< Salme 84 >
1 (Til Sangmesteren. Al-haggittit. Af Koras Sønner. En Salme.) Hvor elskelig er dine boliger, Hærskares Herre!
Korah ƒe viwo ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe gitit ƒe gbeɖiɖi nu. O! Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, wò nɔƒe dzeani loo!
2 Af Længsel efter HERRENs Forgårde vansmægtede min Sjæl, nu jubler mit Hjerte og Kød for den levende Gud!
Yehowa, wò xɔxɔnuwo le nye luʋɔ dzrom kutɔkutɔe. Nye dzi kple ŋutilã le vivi dom ɖe Mawu gbagbe la ŋu.
3 Ja, Spurven fandt sig et Hjem og Svalen en Rede, hvor den har sine Unger - dine Altre, Hærskarers HERRE, min Konge og Gud!
O! Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Fianye kple Mawunye, sagbadre gɔ̃ hã kpɔ nɔƒe, eye atsutsrɔe wɔ atɔ na eɖokui, afi si wòatsɔ viawo ada ɖo, be wòate ɖe wò vɔsamlekpui la ŋu.
4 Salige de, der bor i dit Hus, end skal de love dig. (Sela)
Woayra ame siwo nɔa wò aƒe me la, elabena wole kafuwòm ɖaa. (Sela)
5 Salig den, hvis Styrke er i dig, når hans Hu står til Højtidsrejser!
Woayra ame siwo ƒe ŋusẽ le mewò, ame siwo ƒe dzi ku ɖe xɔsemɔzɔzɔ ŋuti.
6 Når de går gennem Bakadalen, gør de den til Kildevang, og Tidligregnen hyller den i Velsignelser.
Ne woto Baka Balime la, wowɔnɛ wòzua tsidzɔƒewo, eye kelemetsi tsyɔa edzi kple yayra.
7 Fra Kraft til Kraft går de frem, de stedes for Gud på Zion.
Wole azɔli dzi tso ŋusẽ me yi ŋusẽ me va se ɖe esime wo dometɔ ɖe sia ɖe nado ɖe Mawu ŋkume le Zion.
8 Hør min Bøn, o HERRE, Hærskarers Gud, Lyt til, du Jakobs Gud! (Sela)
Yehowa, Mawu Ŋusẽkatãtɔ; O! Yakob ƒe Mawu, ɖo to nye gbedodoɖa. (Sela)
9 Gud, vort Skjold, se til og vend dit Blik til din Salvedes Åsyn!
O! Mawu, nye kɔ nàkpɔ míaƒe akpoxɔnu, eye nakpɔ wò amesiamina la kple amenuveve.
10 Thi bedre een Dag i din Forgård end tusinde ellers, hellere ligge ved min Guds Hus's Tærskel end dvæle i Gudløsheds Telte.
Ŋkeke ɖeka le wò xɔxɔnu nyo wu akpe le afi aɖe; enyo be manye agbonudzɔla le Mawu ƒe aƒe me wu be manɔ ame vɔ̃ɖi ƒe agbadɔ me,
11 Thi Gud HERREN er Sol og Skjold, HERREN giver Nåde og Ære; dem, der vandrer i Uskyld, nægter han intet godt.
elabena Yehowa Mawue nye ɣe kple akpoxɔnu. Yehowae naa amenuveve kple bubu, eye metea nu nyui ame siwo fɔɖiɖi mele woƒe zɔzɔme ŋu o.
12 Hærskarers HERRE, salig er den, der stoler på dig!
O! Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, woayra ŋutsu si ɖoa dzi ɖe ŋuwò la.