< Genesis 21 >

1 The LORD visited Sarah as he had said, and the LORD did to Sarah as he had spoken.
Azɔ Yehowa ve Sara nu abe ale si wògblɔ ene, eye Yehowa wɔ eƒe ŋugbedodo dzi na Sara.
2 Sarah conceived, and bore Abraham a son in his old age, at the set time of which God had spoken to him.
Sara fɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi na Abraham le eƒe amegãkuku me ɖe ɣeyiɣi si dzi tututu Mawu do ŋugbe nɛ la dzi.
3 Abraham called his son who was born to him, whom Sarah bore to him, Isaac.
Abraham na ŋkɔ ɖevi si Sara dzi nɛ la be, Isak si gɔmee nye, “Nukoko.”
4 Abraham circumcised his son, Isaac, when he was eight days old, as God had commanded him.
Esi via, Isak, xɔ ŋkeke enyi la, Abraham tso aʋa nɛ abe ale si Mawu ɖo nɛ ene.
5 Abraham was one hundred years old when his son, Isaac, was born to him.
Abraham xɔ ƒe alafa ɖeka esi wodzi Isak nɛ.
6 Sarah said, “God has made me laugh. Everyone who hears will laugh with me.”
Tete Sara gblɔ be, “Mawu do nukokoe nam. Ame sia ame si ase nye nya sia la akpɔ dzidzɔ kplim.
7 She said, “Who would have said to Abraham that Sarah would nurse children? For I have borne him a son in his old age.”
Elabena ame kae abui kpɔ be nye Sara hã madzi vi? Ke medzi ŋutsuvi na Abraham le eƒe tsitsime!”
8 The child grew and was weaned. Abraham made a great feast on the day that Isaac was weaned.
Ɖevi la tsi, eye wotso no nɛ. Gbe si gbe wotso no na Isak la, Abraham ɖo kplɔ̃ gã aɖe le dzidzɔɣeyiɣi sia dzi.
9 Sarah saw the son of Hagar the Egyptian, whom she had borne to Abraham, mocking.
Ke esi Sara kpɔ Ismael, Abraham kple Egipte nyɔnu, Hagar ƒe vi wònɔ Isak kom la,
10 Therefore she said to Abraham, “Cast out this servant and her son! For the son of this servant will not be heir with my son, Isaac.”
egblɔ na Abraham be, “Na kosivi ma kple via nadzo le afi sia. Via manyi wò dome kple vinye Isak gbeɖegbeɖe o.”
11 The thing was very grievous in Abraham’s sight on account of his son.
Nu sia na Abraham tɔtɔ ŋutɔ, elabena via kee nye Ismael hã.
12 God said to Abraham, “Do not let it be grievous in your sight because of the boy, and because of your servant. In all that Sarah says to you, listen to her voice. For your offspring will be named through Isaac.
Ke Mawu gblɔ na Abraham be, “Mègatɔtɔ o, eye mègaxa nu le ŋutsuvi la kple srɔ̃wò kosi la ta o. Wɔ nu si Sara ɖo na wò la, elabena Isak me wò dzidzimeviwo adzɔ tso.
13 I will also make a nation of the son of the servant, because he is your child.”
Ke mana nyɔnu kosivi ƒe vi la hã ƒe dzidzimeviwo nazu dukɔ gã aɖe, elabena viwò eya hã nye.”
14 Abraham rose up early in the morning, and took bread and a container of water, and gave it to Hagar, putting it on her shoulder; and gave her the child, and sent her away. She departed, and wandered in the wilderness of Beersheba.
Ale Abraham fɔ ŋdi kanya, tsɔ nuɖuɖu kple tsi na Hagar, eye wòdo mɔ eya kple wo vi Ismael. Hagar zɔ mɔ kple via yi gbedzi le Beerseba. Menya afi si tututu wòyina o.
15 The water in the container was spent, and she put the child under one of the shrubs.
Esi tsia vɔ la, etsɔ ɖevi la mlɔ ati kpɔyɔe aɖe te,
16 She went and sat down opposite him, a good way off, about a bow shot away. For she said, “Do not let me see the death of the child.” She sat opposite him, and lifted up her voice, and wept.
eye wòyi ɖanɔ anyi ɖe adzɔge abe abɔ alafa ɖeka lɔƒo ene tso ɖevi la gbɔ. Egblɔ be, “Nyemedi be manɔ ɖevi la kpɔm wòaku o,” eye wòde asi avifafa me hehehe.
17 God heard the voice of the boy. The angel of God called to Hagar out of the sky, and said to her, “What troubles you, Hagar? Do not be afraid. For God has heard the voice of the boy where he is.
