< Leviticus 7 >

1 And this is the law of the trespass offering. It is most holy.
“Esiawoe nye se siwo ku ɖe fɔɖivɔsa ŋu. Nu kɔkɔe ƒe nu kɔkɔe wònye.
2 In the place where they kill the burnt offering they shall kill the trespass offering, and the blood of it he shall sprinkle upon the altar round about.
“Woawu fɔɖivɔsalã la le afi si wowua numevɔsalãwo le, eye woatsɔ eƒe ʋu ahlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu godoo akpe ɖo.
3 And he shall offer from it all the fat of it. He shall take away the fat tail, and the fat that covers the innards,
Nunɔla la atsɔ lã la ƒe amiwo katã, eƒe asike, ami si le dɔmenuwo ŋu,
4 and the two kidneys, and the fat that is on them, which is by the loins, and the caul upon the liver, with the kidneys.
ayiku eveawo kple ami si le wo ŋu kple eƒe aklã asa vɔe ɖe vɔsamlekpui la dzi.
5 And the priest shall burn them upon the altar for an offering made by fire to Jehovah. It is a trespass offering.
Nunɔla la atɔ dzo nu siawo katã le vɔsamlekpui la dzi abe fɔɖivɔsa ene na Yehowa.
6 Every male among the priests shall eat of it. It shall be eaten in a holy place; it is most holy.
Ŋutsu siwo tso nunɔlawo ƒe ƒome me la koe aɖu lã la ƒe mamlɛa. Woaɖui le teƒe kɔkɔe aɖe, elabena vɔsa kɔkɔe wònye.
7 As is the sin offering, so is the trespass offering, there is one law for them. The priest who makes atonement with it, he shall have it.
“Se siawo kee le nu vɔ̃ ŋuti vɔsa kple fɔɖivɔsa siaa ŋu. Woatsɔ lã la ƒe mamlɛa ana nunɔla si wɔ avulévɔsa la wòanye eƒe nuɖuɖu.
8 And the priest who offers any man's burnt offering, even the priest shall have to himself the skin of the burnt offering which he has offered.
Nenye numevɔsae la, ekema woatsɔ lã la ƒe agbalẽ hã ana nunɔla la.
9 And every meal offering that is baked in the oven, and all that is dressed in the frying-pan, and on the baking-pan, shall be the priest's who offers it.
Nunɔla si sa nuɖuvɔ la na Yehowa la axɔ nuɖuɖu si susɔ ne ewu vɔsa la nu. Woawɔ se sia dzi nenye be wome vɔsanu la le kpo me loo, tɔe le ami me loo alo mee le dzo me.
10 And every meal offering, mingled with oil, or dry, all the sons of Aaron shall have, one as well as another.
Nuɖuvɔsa bubuawo katã, ne wode ami wo, alo womede ami wo o hã, anye Aron ƒe viŋutsuwo katã tɔ.
11 And this is the law of the sacrifice of peace offerings, which he shall offer to Jehovah.
“Esiawoe nye akpedavɔsa tɔxɛwo na Yehowa ŋu sewo:
12 If he offers it for a thanksgiving, then he shall offer with the sacrifice of thanksgiving unleavened cakes mingled with oil, and unleavened wafers anointed with oil, and cakes mingled with oil, of fine flour soaked.
“Nenye akpedada tae wole vɔ la sam ɖo la, ekema woatsɔ abolo si wowɔ kple amɔ maʋamaʋã la akpe ɖe vɔsalã la kple akaklɛ̃ si dzi wokɔ ami ɖo kple wɔ memee si woblu kple ami hetsɔ tɔ wɔkakloe la ŋu.
13 He shall offer his oblation with the sacrifice of his peace offerings for thanksgiving with cakes of leavened bread.
Ne wole akpedavɔ kple ŋutifafavɔ sam la, woawɔ abolo si wowɔ kple amɔ ʋaʋã la ŋu dɔ.
14 And from it he shall offer one out of each oblation for a heave offering to Jehovah. It shall be the priest's who sprinkles the blood of the peace offerings.
