< 2 Chronicles 28 >

1 Ahaz was twenty years old when he began to reign, and he reigned sixteen years in Jerusalem. He did not do that which was right in the LORD’s eyes, like David his father,
Ahaz xɔ ƒe blaeve esi wòzu fia eye wòɖu fia ƒe wuiade le Yerusalem, ke mewɔ nu si dzɔ le Yehowa ŋkume abe tɔgbuia David ene o.
2 but he walked in the ways of the kings of Israel, and also made molten images for the Baals.
Edze fia siwo nɔ Israel la ƒe kpɔɖeŋuwo yome eye wòsubɔ Baal ƒe legbawo.
3 Moreover he burned incense in the valley of the son of Hinnom, and burned his children in the fire, according to the abominations of the nations whom the LORD cast out before the children of Israel.
Edea Ben Hinom ƒe Balime gɔ̃ hã, menye be yeado dzudzɔ na legbawo ko o, ke boŋ etsɔ eya ŋutɔ viawo sa vɔe le dzo me abe ale si trɔ̃subɔla siwo Yehowa nya le anyigba la dzi be Israel nakpɔ teƒe la wɔna ene.
4 He sacrificed and burned incense in the high places, and on the hills, and under every green tree.
Esa vɔ eye wòdoa dzudzɔ hã le nuxeƒewo le toawo dzi kple le vɔsamlekpui geɖe siwo le atiwo te la dzi.
5 Therefore the LORD his God delivered him into the hand of the king of Syria. They struck him, and carried away from him a great multitude of captives, and brought them to Damascus. He was also delivered into the hand of the king of Israel, who struck him with a great slaughter.
Nu sia ta Yehowa Mawu tsɔe de asi na Aram fia eye wosii heɖe aboyo eƒe ame geɖewo yi Damasko. Wotsɔe de asi na Israel fia hã, ame si sii vevie ŋutɔ.
6 For Pekah the son of Remaliah killed in Judah one hundred twenty thousand in one day, all of them valiant men, because they had forsaken the LORD, the God of their fathers.
Le ŋkeke ɖeka pɛ aɖe dzi la, Peka, Remalia ƒe vi, wu Yudatɔwo ƒe aʋawɔla kalẽtɔ akpe alafa ɖeka blaeve sɔŋ elabena wotrɔ le Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu, yome.
7 Zichri, a mighty man of Ephraim, killed Maaseiah the king’s son, Azrikam the ruler of the house, and Elkanah who was next to the king.
Emegbe la, Zikri, aʋawɔla sesẽ aɖe, tso Efraim, wu fiavi, Maaseya kple fia la ƒe kpeɖeŋutɔ, Azrikam kple Elkana, ame si nye ŋusẽtɔ evelia kplɔ fia la ɖo.
8 The children of Israel carried away captive of their brothers two hundred thousand women, sons, and daughters, and also took away much plunder from them, and brought the plunder to Samaria.
Israelviwo ƒe aʋakɔwo ɖe aboyo Yudatɔwo ƒe nyɔnu kple ɖevi akpe alafa eve eye woha afunyinu geɖewo tsɔ yi Samaria.
9 But a prophet of the LORD was there, whose name was Oded; and he went out to meet the army that came to Samaria, and said to them, “Behold, because the LORD, the God of your fathers, was angry with Judah, he has delivered them into your hand, and you have slain them in a rage which has reached up to heaven.
Ke Obed, Yehowa ƒe nyagblɔɖila aɖe nɔ afi ma le Samaria. Èɖado go aʋakɔ si trɔ gbɔna aƒe eye wòdo ɣli be, “Kpɔ ɖa! Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu, do dɔmedzoe ɖe Yuda ŋu eye wòna miesi eƒe amewo eye miewu wo nublanuimakpɔmakpɔtɔe. Nu sia medze dziƒo blibo la ŋu o.
10 Now you intend to degrade the children of Judah and Jerusalem as male and female slaves for yourselves. Are not there even with you trespasses of your own against the LORD your God?
Azɔ la, ɖe miele nana ge Yudatɔwo kple Yerusalemtɔwo siaa nazu kluviwoa? Mieɖo ŋku miawo ŋutɔ ƒe nu vɔ̃ gbogbo siwo miewɔ ɖe Yehowa, míaƒe Mawu ŋuti dzi oa?
11 Now hear me therefore, and send back the captives that you have taken captive from your brothers, for the fierce wrath of the LORD is on you.”
Miɖo tom eye miagbugbɔ miaƒe ƒometɔwo ayi wo dewoe kpoo elabena azɔ la, Yehowa ƒe dɔmedzoe le bibim sesĩe ɖe mia ŋu.”
12 Then some of the heads of the children of Ephraim, Azariah the son of Johanan, Berechiah the son of Meshillemoth, Jehizkiah the son of Shallum, and Amasa the son of Hadlai, stood up against those who came from the war,
Efraim ƒe kplɔlawo ƒe amegã aɖewo hã ƒo nu tsi tsitre ɖe nuwɔna sia ŋu. Ame siawoe nye Azaria, Yehohanan ƒe vi kple Berekia, Mesilemɔt ƒe vi kple Yehizkiya, Salum ƒe vi kple Amasa, Hadlai ƒe vi.
13 and said to them, “You must not bring in the captives here, for you intend that which will bring on us a trespass against the LORD, to add to our sins and to our guilt; for our guilt is great, and there is fierce wrath against Israel.”
Wogblɔ be, “Miekpɔ mɔ akplɔ aboyomeawo va afi sia o. Ne miekplɔ wo vɛ la, Yehowa ado dɔmedzoe eye nu vɔ̃ sia akpe ɖe miaƒe nu vɔ̃ bubu geɖeawo ŋu. Dɔmedzoe si Mawu do ɖe mía ŋu la, sɔ gbɔ xoxo.”
