< Job 16 >
1 Saa tog Job til Orde og svarede:
Hiob ɖo eŋu nɛ be,
2 Nok har jeg hørt af sligt, besværlige Trøstere er I til Hobe!
“Mese nya siawo tɔgbi wòsɔ gbɔ, akɔfala gbɔlowo ko mi katã mienye!
3 Faar Mundsvejret aldrig Ende? Hvad ægged dig dog til at svare?
Miaƒe nuƒo legbe, gɔdɔ̃gɔdɔ̃awo mawu nu akpɔ oa? Nu kae le mia vem be miegale nyahehe dzi kokoko?
4 Ogsaa jeg kunde tale som I, hvis I kun var i mit Sted, føje mine Ord imod jer og ryste paa Hovedet ad jer,
Nenye miawoe le tenyeƒe la, nye hã maƒo nu abe miawo ke ene, agblɔ nyatinyatiwo ɖe mia ŋu eye maʋuʋu ta ɖe mia ŋu.
5 styrke jer med min Mund, ej spare paa ynksomme Ord!
Maƒo nu ade dzi ƒo na mi eye akɔfanya siwo ado tso nunye la ana miaƒe dzi adze eme.
6 Taler jeg, mildnes min Smerte ikke og om jeg tier, hvad Lindring faar jeg?
“Gake ne meƒo nu la, nye vevesesewo dzi maka ɖe kpɔtɔ o eye ne medzudzɔ hã la, veveseseawo medzona o.
7 Dog nu har han udtømt min Kraft, du har ødelagt hele min Kreds;
O Mawu, vavãe èna mevɔ le eme keŋkeŋ eye nètsrɔ̃ nye aƒekɔ la katã.
8 at du greb mig, gælder som Vidnesbyrd mod mig, min Magerhed vidner imod mig.
Èna meɖi ku, vɔ keŋ eye wòzu ɖaseɖiɖi, nye kuɖiɖi tsi tsitre hezu ɖasefo ɖe ŋunye.
9 Hans Vrede river og slider i mig, han skærer Tænder imod mig. Fjenderne hvæsser Blikket imod mig,
Yehowa ƒom, hevuvum le eƒe dziku me eye wòɖu aɖukli ɖe ŋunye, nye ketɔ fɔ ŋku ɖaɖɛwo ɖe dzinye.
10 de opspiler Gabet imod mig, slaar mig med Haan paa Kind og flokkes til Hobe omkring mig;
Amewo ke woƒe nuwo baa hedo ɣli ɖe tanye. Woƒo tome nam fewuɖutɔe eye wowɔ ɖeka ɖe ŋunye.
11 Gud gav mig hen i Niddingers Vold, i gudløses Hænder kasted han mig.
Mawu dem asi na ame vɔ̃ɖiwo eye wòkɔm ƒu gbe ɖe ŋutasẽlawo ƒe fego me.
12 Jeg leved i Fred, saa knuste han mig, han greb mig i Nakken og sønderslog mig; han stilled mig op som Skive,
Nuwo nɔ edzi dzem nam nyuie gake ekakam. Elé kɔʋume nam hegbãm gudugudugudu. Etsɔm wɔ ade si minyam wòle,
13 hans Pile flyver omkring mig, han borer i Nyrerne uden Skaansel, udgyder min Galde paa Jorden;
eƒe aŋutrɔdalawo ɖe to ɖem. Eŋɔ nye ayikuwo nublanuimakpɔmakpɔtɔe eye wòna nye vevego gbã hekɔ ɖe anyigba.
14 Revne paa Revne slaar han mig, stormer som Kriger imod mig.
Eva ƒo ɖe dzinye enuenu eye wòlũ ɖe dzinye abe kalẽtɔ ene.
15 Over min Hud har jeg syet Sæk og boret mit Horn i Støvet;
“Metɔ akpanya hetsyɔ na nye ŋutilã eye metsɔ nye mo de ke me.
16 mit Ansigt er rødt af Graad, mine Øjenlaag hyllet i Mørke,
Avifafa na nye mo biã dzẽe, vɔvɔli ƒo xlã nye ŋkuwo,
17 skønt der ikke er Vold i min Haand, og skønt min Bøn er ren!
evɔ nye asiwo mewɔ nu tovo aɖeke o eye nye gbedodoɖa hã dza hafi.
18 Dølg ikke, Jord, mit Blod, mit Skrig komme ikke til Hvile!
“O, anyigba, mègatsyɔ nye ʋu dzi o eye ɖoɖoe megazi le nye ɣlidodo nu o!
19 Alt nu er mit Vidne i Himlen, min Talsmand er i det høje;
Azɔ gɔ̃ hã la, nye ɖasefo le dziƒo eye nye nyaxɔɖeakɔla le afi ma.
20 gid min Ven lod sig finde! Mit Øje vender sig med Taarer til Gud,
Tanyeʋlila nye xɔ̃nye, esi nye ŋkuwo le aɖatsi ɖuɖum na Mawu.
21 at han skifter Ret mellem Manden og Gud, mellem Mennesket og hans Ven!
Eɖea kuku na Mawu ɖe ame ta abe ale si ame ɖea kuku ɖe xɔlɔ̃a tae ene.
22 Thi talte er de kommende Aar, jeg skal ud paa en Færd, jeg ej vender hjem fra.
“Ƒe ʋɛ aɖewo koe ava yi hafi madze mɔ ayi demagbɔnugbe.