< Højsangen 3 >

1 På mit Leje om Natten søgte Ham, som min Sjæl har kær, jeg søgte, men fandt ham ikke.
Medi ame si nye dzi lɔ̃na la le nye aba dzi zã blibo la katã; medii, gake nyemekpɔe o.
2 "Så står jeg op og går om i Byen, om På dens Gader og Torve og søger ham, som min Sjæl har kær. "Jeg søgte, men fandt ham ikke.
Matso azɔ ayi aɖadii le dua me, le ablɔwo dzi kple kpɔdomewo. Matsa adi ame si nye dzi lɔ̃na la, ale medii ʋuu keke, gake nyemekpɔe o.
3 Vægterne, som færdes i Byen, traf mig: "Så I mon ham, som min Sjæl har kær?"
Esi mele tsatsam le dua me le edim la, medo go zãdzɔlawo, eye mebia wo be, “Miekpɔ ame si nye dzi lɔ̃na la mahã?”
4 Knap var jeg kommet forbi dem, så fandt jeg ham, som min Sjæl har kær; jeg greb ham og slap ham ikke, før jeg fik ham ind i min Moders Hus, i hendes Kammer, som fødte mig.
Nyemekpɔ dze le wo ŋu hafi kpɔ ame si nye dzi lɔ̃na la o. Meku ɖe eŋu goŋgoŋgoŋ be madzo o, va se ɖe esime mekplɔe yi danye ƒe aƒe me, yi ɖe ame si dzim la ƒe xɔ me.
5 Jeg besværger eder, Jerusalems Døtre, ved Gazeller og Markens Hjorte: Gør ikke Kærligheden Uro, væk den ikke, før den ønsker det selv!
Yerusalem nyɔnuviwo, meta sãde kple zinɔ le gbe me na mi be, “Migaʋuʋu lɔlɔ̃ alo anyɔe o, va se ɖe esime eya ŋutɔ nalɔ̃ hafi.”
6 Hvad er det, som kommer fra Ørkenen i Støtter af Røg, omduftet af Myrra og Røgelse, alskens Vellugt?
Ame kae nye esi gbɔna tso gbegbe abe dzudzɔ babla si wotɔtɔ kple lifi kple atike ʋeʋĩ si wowɔ kple nu vovovo siwo woƒle le asitsalawo si la ene?
7 Se, det er Salomos Bærestol, omgivet af tresindstyve Helte, Israels Helte,
Kpɔ ɖa, Solomo ƒe tasiaɖam ye! Kalẽtɔ blaade siwo nye aʋakalẽtɔ akuakuawo tso Israel ƒe aʋakɔwo dome la le eŋu dzɔm.
8 alle med Sværd i Hånd, oplærte til Krig, hver med sit Sværd ved Lænd mod Nattens Rædsler.
Wo katã wota yi ɖe aklito, wobi ɖe aʋawɔwɔ me, woƒe asiwo le woƒe yiwo dzi, eye wole klalo na zãmeŋɔdzi ɖe sia ɖe.
9 Kong Salomo laved sig en Bærekarm af Træ fra Libanon,
Fia Solomo ŋutɔe wɔ tasiaɖam la na eɖokui, ewɔe kple ʋuƒo siwo wotsɔ tso Lebanon.
10 gjorde dens Støtter af Sølv, dens Arme af Guld; i Midten er Ibenholt indlagt, Sædet er Purpur.
Ewɔ eƒe afɔtiwo kple klosalo, eye wòwɔ egɔme kple sika. Wotsɔ agovɔ nyuitɔ wɔ zikpui si le eme, eye wotsɔ Yerusalem nyɔnuviwo ƒe lɔlɔ̃ ɖo atsyɔ̃ na emee.
11 Jerusalems Døtre, gå ud og se på Kong Salomo, på Kronen, hans Moder kroned ham med på hans Brudefærds Dag, hans Hjertens Glædes Dag!
Mi Zion vinyɔnuwo, mido go va kpɔ Fia Solomo si ɖɔ fiakuku, kuku si dadaa ɖɔ nɛ le eƒe srɔ̃ɖegbe, gbe si gbe eƒe dzi kpɔ dzidzɔ vevie la ɖa.

< Højsangen 3 >