< 2 Samuel 10 >
1 Nogen Tid efter døde Ammoniternes Konge, og hans Søn Hanun blev Konge i hans Sted.
Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Amonitɔwo ƒe fia ku eye via Hanun ɖu fia ɖe eteƒe.
2 Da tænkte David: »Jeg vil vise Hanun, Nahasj's Søn, Venlighed, ligesom hans Fader viste mig Venlighed.« Og David sendte Folk for at vise ham Deltagelse i Anledning af hans Faders Død. Men da Davids Mænd kom til Ammoniternes Land,
David gblɔ be, “Manyo dɔ me na Hanun, Nahas ƒe vi abe ale si fofoa nyo dɔ me nam ene.” Ale David dɔ amewo be woado babaa na Hanun le fofoa ƒe ku ta. Esi David ƒe amewo va ɖo Amonitɔwo ƒe anyigba dzi la,
3 sagde Ammoniternes Høvdinger til deres Herre Hanun: »Tror du virkelig, det er for at hædre din Fader, at David sender Bud og viser dig Deltagelse? Mon ikke det er for at udforske og udspejde Byen og ødelægge den, at David sender sine Folk til dig?«
Amonitɔwo ƒe amegãwo gblɔ na woƒe kplɔla Hanun be, “Ɖe nèbu be David le bubu dem ye fofo ŋu to ame siawo dɔdɔ ɖe gbɔwò be woado babaa na wò mea? Menye ɖe David dɔ ame siawo be woava tsa ŋku le anyigba la dzi eye yewoaho aʋa ɖe eŋu oa?”
4 Da tog Hanun Davids Folk og lod det halve af deres Skæg afrage og Halvdelen af deres Klæder skære af til Sædet, og derpaa lod han dem gaa.
Ale Hanun lé David ƒe amewo, ƒlɔ ge afãafã na wo eye wòlã woƒe awuwo ɖe woƒe gɔnu. Ale Hanun do mɔ ameawo.
5 Da David fik Efterretning herom, sendte han dem et Bud i Møde, thi Mændene var blevet grovelig forhaanet; og Kongen lod sige: »Bliv i Jeriko, til eders Skæg er vokset ud!«
Esi David se nya sia la, edɔ amewo woɖakpe ŋutsuawo kple gbedeasi be woatsi Yeriko va se ɖe esime woƒe ge nato elabena wodo ŋukpe wo ŋutɔ.
6 Men da Ammoniterne saa, at de havde lagt sig for Had hos David, sendte de Bud og lejede Aramæerne fra Bet-Rehob og Zoba, 20 000 Mand Fodfolk, Kongen af Ma'aka med 1000 Mand og Folkene fra Tob, 12 000 Mand.
Esi Amonitɔwo kpɔ be yewozu David ƒe ketɔwo la, wobia aʋawɔla akpe blaeve Aramtɔwo tso Bet Rehobnyigba kple Zobahnyigba dzi kpe ɖe ame akpe ɖeka tso Maaka fia gbɔ kple ame akpe wuieve tso Tobnyigba dzi.
7 Da David hørte det, sendte han Joab af Sted med hele Hæren og Kærnetropperne.
Esi David se nya sia la, eɖo Yoab kple aʋakɔ blibo la ɖa.
8 Ammoniterne rykkede saa ud og stillede sig op til Kamp lige uden for Porten, medens Aramæerne fra Zoba og Rehob og Mændene fra Tob og Ma'aka stod for sig selv paa aaben Mark.
Amonitɔwo va nɔ woƒe dua ƒe agbo nu hena aʋawɔwɔ le esime Aramtɔwo tso Zoba kple Rehob kple ame siwo tso Tob kple Maaka nɔ wo ɖokui si le gbedzi.
9 Da Joab saa, at Angreb truede ham baade forfra og bagfra, gjorde han et Udvalg blandt alt Israels udsøgte Mandskab og tog Stilling over for Aramæerne,
Yoab kpɔ be wodze aʋa ɖe ye ŋgɔ kple ye megbe siaa, eya ta etia Israel ƒe asrafo siwo bi ɖe aʋawɔwɔ me, eye wòna woɖakpe aʋa kple Aramtɔwo.