14 So the armed men left the captives and the plunder before the princes and all the assembly.
Ale asrafomegãwo tsɔ aboyomeawo kple afunyinuawo de asi na dukɔa kplɔlawo be woabu ta me tso nu si woawɔ kple wo la ŋu.
15 The men who have been mentioned by name rose up and took the captives, and with the plunder clothed all who were naked among them, dressed them, gave them sandals, gave them something to eat and to drink, anointed them, carried all the feeble of them on donkeys, and brought them to Jericho, the city of palm trees, to their brothers. Then they returned to Samaria.
Ame ene siwo woyɔ va yi la, ma awuwo tso afunyinuawo me na nyɔnu kple ɖevi siwo hiã awuwo eye wotsɔ afɔkpawo, nuɖuɖu kple wain na wo. Wotsɔ dɔnɔwo kple ame tsitsiwo ɖe tedziwo dzi, gbugbɔ wo yi na woƒe ƒometɔwo le Yeriko, Detiwo Ƒe Du me eye ame siwo kplɔ wo yi la trɔ va Samaria.
16 At that time King Ahaz sent to the kings of Assyria to help him.
Le ɣe ma ɣi me la, fia Ahaz dɔ ame ɖo ɖe Asiria fiawo be woava xɔ na ye.
17 For again the Edomites had come and struck Judah, and carried away captives.
Edomtɔwo gava dze Yuda dzi eye woɖe aboyo ameawo
18 The Philistines also had invaded the cities of the lowland and of the South of Judah, and had taken Beth Shemesh, Aijalon, Gederoth, Soco with its villages, Timnah with its villages, and also Gimzo and its villages; and they lived there.
le esime Filistitɔwo va ha du siwo nɔ togbeawo dzi kple esiwo nɔ Negev le Yuda. Woxɔ du siawo: Bet Semes, Aiyalon kple Gederot Timna, Soko kple Gimzo kpakple kɔƒe siwo ƒo xlã wo eye wonɔ wo me.
19 For the LORD brought Judah low because of Ahaz king of Israel, because he acted without restraint in Judah and trespassed severely against the LORD.
Esia va eme elabena Yehowa bɔbɔ Yuda ɖe anyi le Yuda fia, Ahaz ƒe nu vɔ̃ɖiwo wɔwɔ ta elabena egblẽ Yudatɔwo ƒe gbɔgbɔmegbenɔnɔ me eye menɔ Yehowa yome o.
20 Tilgath-pilneser king of Assyria came to him and gave him trouble, but did not strengthen him.
Ke esi Asiria fia Tilgat Pilneser va ɖo la, eɖe fu na Fia Ahaz le esime wòakpe ɖe eŋu teƒe.
21 For Ahaz took away a portion out of the LORD’s house, and out of the house of the king and of the princes, and gave it to the king of Assyria; but it did not help him.
Ale, Ahaz tsɔ nu siwo le Yehowa ƒe gbedoxɔ la kple fiasã la me ƒe akpa aɖewo kpakple dɔnunɔlawo tɔ hetsɔ na Asiria fia la gake egbe kpekpe ɖe eŋu.
22 In the time of his distress, he trespassed yet more against the LORD, this same King Ahaz.
Fia Ahaz ŋlɔ Mawu be le eƒe xaxaɣi sia me.
23 For he sacrificed to the gods of Damascus which had defeated him. He said, “Because the gods of the kings of Syria helped them, I will sacrifice to them, that they may help me.” But they were the ruin of him and of all Israel.
Esa vɔ na Damaskotɔ siwo ɖu edzi le aʋa me la ƒe mawuwo elabena ebu be, mawu siawoe kpe ɖe Siria fia ŋu eya ta woakpe ɖe ye hã ŋu ne yesa vɔ na wo. Ke mawu mawo boŋue he dzɔgbevɔ̃e va eya ŋutɔ kple Israel katã dzi.
24 Ahaz gathered together the vessels of God’s house, cut the vessels of God’s house in pieces, and shut up the doors of the LORD’s house; and he made himself altars in every corner of Jerusalem.
Fia la tsɔ sikatreawo tso gbedoxɔ la me eye wògbã wo kakɛkakɛ. Etu gbedoxɔ la ƒe ʋɔtruwo ale be ame aɖeke magasubɔ Mawu le afi ma o eye wòɖi vɔsamlekpuiwo ɖe Yerusalem ƒe dzogoe ɖe sia ɖe dzi.
25 In every city of Judah he made high places to burn incense to other gods, and provoked the LORD, the God of his fathers, to anger.
Gawu la, ewɔ nu ma ke le Yuda ƒe du ɖe sia ɖe me eye wòto esia me do dɔmedzoe na Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu.
26 Now the rest of his acts, and all his ways, first and last, behold, they are written in the book of the kings of Judah and Israel.
Woŋlɔ nu tso Fia Ahazia ƒe agbenɔnɔ kple nuwɔwɔ bubuawo tso gɔmedzedzea va se nuwuwu ŋu ɖe Yuda fiawo kple Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽwo me.
27 Ahaz slept with his fathers, and they buried him in the city, even in Jerusalem, because they did not bring him into the tombs of the kings of Israel; and Hezekiah his son reigned in his place.
Esi Fia Ahaz ku la, woɖii ɖe Yerusalem du la me, ke menye ɖe fiawo ƒe ɖiƒe o, eye via Hezekia zu fia ɖe eteƒe.

< 2 Chronicles 28 >