Tete Mawu se ɖevi la ƒe avifafa, eye mawudɔla aɖe yɔ Hagar tso dziƒo gblɔ nɛ be, “Hagar, nya kae dzɔ? Mègavɔ̃ o! Mawu se ɖevi la ƒe avifafa le afi si wòmlɔ la.
18 Get up, lift up the boy, and hold him with your hand. For I will make him a great nation.”
Yi nàtsɔ ɖevi la, eye nàfa akɔ nɛ, elabena mawɔ eƒe dzidzimeviwo woazu dukɔ gã aɖe.”
19 God opened her eyes, and she saw a well of water. She went, filled the container with water, and gave the boy a drink.
Mawu ʋu Hagar ƒe ŋkuwo, eye wòkpɔ vudo aɖe le afi ma. Eku tsi ɖe eƒe tsigolo me, eye wòna ɖe ɖevi la wòno.
20 God was with the boy, and he grew. He lived in the wilderness, and as he grew up, he became an archer.
Mawu nɔ kple ɖevi la, eye wòtsi. Enɔ gbedzi, eye wòzu aŋutrɔdala.
21 He lived in the wilderness of Paran. His mother got a wife for him out of the land of Egypt.
Esi wònɔ Paran Gbegbe la, dadaa ɖe srɔ̃ nɛ tso Egipte.
22 At that time, Abimelech and Phicol the captain of his army spoke to Abraham, saying, “God is with you in all that you do.
Le ɣeyiɣi sia me la, Fia Abimelek kple eƒe aʋafia Pixol va Abraham gbɔ gblɔ nɛ be, “Eme kɔ ƒãa be Mawu li kpli wò le nu sia nu si nèwɔna la me.
23 Now, therefore, swear to me here by God that you will not deal falsely with me, nor with my son, nor with my son’s son. But according to the kindness that I have done to you, you shall do to me, and to the land in which you have lived as a foreigner.”
Ka atam nam le Mawu ŋkume be yemaba nye ŋutɔ alo vinye ŋutsu alo nye tɔgbuiyɔvi o, ke boŋ be yeanɔ anyi kple nye dukɔ le nɔvilɔlɔ̃ me abe ale si mele ɖe ŋuwò ene.”
24 Abraham said, “I will swear.”
Abraham ɖo eŋu be, “Enyo, meka atam sia!”
25 Abraham complained to Abimelech because of a water well, which Abimelech’s servants had violently taken away.
Abraham na nutsotso fia Abimelek tso ale si fia la ƒe subɔlawo xɔ vudo aɖe le eƒe subɔlawo si sesẽtɔe la ŋuti.
26 Abimelech said, “I do not know who has done this thing. You did not tell me, and I did not hear of it until today.”
Fia Abimelek ɖi vo, eye wògblɔ be, “Esiae nye zi gbãtɔ si mese nya aɖe tso nu sia ŋu, eye nyemenya ame si wɔ nu sia hã o. Nu ka ta mègblɔe nam kpɔ o?”
27 Abraham took sheep and cattle, and gave them to Abimelech. Those two made a covenant.
Abraham tsɔ alẽwo kple nyiwo na Fia Abimelek abe vɔsa ene hetsɔ ɖo kpe woƒe nubabla la dzi.
28 Abraham set seven ewe lambs of the flock by themselves.
Abraham ɖe alẽvi adre tso eƒe lãhawo me ɖe aga,
29 Abimelech said to Abraham, “What do these seven ewe lambs, which you have set by themselves, mean?”
eye Abimelek bia Abraham be, “Alẽvi adre siawo nèɖe ɖe aga la gɔme ɖe?”
30 He said, “You shall take these seven ewe lambs from my hand, that it may be a witness to me, that I have dug this well.”
Abraham ɖo eŋu be, “Esiae nye nye nunana na wò be wòanye kpeɖodzi le amewo ŋkume be nyee ɖe vudo sia.”
31 Therefore he called that place Beersheba, because they both swore an oath there.
Ale tso gbe ma gbe dzi la, woyɔa vudo la be Beerseba si gɔmee nye “Atamvudo,” elabena afi ma woka atam, eye wowɔ woƒe nubabla la le.
32 So they made a covenant at Beersheba. Abimelech rose up with Phicol, the captain of his army, and they returned into the land of the Philistines.
Le atamkaka le Beerseba megbe la, Fia Abimelek kple eƒe aʋakplɔla, Pixol trɔ yi aƒe.
33 Abraham planted a tamarisk tree in Beersheba, and there he called on the name of the LORD, the Everlasting God.
Abraham do ati aɖe ɖe Beerseba eye wòdo gbe ɖa na Yehowa Mawu mavɔ la be wòanye ɖasefo le nubabla sia me.
34 Abraham lived as a foreigner in the land of the Philistines many days.
Eye Abraham nɔ Filistitɔwo ƒe anyigba dzi ɣeyiɣi didi aɖe.

< Genesis 21 >