< Højsangen 5 >
1 Jeg kommer i min Have, min Søster, min Brud, jeg plukker min Myrra og Balsam, jeg spiser min Honning og Saft, jeg drikker min Vin og Mælk. Venner, spis og drik og berus jer i Kærlighed!
Meva nye abɔ me, nɔvinye nyɔnu, nye ŋugbetɔ; megbe nye lifi kple nu ʋeʋĩwo. Meɖu nye anyito, heno nye anyitsi; meno nye wain kple nye notsi. Miɖu nu, eye miano nu, O xɔlɔ̃wo, miɖu nu miaɖi ƒo, O lɔlɔ̃tɔwo.
2 Jeg sov, men mit Hjerte vaaged; tys, da banked min Ven: »Luk op for mig, o Søster, min Veninde, min Due, min rene, thi mit Hoved er fuldt af Dug, mine Lokker af Nattens Draaber.«
Medɔ alɔ̃, gake nye dzi ya le ŋu. Miɖo to! Nye lɔlɔ̃tɔ le ʋɔ ƒom! “Ʋu ʋɔ nam, nɔvinye nyɔnu, nye dzi lɔlɔ̃a, nye ahɔnɛ kple nye kpɔkpɔmatikɔe. Ahũ ƒo nye ta bekee, eye nye ɖa me yɔ fũu kple zãmu.
3 Jeg har taget min Kjortel af, skal jeg atter tage den paa? Jeg har tvættet mine Fødder, skal jeg atter snavse dem til?
Meɖe nye awuwo ɖi; ɖe magatsɔ wo adoa? Meklɔ nye afɔwo; ɖe magaƒo ɖi woa?
4 Gennem Gluggen rakte min Ven sin Haand, det brusede stærkt i mit Indre.
Nye lɔlɔ̃tɔ do asi ɖe fesre nu, nye dzi tso tititi ɖe eŋu.
5 Jeg stod op og aabned for min Ven; mine Hænder drypped af Myrra, mine Fingre af flydende Myrra, da de rørte ved Laasens Haandtag.
Metso be maʋu ʋɔ na nye lɔlɔ̃tɔ, eye ami ʋeʋĩ le tsyɔtsyɔm le nye asi kple asibidɛwo ŋu, heɖuɖu ɖe gameti la ƒe asiléƒe ŋu.
6 Saa lukked jeg op for min Ven, men min Ven var gaaet sin Vej. Jeg var ude af mig selv ved hans Ord. Jeg søgte, men fandt ham ikke, kaldte, han svared mig ikke.
Meʋu ʋɔ na nye lɔlɔ̃tɔ, gake nye lɔlɔ̃tɔ dzo; megale ʋɔa godo o. Esi wòdzo la, nye dzi ge ɖe dɔ me nam. Metsa dii, gake nyemekpɔe o. Meyɔe, gake metɔ o.
7 Vægterne, som færdes i Byen, traf mig, de slog og saared mig; Murens Vægtere rev Kappen af mig.
Zãɖiala siwo le tsatsam le dua me la do gom. Woƒom, de abi ŋunye; dzɔla siwo le gliwo ŋu dzɔm la hã xɔ awu kpekpe si medo ɖe awu dzi la le asinye!
8 Jeg besværger eder, Jerusalems Døtre: Saafremt I finder min Ven, hvad skal I da sige til ham? At jeg er syg af Kærlighed!
O Yerusalem vinyɔnuwo, meta mi; ne miekpɔ nye lɔlɔ̃tɔ la, nya kae miagblɔ nɛ? Migblɔ nɛ be lɔlɔ̃ de dɔ lãme nam.
9 »Hvad Fortrin har da din Ven, du fagreste blandt Kvinder? Hvad Fortrin har da din Ven, at du besværger os saa?«
Wò, tugbefia, aleke wò lɔlɔ̃tɔ nyo wu lɔlɔ̃tɔ bubuawoe? Nu ka wò lɔlɔ̃tɔ tsɔ ƒo bubuawo tae hafi nèta nu na mí alea?
10 Min Ven er hvid og rød, herlig blandt Titusinder,
Nye lɔlɔ̃tɔ le keklẽm, eye wòbiã, ale wòƒo ame akpe ewo ta.
11 hans Hoved er det fineste Guld, hans Lokker er Ranker, sorte som Ravne,
Eƒe ta nye sika nyuitɔ, eƒe taɖa le mlɔmlɔmlɔ, eye wònyɔ abe akpaviã ƒe fu ene.
12 hans Øjne som Duer ved rindende Bække, badet i Mælk og siddende ved Strømme,
Eƒe ŋkuwo le abe ahɔnɛ siwo le tɔʋuwo to la tɔwo ene, woklɔ wo kple notsi, eye wosɔ ɖe ŋkutome nɛ abe dzonu ene.
13 hans Kinder som Balsambede, Skabe med Vellugt, hans Læber er Liljer, de drypper af flydende Myrra,
Eƒe alɔgowo le abe kutsetse ʋeʋĩ si ɖo ɖe ɖoɖo nu, eye wòle ya ɖem nyuie la ene. Eƒe nuyiwo le abe dzogbenya si le ami ʋeʋĩ tsyɔm la ene.
14 hans Hænder er Stænger af Guld, fyldt med Rubiner, hans Liv en Elfenbensplade, besat med Safirer,
Eƒe abɔwo le abe sikati si ŋuti woɖo sohamkpe ɖo la ene. Eƒe ŋutigbalẽ le abe nyiɖu si ŋuti wotutu wòzrɔ̃ nyuie, eye wotsɔ safir ɖo atsyɔ̃ ɖe eŋu la ene.
15 hans Ben er Søjler af Marmor Paa Sokler af Guld, hans Skikkelse som Libanon, herlig som Cedre,
Eƒe afɔwo le abe kpe xɔasi sɔti si wotsɔ sika nyuitɔ ɖo gɔmeɖokpe na la ene. Eƒe dzedzeme le abe Lebanon ene, eye wòxɔ asi abe eƒe sedatiwo ene.
16 hans Gane er Sødme, han er idel Ynde. Saadan er min elskede, saadan min Ven, Jerusalems Døtre.
Vivi le eƒe nu me gɔ̃ hã, eye eya amea dzeani ŋutɔ. O Yerusalem vinyɔnuwo, esiae nye nye lɔlɔ̃tɔ, esiae nye xɔ̃nye.”