Woatsɔ vɔsa sia ƒe akpa aɖe aɖo Yehowa ŋkume abe vɔsa tɔxɛ ene, ekema woatsɔe ana nunɔla si hlẽa vɔsalã ƒe ʋu.
15 And the flesh of the sacrifice of his peace offerings for thanksgiving shall be eaten on the day of his oblation; he shall not leave any of it until the morning.
Le lã la tsɔtsɔ sa vɔe kple etsɔtsɔ na Yehowa abe ŋutifafavɔsa ene be woaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ kple akpedada tɔxɛ afia vɔ megbe la, woaɖu vɔsalã la gbe ma gbe ke, eye ɖeke matsi anyi ŋu nake o.
16 But if the sacrifice of his oblation be a vow, or a freewill offering, it shall be eaten on the day that he offers his sacrifice, and on the morrow that which remains of it shall be eaten,
“Ke ne ame aɖe tsɔ nane vɛ si menye akpedavɔsa o, ke boŋ wònye vɔsa ɖe atam si amea ka ta alo wònye lɔlɔ̃nununana la, ekema vɔsalã si womeɖu le ŋkeke si dzi wosa vɔ la le o la, woate ŋu aɖui ne ŋu ke.
17 but that which remains of the flesh of the sacrifice on the third day shall be burnt with fire.
Woatɔ dzo vɔsanu si asusɔ va se ɖe ŋkeke etɔ̃a gbe la.
18 And if any of the flesh of the sacrifice of his peace offerings is eaten on the third day, it shall not be accepted, nor shall it be imputed to him who offers it. It shall be an abomination, and the soul that eats of it shall bear his iniquity.
Ne woɖu akpedavɔsalã la ƒe ɖe le ŋkeke etɔ̃a gbe la, womaxɔe nɛ o, womabui na ame si sa vɔ la o, elabena eŋuti mekɔ o, eye ame si aɖui la aɖi fɔ.
19 And the flesh that touches any unclean thing shall not be eaten; it shall be burnt with fire. And as for the flesh, every clean man shall eat of it,
“‘Womaɖu lã si ƒe akpa aɖe ka nu makɔmakɔ aɖe ŋu o, ke boŋ woatɔ dzoe, eye ame si ƒe ŋuti kɔ la koe aɖu lã si wòate ŋu aɖu.
20 but the soul that eats of the flesh of the sacrifice of peace offerings, that pertain to Jehovah, having his uncleanness upon him, that soul shall be cut off from his people.
Woaɖe nunɔla si ŋuti mekɔ o, gake wòɖu akpedavɔsanu la le wo tɔwo dome, elabena ena nu si nye Yehowa tɔ la trɔ zu nu makɔmakɔ.
21 And when a soul shall touch any unclean thing, the uncleanness of man, or an unclean beast, or any unclean abomination, and eats of the flesh of the sacrifice of peace offerings, which pertain to Jehovah, that soul shall be cut off from his people.
Woaɖe ame sia ame si aka asi nu makɔmakɔ aɖe ŋu, ne nu makɔmakɔ la tso amegbetɔ alo lã aɖe gbɔ, gake wòaɖu ŋutifafavɔsanu ƒe ɖe la le etɔwo dome, elabena eƒo ɖi nu si nye nu kɔkɔe la.’”
22 And Jehovah spoke to Moses, saying,
Le esia megbe la, Yehowa gblɔ na Mose be,
23 Speak to the sons of Israel, saying, Ye shall eat no fat, of ox, or sheep, or goat.
“De se na Israelviwo be, ‘Miekpɔ mɔ aɖu lã ƒe ami o, eɖanye nyi, alẽ alo gbɔ̃ ƒe ami o.
24 And the fat of that which dies of itself, and the fat of that which is torn of beasts, may be used for any other service, but ye shall certainly not eat of it.
Miate ŋu awɔ lã si lé dɔ heku alo lã si lã wɔadã aɖe wu la ƒe ami ŋu dɔ le mɔ bubuwo nu, gake mimaɖui gbeɖegbeɖe o.
25 For whoever eats the fat of the beast, of which men offer an offering made by fire to Jehovah, even the soul that eats it shall be cut off from his people.
