< Genesis 48 >
1 After these things, someone said to Joseph, “Behold, your father is sick.” He took with him his two sons, Manasseh and Ephraim.
Le nya siawo megbe la, wova gblɔ na Yosef be fofoa ƒe lãmegbegblẽ la nu nɔ sesẽm ɖe edzi kokoko. Ale wòkplɔ Via ŋutsuvi eveawo, Manase kple Efraim, eye woyi ɖakpɔe ɖa.
2 Someone told Jacob, and said, “Behold, your son Joseph comes to you,” and Israel strengthened himself, and sat on the bed.
Eye wogblɔ na Yakob bena, “Kpɔ ɖa viwò Yosef va gbɔwò.” Tete Israel do ŋusẽ nu fɔ henɔ anyi ɖe abatia dzi be yeado gbe nɛ,
3 Jacob said to Joseph, “God Almighty appeared to me at Luz in the land of Canaan, and blessed me,
eye wògblɔ na Yosef be, “Mawu Ŋusẽkatãtɔ ɖe eɖokui fiam le Luz, le Kanaanyigba dzi, eye wòyram.
4 and said to me, ‘Behold, I will make you fruitful, and multiply you, and I will make of you a company of peoples, and will give this land to your offspring after you for an everlasting possession.’
Egblɔ nam be, ‘Mawɔ wò nàzu dukɔ gã, eye matsɔ Kanaanyigba sia ana wò kple wò dzidzimeviwo, wòanye mia tɔ tegbetegbe.’
5 Now your two sons, who were born to you in the land of Egypt before I came to you into Egypt, are mine; Ephraim and Manasseh, even as Reuben and Simeon, will be mine.
Azɔ le viwò eve siawo, Efraim kple Manase, ame siwo wodzi le Egiptenyigba dzi hafi meva la, mele woawo ya xɔm abe nye ŋutɔ vinyewo ene, eye woanyi nye dome abe Ruben kple Simeon ke ene.
6 Your offspring, whom you become the father of after them, will be yours. They will be called after the name of their brothers in their inheritance.
Ke viwò bubu ɖe sia ɖe ya la, anye wò ŋutɔ tɔ, eye woanyi Efraim kple Manase ƒe dome tso gbɔwò le wò ŋutɔ wò nuwo gome.
7 As for me, when I came from Paddan, Rachel died beside me in the land of Canaan on the way, when there was still some distance to come to Ephrath, and I buried her there on the way to Ephrath (also called Bethlehem).”
Elabena dawò Rahel dzi vi eve ko, eye wòku esi metso Padan gbɔna Kanaan. Ke esi míegogo Efrat la, meɖii ɖe mɔ to le Efrat” (si nye Betlehem).
8 Israel saw Joseph’s sons, and said, “Who are these?”
Israel lé ŋku ɖe Yosef ƒe ŋutsuviawo ŋu, eye wòbia be, “Ŋutsuviawoe nye esiawoa?”
9 Joseph said to his father, “They are my sons, whom God has given me here.” He said, “Please bring them to me, and I will bless them.”
Yosef ɖo eŋu be, “Ɛ̃, esiawoe nye ŋutsuvi siwo Mawu nam le afii le Egipte.” Israel gblɔ be, “Kplɔ wo te ɖe ŋunye ne mayra wo.”
10 Now the eyes of Israel were dim for age, so that he could not see well. Joseph brought them near to him; and he kissed them, and embraced them.
Israel ƒe tsitsi na eƒe ŋkuwo tsi afã kple afã, eye megatea ŋu kpɔa nu tututu o. Ale Yosef kplɔ viawo te ɖe eŋu kpokploe. Egbugbɔ nu na wo, eye wòkpla asi kɔ na wo.
11 Israel said to Joseph, “I did not think I would see your face, and behold, God has let me see your offspring also.”
Israel gblɔ na Yosef be, “Nyemebu tsã be magakpɔ wò o, ke azɔ Mawu na mekpɔ viwòwo hã.”
12 Joseph brought them out from between his knees, and he bowed himself with his face to the earth.
Tete Yosef ɖe wo ɖa le Israel ƒe atata, eye wòde ta agu, tsyɔ mo anyi.