10 medens han overlod Resten af Mandskabet til sin Broder Abisjaj, som tog Stilling over for Ammoniterne.
Ena akpa evelia si nɔ nɔvia Abisai ƒe kpɔkplɔ te la kpe aʋa kple Amonitɔwo.
11 Og han sagde: »Hvis Aramæerne bliver mig for stærke, skal du ile mig til Hjælp; men bliver Ammoniterne dig for stærke, skal jeg komme og hjælpe dig.
Yoab gblɔ na nɔvia be, “Ne Aramtɔwo sẽ nam akpa la, nàva kpe ɖe ŋunye, ke ne Amonitɔwo sẽ na wò akpa la, mava kpe ɖe ŋuwò.
12 Tag Mod til dig og lad os tappert værge vort Folk og vor Guds Byer — saa faar HERREN gøre, hvad ham tykkes godt!«
Lé dzi ɖe ƒo, eye na míawɔ aʋa la kalẽtɔe na míaƒe dukɔ kple míaƒe Mawu la ƒe duwo. Yehowa awɔ nu si nyo le eŋkume.”
13 Derpaa rykkede Joab frem med sine Folk til Kamp mod Aramæerne, og de flygtede for ham.
Ale Yoab kple eƒe aʋakɔwo lũ ɖe Aramtɔwo dzi be woakpe aʋa kpli wo eye Aramtɔwo si le wo nu.
14 Og da Ammoniterne saa, at Aramæerne tog Flugten, flygtede de for Abisjaj og trak sig ind i Byen. Derpaa vendte Joab tilbage fra Kampen med Ammoniterne og kom til Jerusalem.
Esi Amonitɔwo kpɔ be Aramtɔwo nɔ sisim la, woawo hã lé du tsɔ le Abisai ŋgɔ eye woɖage ɖe du la me eya ta Yoab trɔ dzo yi Yerusalem.
15 Men da Aramæerne saa, at de var slaaet af Israel, samlede de sig,
Esime Aramtɔwo kpɔ be Israelviwo ɖu yewo dzi la, wogbugbɔ ƒo ƒu wo ɖokuiwo.
16 og Hadad'ezer sendte Bud og lod Aramæerne hinsides Floden rykke ud, og de kom til Helam med Sjobak, Hadad'ezers Hærfører, i Spidsen.
Hadadezer na Aramtɔwo tso tɔsisi la godo yi Helam eye wonɔ Sobak, Hadadezer ƒe aʋafia ƒe kpɔkplɔ te.
17 Da David fik Efterretning herom, samlede han hele Israel, satte over Jordan og kom til Helam, hvor Aramæerne stillede sig op til Kamp mod David og angreb ham.
Esi wogblɔ nya sia na David la, eya ŋutɔ kplɔ Israel ƒe aʋakɔ la yi Helam. Aramtɔwo ho aʋa ɖe David ŋu eye wowɔ aʋa kplii.
18 Men Aramæerne flygtede for Israel, og David nedhuggede 700 Stridsheste og 40 000 Mand af Aram; ogsaa deres Hærfører Sjobak slog han ihjel der.
Ke Aramtɔwo gasi le Israelviwo nu. David wu Aramtɔwo ƒe sɔdola alafa adre kple afɔzɔla akpe blaene. Ede abi woƒe aʋafia, Sobak hã ŋu wòku le afi ma.
19 Da alle Hadad'ezers Lydkonger saa, at de var slaaet af Israel, sluttede de Fred med Israel og underkastede sig. Og Aramæerne vovede ikke at hjælpe Ammoniterne mere.
Esi Hadadezer ƒe kpeɖeŋutɔwo kpɔ be woɖu Aramtɔwo dzi la wona ta eye wozu David tenɔlawo. Tso ɣe ma ɣi la, Aramtɔwo vɔ̃na be yewoagakpe ɖe Amonitɔwo ŋu.