,’ declares the LORD. ‘Then I will bring them back and restore them to this place.’”
‘Woalɔ wo ayi ɖe Babilonia, afi ma woanɔ va se ɖe gbe si gbe mava alɔ wo ekema matrɔ wo agbɔe va teƒe sia.’” Yehowae gblɔe.

< Jeremiah 27 >