13 Joseph took them both, Ephraim in his right hand toward Israel’s left hand, and Manasseh in his left hand toward Israel’s right hand, and brought them near to him.
Eye Yosef tsɔ wo ame eveawo; Efraim yi ɖe ɖusime be wòanɔ Israel ƒe miame, eye Manase yi ɖe miame be wòanɔ Israel ƒe ɖusime, eye wòkplɔ wo te ɖe Israel ŋu.
14 Israel stretched out his right hand, and laid it on Ephraim’s head, who was the younger, and his left hand on Manasseh’s head, guiding his hands knowingly, for Manasseh was the firstborn.
Ke Israel tso ga eƒe abɔwo esime wòdi be yeada yeƒe asiwo ɖe ɖeviawo ƒe tawo dzi. Ale eƒe ɖusi nɔ Efraim, ame si nye ɖevitɔ, eye wònɔ eƒe miame la ƒe ta dzi, eye eƒe miasi nɔ Manase, ame si nye tsitsitɔ, eye wònɔ eƒe ɖusime la ƒe ta dzi.
15 He blessed Joseph, and said, “The God before whom my fathers Abraham and Isaac walked, the God who has fed me all my life long to this day,
Eyra Yosef kple nya siawo be, “Mawu, fofonye Abraham kple Isak ƒe Mawu, ame si kplɔm le nye agbenɔɣi katã me la nayra ŋutsuvi siawo nukutɔe.
16 the angel who has redeemed me from all evil, bless the lads, and let my name be named on them, and the name of my fathers Abraham and Isaac. Let them grow into a multitude upon the earth.”
Mawudɔla si ɖem tso xaxa ɖe sia ɖe me la nayra ɖevi siawo, woade bubu nye ŋkɔ ŋu, eye woade bubu fofonye Abraham kple Isak ƒe ŋkɔwo ŋu. Mawu naɖi ne woazu dukɔ gã aɖe.”
17 When Joseph saw that his father laid his right hand on the head of Ephraim, it displeased him. He held up his father’s hand, to remove it from Ephraim’s head to Manasseh’s head.
Ke Yosef tɔtɔ, eye mekpɔ ŋudzedze le ale si fofoa da eƒe nuɖusi ɖe Efraim ƒe ta dzi la ŋu o. Ale wòɖe fofoa ƒe nuɖusi ɖa be yeadae ɖe Manase boŋ tɔ dzi.
18 Joseph said to his father, “Not so, my father, for this is the firstborn. Put your right hand on his head.”
Egblɔ be, “Ao, fofonye, ètsɔ wò nuɖusi da ɖe ame si ƒe ta dzi mele be nàdae ɖo o la! Ame si le afi sia lae nye tsitsitɔ. Da wò nuɖusi ɖe eya boŋ dzi!”
19 His father refused, and said, “I know, my son, I know. He also will become a people, and he also will be great. However, his younger brother will be greater than he, and his offspring will become a multitude of nations.”
Ke fofoa gbe hegblɔ nɛ be, “Vinye, menya nu si wɔm mele. Manase hã azu dukɔ gã aɖe, ke nɔvia suetɔ azu dukɔ gã wu.”
20 He blessed them that day, saying, “Israel will bless in your name, saying, ‘God make you as Ephraim and as Manasseh’” He set Ephraim before Manasseh.
Ale Yakob yra ɖeviawo gbe ma gbe ale: “Israelviwo nayra wo nɔewo agblɔ be, ‘Mawu nana nuwo nadze edzi na wò abe Efraim kple Manase ene!’” Ale wòtsɔ Efraim ɖo tsitsi na Manase.
21 Israel said to Joseph, “Behold, I am dying, but God will be with you, and bring you again to the land of your fathers.
Israel gblɔ na Yosef be, “Mele kuku ge kpuie, ke Mawu anɔ kpli wò, eye wòagakplɔ wò ayi Kanaan, fofowòwo ƒe anyigba dzi.
22 Moreover I have given to you one portion above your brothers, which I took out of the hand of the Amorite with my sword and with my bow.”
Metsɔ Sekemnyigba si metsɔ nye yi kple dati xɔ le Amoritɔwo si la na wò ɖe nɔviwòwo teƒe be wòanye wò gome.”