Woaɖe ame sia ame si aɖu lã si wome na Yehowa abe vɔsa ene ƒe ami la le Mawu ƒe ha me.
26 And ye shall eat no manner of blood, whether it be of bird or of beast, in any of your dwellings.
Eye afi sia afi si miele la, mele be miaɖu xevi alo lã aɖeke ƒe ʋu o.
27 Whoever it is who eats any blood, that soul shall be cut off from his people.
Ne ame aɖe ɖu ʋu la, woaɖee ɖa le eƒe amewo dome.’”
28 And Jehovah spoke to Moses, saying,
Yehowa gagblɔ na Mose be,
29 Speak to the sons of Israel, saying, He who offers the sacrifice of his peace offerings to Jehovah shall bring his oblation to Jehovah out of the sacrifice of his peace offerings.
“Gblɔ na Israelviwo be ame si di be yeasa akpedavɔ na Yehowa la ŋutɔ natsɔ nu siwo wòatsɔ asa vɔ lae la vɛ.
30 His own hands shall bring the offerings of Jehovah made by fire. He shall bring the fat with the breast, that the breast may be waved for a wave offering before Jehovah.
Ele be wòatsɔ vɔsalã la ƒe ami kple eƒe akɔ vɛ, eye woanye wo le yame le vɔsamlekpui la gbɔ si fia be wotsɔ wo na Yehowa.
31 And the priest shall burn the fat upon the altar, but the breast shall be Aaron's and his sons'.
Nunɔla la atɔ dzo ami la le vɔsamlekpui la dzi, ke lã la ƒe akɔ anye Aron kple via ŋutsuwo tɔ.
32 And the right thigh ye shall give to the priest for a heave offering out of the sacrifices of your peace offerings.
Mitsɔ miaƒe akpedavɔsalã ƒe ɖusita na nunɔla la.
33 He among the sons of Aaron who offers the blood of the peace offerings, and the fat, shall have the right thigh for a portion.
Aron ƒe viŋutsu si atsɔ akpedavɔsalã la ƒe ʋu kple ami ana la axɔ lã la ƒe ɖusita,
34 For I have taken the wave-breast and the heave-thigh from the sons of Israel out of the sacrifices of their peace offerings, and have given them to Aaron the priest and to his sons as a portion forever from the sons of Israel.
elabena metia lã la ƒe akɔ kple ata be woanye Israelviwo ƒe nunana na Aron. Ele be woatsɔ vɔsalãwo ƒe akpa siawo ana Aron kple via ŋutsuwo ɣe sia ɣi.”
35 This is the anointing-portion of Aaron, and the anointing-portion of his sons, out of the offerings of Jehovah made by fire, in the day when he presented them to minister to Jehovah in the priest's office,
Esiae nye woƒe fetu! Ele be woaɖe wo ɖa tso numevɔsa la gbɔ, eye woatsɔ wo ana ame siwo katã wotia be woasubɔ Yehowa abe nunɔlawo ene. Ame siawoe nye Aron kple via ŋutsuwo,
36 which Jehovah commanded to be given them from the sons of Israel, in the day that he anointed them. It is a portion forever throughout their generations.
elabena le gbe si gbe wosi ami na Aron kple via ŋutsuwo la, Yehowa de se na Israelviwo be woatsɔ vɔsalã ƒe akpa siawo na wo. Wo tɔ wonye tso dzidzime yi dzidzime.
37 This is the law of the burnt offering, of the meal offering, and of the sin offering, and of the trespass offering, and of the consecration, and of the sacrifice of peace offerings,
Esiawoe nye se siwo ku ɖe numevɔsa, nuɖuvɔsa, nu vɔ̃ ŋuti vɔsa kple fɔɖivɔsa kple esiwo ku ɖe ameŋutikɔvɔsa kple akpedavɔsa ŋu.
38 which Jehovah commanded Moses at mount Sinai, in the day that he commanded the sons of Israel to offer their oblations to Jehovah, in the wilderness of Sinai.
Yehowa de se siawo na Mose le Sinai to dzi, be wòana Israelviwo nanya ale si woasa vɔe na Yehowa le Sinai gbedzi.

< Leviticus 7 >